INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/13 axa 4-5
  • Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe
  • Nyɔ!—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gblẽa?
  • Ðe wònye nu gbegblẽ be ame siwo meɖe wo nɔewo o la nanɔ teƒeteƒewo lém na wo nɔewoa?
  • Aleke míawɔ aƒo asa na gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo wɔwɔ?
  • Ðe Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Na Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Sɔa?
    Nyɔ!—2007
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • “Misi Le Gbɔdɔdɔ Manɔsenu Nu!”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Nukae Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Nɔnɔme Dzi?
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 9/13 axa 4-5

BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe

Ðe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gblẽa?

“Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu:  . . . be miatsri [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ.”​—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Le dukɔ aɖewo me la, wobunɛ be nenye be ŋutsu kple nyɔnu siwo meɖe wo nɔewo o la nya lɔ̃ ɖe edzi na wo nɔewo ko la, woate ŋu adɔ kple wo nɔewo faa. Le teƒe aɖewo hã la, wobunɛ be naneke megblẽ le sɔhɛ siwo meɖe wo nɔewo o la ƒe teƒeteƒewo léle na wo nɔewo ŋu o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia zãa nya gbɔdɔdɔ ƒe “agbe gbegblẽ nɔnɔ” na ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔnuwɔnawo me. Mawu di tso esubɔlawo si be woatsri “agbe gbegblẽ nɔnɔ.” (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Woyɔ nuwɔna sia kpe ɖe nu vɔ̃ gãwo abe ahasiwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, ahamumu, trɔ̃subɔsubɔ, amewuwu kple fififi ene ŋu.​—1 Korintotɔwo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Elabe Biblia xlɔ̃ nu mí be “Mawu adrɔ̃ ʋɔnu [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔlawo kple ahasiwɔlawo.” (Hebritɔwo 13:4) Vevietɔ wu la, ne míewɔna ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu dzi la, ke míele eɖem fia be míelɔ̃ Yehowa Mawu. (1 Yohanes 5:3) Eyraa ame siwo wɔna ɖe eƒe sewo dzi.​—Yesaya 48:18.

Ðe wònye nu gbegblẽ be ame siwo meɖe wo nɔewo o la nanɔ teƒeteƒewo lém na wo nɔewoa?

“Migana woayɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o.”​—Efesotɔwo 5:3.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be ne ame siwo meɖe wo nɔewo o menya dɔ wo nɔewo gbɔ ŋutɔŋutɔ o ko la, naneke megblẽ le eŋu be woanɔ teƒeteƒewo lém na wo nɔewo o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Esi Biblia nɔ nu ƒom tso gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu la, eyɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ kple “makɔmakɔnyenye” kple “ŋukpenanuwɔwɔ” siaa. (2 Korintotɔwo 12:21) Edze kɔtɛe be gbɔdɔdɔnuwɔna geɖewoe li, eye ne ame siwo meɖe wo nɔewo o kpɔ gome le wo me la, medzea Mawu ŋu o, ne womedɔ wo nɔewo gbɔ ŋutɔŋutɔ o gɔ̃ hã.

Nya si koŋ Biblia gblɔ le gbɔdɔdɔ ŋue nye be srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ akpɔ gome le gbɔdɔdɔnuwɔnawo me. Biblia ƒo nu tsi tre ɖe “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe ŋubiabiã” hã ŋu. (1 Tesalonikatɔwo 4:5) Nu kae nya sia fia? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ŋutsu alo nyɔnu aɖe ɖoe kplikpaa be ye kple yeƒe ahiãvi yewomadɔ kple yewo nɔewo o. Gake woléa teƒeteƒewo na wo nɔewo. Ne wole esia wɔm la, ke wole ŋu biãm alo wona nane si menye wo tɔ o la le wo dzrom vevie. Eya ta woɖi “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe ŋubiabiã” ƒe fɔ. Biblia ƒo nu tsi tre ɖe gbɔdɔdɔ ƒe ŋubiabiã ŋu.​—Efesotɔwo 5:3-5.

Aleke míawɔ aƒo asa na gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo wɔwɔ?

“Misi le [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.”​—1 Korintotɔwo 6:18.

NU KA TA WÒLE BE NÀTSƆ ÐE LE NYA SIA ME?

Le Biblia ƒe nya nu la, ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la mate ŋu anye Mawu xɔlɔ̃wo o.​—Kolosetɔwo 3:5, 6.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia xlɔ̃ nu ame siwo wɔa nu siawo la be “misi le [gbɔdɔdɔ ƒe] agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.” (1 Korintotɔwo 6:18) Esia fia be ele be ame naɖe eɖokui ɖe aga tso nu sia nu si akplɔe ade gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo me la gbɔ. (Lododowo 22:3) Le kpɔɖeŋu me, ne míeɖoe be míanɔ agbe dzadzɛ la ele vevie be míatsri hadede kple ame siwo tua afɔkpo Mawu ƒe dzidzenu siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”​—Lododowo 13:20.

Ne míebua gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu la, esia ate ŋu akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me. (Romatɔwo 8:5, 6) Eya ta nunya anɔ eme be míaƒo asa na haƒoƒo, video, agbalẽ kple nu bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ŋu alo esiwo doa gbɔdɔdɔnuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o ɖe ŋgɔ.​—Psalmo 101:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe