Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòhiã Be Nànɔ Subɔsubɔha Aɖe Mea?
NE ÈBUA subɔsubɔha me nɔnɔ be mehiã o alo woƒe nuwɔnawo na dzi ɖe le ƒowò la, ke menye wò ɖekae o. Le nyateƒe me la, ame siwo tiae be yewomanɔ subɔsubɔha aɖeke me o la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba.
Ame aɖewo gbe nu le subɔsubɔhawo gbɔ le esi wosusui be ha mawo doa alakpanuwɔwɔ kple nugɔmemasemase na ame nɔewo ɖe ŋgɔ ta. Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be subɔsubɔha me nɔnɔ abia nu geɖe akpa tso yewo si. Eye ame bubuwo hã susui be mehiã be ame nanɔ subɔsubɔha aɖe me kokoko hafi ate ŋu asubɔ Mawu o. Nu ka tututue nye Biblia ƒe nufiafia ku ɖe subɔsubɔha me nɔnɔ ŋu?
Ame Siwo Nye Mawu Xɔlɔ̃wo Le Blema
Biblia na míenya ale si blemafofowo abe Abraham, Isak kple Yakob ene de ta agu na Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ ɣeaɖeɣi be: “[Metia Abraham] bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui.” (1 Mose 18:19) Abraham nye Mawu xɔlɔ̃, eya ta ƒomedodo kplikplikpli nɔ eya kple Wɔla la dome. Ke hã, egawɔa ɖeka kple eƒemetɔwo wodea ta agu na Mawu ɖekae. Nenema kee blemafofo bubu siwo hã nye Mawu xɔlɔ̃wo la dea ta agu le ha me, eye zi geɖe la ƒometɔ kplikplikpliwo kple ƒome abɔlegbea kpakple woƒe subɔviwo hã kpɔa gome le eme.
Emegbe Mawu bia tso blema Israel viwo si be woanɔ ƒu ƒom hena tadedeagu, eye wòbia nu sia ke tso Kristotɔ gbãtɔwo hã si emegbe. (3 Mose 23:1, 4; Hebritɔwo 10:24, 25) Nu siwo yia edzi ne wokpe ta hena tadedeagu la dometɔ aɖewoe nye hadzidzi, Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple gbedodoɖa. (Nexemiya 8:1-8; Kolosetɔwo 3:16) Ŋɔŋlɔawo gblɔ hã be ele be ŋutsu siwo dze la naxɔ ŋgɔ na hamea le tadedeagu me.—1 Timoteo 3:1-10.
Ale Si Tadedeagu Le Ha Me Ðea Vii
Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be esɔ be míaƒo nya ta be egbea hã, Mawu di tso ame siwo nye exɔlɔ̃wo si be woade ta agu na ye le ƒuƒoƒo me. Eye ne míede ta agu na Mawu le ƒuƒoƒo me la, viɖewo dona tsoa eme.
Le kpɔɖeŋu me, Ŋɔŋlɔawo tsɔ ame si dea ta agu le anukware me la sɔ kple ame si le mɔ xaxɛ dzi zɔm; eye le go bubu me la, etsɔe sɔ kple ame si le duɖime kem. (Mateo 7:14; 1 Korintotɔwo 9:24-27) Ne ame aɖe le du legbee ƒum le mɔ si dzi toto sesẽ la, ɖeɖi ate eŋu bɔbɔe, eye wòana ta. Ke hã, ne ame bubuwo le dzi dem ƒo nɛ la, ate ŋu aƒu du wu ale si eya ŋutɔ susui. Nenema kee ame si doa vevie mawusubɔsubɔ la ate ŋu ayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu le xaxaɣiwo gɔ̃ hã nenye be hatitadeagula bubuwo le dzi dem ƒo nɛ.
Esia na nya si Biblia gblɔ le Hebritɔwo 10:24, 25 la me kɔ. Afi ma gblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi . . . o.” Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be mawusubɔla vavãwo awɔ nu ɖekae abe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ene le tadedeagu me, abe ale si ŋutinuwo ƒo ƒu wɔ ŋutilã ɖeka la ene.
Biblia gblɔ tso ŋutilã, alo hame, ma ŋu be ewɔ ɖeka le lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe nublanu me. Le kpɔɖeŋu me, Efesotɔwo 4:2, 3 xlɔ̃ nu tadeagula vavãwo be woawɔ nu ‘le tamebɔbɔɖeanyi kple tufafa blibo me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye woado dzi anɔ anyi kple wo nɔewo le lɔlɔ̃ me, eye woadze agbagba vevie awɔ ɖeka le gbɔgbɔ la me le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ Ke ɖe nàte ŋu awɔ mɔfiame sia dzi nenye be èɖe ɖokuiwò ɖe aga tso tadeagula bubuwo gbɔ hele Mawu subɔm le ɖokuiwò sia?
Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be tadeagula vavãwo nade ha kple wo nɔewo kplikplikpli le xɔse ɖeka me, ke menye be woanye haxɔsetɔ siwo dome kadodo gobii aɖeke mele o. Biblia xlɔ̃ nu mawusubɔlawo be woƒe nu nasɔ, mama naganɔ wo dome o, eye woawɔ “ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.” (1 Korintotɔwo 1:10) Ne Mawu ƒe didie wònye be ame ɖekaɖekawo nasubɔ ye le wo ɖokuiwo si la, ke gɔmesese manɔ nya mawo ŋu o.
Eme kɔ ƒãa be, Biblia ɖo kpe edzi be tadedeagu na Mawu ɖe ɖoɖo aɖe nu, le ha me, ye dzea eŋu. Eye subɔsubɔ si ƒomevi ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe, si me wosubɔa Mawu ɖe eƒe didi nu le la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ dzidzedzetɔe.—Mateo 5:3.
Ele eme be egbea, subɔsubɔha geɖewo wɔa alakpanu kple nu tovo manyagblɔwo ya. Gake esia mefia be nàƒo asa na subɔsubɔhawo katã o. Ele be subɔsubɔha aɖe nanɔ anyigba dzi si awɔ nu ɖe ɖoɖo nu ahaɖe lɔlɔ̃ afia amewo katã, eye wòawɔ ɖoɖo ɖe nufiafia amewo tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu. Subɔsubɔha sia tɔgbi me nɔnɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu xɔse akuakua ɖo. Mɔfiamewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi subɔsubɔha si dzea Mawu ŋu.—g12-E 09.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Ðe tadedeagu le ha me ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia mea?—3 Mose 23:2, 4.
● Ne míesubɔ Mawu le ha me la, viɖe gã kae dona tsoa eme?—Hebritɔwo 10:24, 25.
● Ðekawɔwɔ ƒe nublanu kae nana amewo wɔa ɖeka le subɔsubɔha me?—Efesotɔwo 4:2, 3.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
Ðe wòle be nàƒo asa na subɔsubɔhawo katã?