Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòle Be Nàyi Teƒe Tɔxɛ Aɖe Hafi Ado Gbe Ða Na Mawua?
AME geɖe yia tadeaguƒe ƒomevi vovovowo edziedzi ɖadoa gbe ɖa na Mawu. Tadeagula aɖewo zɔa mɔ legbeewo yia teƒe siawo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me be ele be nàyi gbedoxɔ, vɔsaxɔ alo sɔlemexɔ me hafi ado gbe ɖa na Mawua? Alo èkpɔe be yeate ŋu ado gbe ɖa nɛ le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me alo le teƒe ɖe sia ɖea? Nu kae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu?
Esi Mawu wɔ amegbetɔwo teti la, xɔ aɖeke menɔ anyi si nye tadeaguƒe o. Abɔ nyui aɖe mee mía dzila gbãtɔwo nɔ. (1 Mose 2:8) Le abɔa me la, kadodo nɔ wo kple wo Wɔla, Yehowa Mawu, dome. Emegbe esi ameƒomea nɔ dzidzim ɖe edzi la, ame dzɔdzɔewo abe Noa ene “zɔ kple Mawu” togbɔ be tadeaguƒe aɖeke menɔ anyi o hã. (1 Mose 6:9) Wodo vevie gbedodoɖa, wolɔ̃ Yehowa, eye eya hã kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.
Mawu Menɔa Xɔ Siwo Wowɔ Kple Asi Me O
Nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la nyae be anyigba kple xexe gbahoo la Wɔla la menɔa xɔ siwo wotsɔ asi wɔ la me o. Nunyala Fia Salomo bia be: “Nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia?” Eyome egblɔe wòsɔ nyuie be: “Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o.” (2 Kronika 6:18) Ele eme be avɔgbadɔ nɔ blema Israel hafi emegbe wova tu gbedoxɔ, afi si woƒoa ƒu ɖo ƒe sia ƒe hena ŋkekenyuiwo ɖuɖu le Mawu ƒe Sea nu ya. (2 Mose 23:14-17) Gake wotea ŋu doa gbe ɖa na Mawu le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me hã—eɖanye ne wole alẽ kplɔm alo wole agble me, ne woƒo ƒu abe ƒome ene, alo wole wo ɖokuiwo si.—Psalmo 65:3; Mateo 6:6.
Nenema kee míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu le afi sia afi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me. Míaƒe kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, yia afi si ɖoɖoezizi le si amewo mele o ɖadoa gbe ɖa zi geɖe. (Marko 1:35) Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka “eyi to la dzi be yeado gbe ɖa, eye wòdo gbe ɖa na Mawu zã blibo la katã.”—Luka 6:12.
Esi wònye be Yesu nye Yudatɔ ta la, eya hã yia ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Yerusalem gbedoxɔa me, abe ale si Sea bia ene. (Yohanes 2:13, 14) Ke hã, egblɔe ɖi be ɣeyiɣi li gbɔna si gbedoxɔa maganye teƒe vevitɔ si tadeagula vavãwo asubɔ Mawu le o. Esi Yesu nɔ nu ƒom na Samaria nyɔnu aɖe le to aɖe gbɔ le Samaria, afi si nutoa me tɔwo ƒe gbedoxɔ aɖe nɔ la, egblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esime menye to sia dzi alo Yerusalem ye miade ta agu na Fofo la le o.” Eye wògblɔ kpee be nyateƒetadeagulawo ‘ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’—Yohanes 4:21, 23.
Ɛ̃, Yesu mehe susu yi xɔ siwo wotsɔ kpe kple anyi tu la dzi o, ke boŋ tadedeagu vavãtɔ, si tso ame ƒe dzi me, dzie wòhe susu yi. Gake ɖe esia fia be Yesu yomedzelawo, siwo wova yɔ emegbe be Kristotɔwo la, mawɔ tadeaguƒe aɖeke ŋu dɔ le Mawu subɔsubɔ me oa? (Dɔwɔwɔwo 11:26) Ao, le susu nyui aɖewo ta.
Mawu Ƒe Amewo Le Abe Ƒome Ene
Mawu subɔla vavãwo le abe ƒome ɖeka me tɔwo ene. (Luka 8:21) Le ƒome si me kadodo nyui le me la, ƒomea me tɔwo wɔa nu geɖe ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, woɖua nu ɖekae, eye esia nana ƒomekadodoa me sẽna. Aleae wòle le tadeagula vavãwo hã gome. Kristotɔwo ƒe kpekpewo le abe kplɔ̃ɖoɖo ene le gɔmesesea nu be, wotsɔa Mawu ƒe Nyaa nyia woe, si wɔnɛ be kadodo nyui nɔa haxɔsetɔwo dome. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.”—Hebritɔwo 10:24, 25.
Eya ta, nyateƒetadeagulawo nyae be hamea wɔa akpa vevi aɖe, elabena ewɔnɛ be hamea me tɔ ɖe sia ɖe ɖea nɔnɔme nyui siwo mate ŋu aɖe afia ne ɖe wòɖe eɖokui ɖe aga o la fiana. Nɔnɔme siawo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, tsɔtsɔke, dɔmenyowɔwɔ, tufafa kple ŋutifafa.—2 Korintotɔwo 2:7; Galatiatɔwo 5:19-23.
Afi kae Kristotɔ gbãtɔwo kpea ta le hena tadedeagu kple hadede kple wo nɔewo? Wokpea ta le haxɔsetɔwo ƒe aƒewo me zi geɖe. (Romatɔwo 16:5; Kolosetɔwo 4:15) Le kpɔɖeŋu me, esime apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati Kristotɔ aɖe la, egblɔ hã be agbalẽa me nyawo yi na “hame si le aƒewò me.”—Filemon 1, 2.
Nenema kee egbea, Mawu ƒe amewo mehiã na gbedoxɔ gã si woɖo atsyɔ̃ kpeɖii na o, ke boŋ afi si vavalawo aɖe dzi ɖi le, eye ame sia ame akpɔ teƒe anɔ la koe hiã. Teƒe siawo tɔgbi le Yehowa Ðasefowo si, eye woyɔa wo be Fiaɖuƒe Akpatawo. Ðewohĩ Fiaɖuƒe Akpata le nuto si me nèle la gɔ̃ hã. Xɔ siawo sɔ na taɖodzinu si ta wotu wo ɖo. Kpekpe siwo yia edzi le afi ma la menyea wɔna kpeɖiwo o—hadzidzi, gbedodoɖa kple Biblia me dzodzro nyea wɔnaa ƒe akpa aɖe.
Ɣeyiɣi siwo me Yehowa Ðasefowo tena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli le wo ɖokuiwo si la nɔa vevie na wo. Eya ta, wo dome ame ɖekaɖekawo kpakple ƒomewo hã doa gbe ɖa gbe sia gbe. Yakobo 4:8 gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—g12-E 08.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Ðe Mawu nɔa gbedoxɔ siwo wowɔ kple asi mea?—2 Kronika 6:18.
● Afi kae Yesu yi ɖado gbe ɖa le zã bliboa?—Luka 6:12.
● Nu ka tae nyateƒetadeagulawo kpea ta ɖo?—Hebritɔwo 10:24, 25.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
Ðe teƒe aɖewo koŋ yiyi ana Mawu nase wò gbedodoɖawo wua?