INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/14 axa 7
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afrika-dukɔ Siwo Le Sahara Ƒe Anyiehe
  • Italy
  • Japan
  • Brazil
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—2000
  • AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!
    Nyɔ!—2001
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
    Nyɔ!—2013
  • Agbalẽ si Xexlẽ Medoa Dzidzɔ na Sɔhɛ Akpa Gãtɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 1/14 axa 7

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Afrika-dukɔ Siwo Le Sahara Ƒe Anyiehe

Vidada aɖe si le Afrika-dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe kple eƒe vidzĩ

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha gblɔ tso Afrika-dukɔ siwo le Sahara ƒe anyiehe ŋu be: “Devi siwo mekpɔ xɔ ƒe 5 haɖe o la dometɔ 38 le alafa me si koe dzigbegbalẽ le.” Elke Wisch, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ƒe dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be ke hã le nuto mawo ƒe akpa aɖewo la, ehiã be “dzigbegbalẽ nanɔ ɖeviwo si hafi woalɔ̃ akpɔ wo gbɔ le kɔdzi, hafi woaɖe mɔ woade suku, eye nenema kee wòle le tsyɔ̃eviwo gome hafi woate ŋu anyi wo dzilawo ƒe nuwo dome.”

Italy

Italy Sɔhɛvi aɖe si woɖi gbɔ le Internet dzi

Le numekuku aɖe si wowɔ me la, nu si Italytɔ sɔhɛ geɖe vɔ̃na wue nye Internet dzi gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ ɖe wo ŋu. Sɔhɛ siwo xɔ ƒe 12 va ɖo ƒe 17 dometɔ 72 le alafa me gblɔ be yewovɔ̃na nɛ ŋutɔ. Esia sɔ gbɔ sãsãsã wu wo dometɔ siwo gblɔ be yewovɔ̃na na atike vɔ̃ɖiwo nono, siwo nye sɔhɛ 55 le alafa me, wo dometɔ siwo vɔ̃na na ame tsitsiwo ƒe amegbɔdɔdɔ sesẽe la le ame 44 le alafa me, eye wo dometɔ siwo vɔ̃na na nulɔdɔxɔxɔ la le ame 24 le alafa me.

Japan

Japan ŋutsu

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The Japan Times) ka nya ta be Japan sɔhɛ siwo megadina be woado yewo ɖe ŋgɔ le dɔ me o la le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ. Wo dometɔ 40 le alafa me gblɔ be agbe nyui manɔmanɔ alo anukwaremaɖimaɖi si xɔ aƒe ɖe dɔwɔƒewo lae na be yewomedi ɖoƒe siawo o. Dɔwɔla geɖe metea ŋu gblɔa woƒe susu alo woƒe seselelãmewo na woƒe dɔtɔwo o. Ame tsitsiwo ya léna ɖe woƒe dɔtɔwo ŋu, gake sɔhɛ 60 le alafa me ya nɔa dɔ me kple susu be ne yewova kpɔ dɔ aɖe si nyo wu ko la, yewoaɖe asi le esi wɔm yewolea ŋu.

Brazil

A handgun

Tso ƒe 1980 va se ɖe ƒe 2010 me la, wowu ame siwo ade 800,000 kloe kple tu le Brazil. Ame siwo wowu la dometɔ 450,000 kple edzivɔ xɔ tso ƒe 15 va ɖo ƒe 29. Numekuku tso nu vlo siwo wowɔ nyitsɔ laa ŋu ɖee fia be zi geɖe la dzrehehe le ƒomea me, dzrewɔwɔ kple aƒelikawo, ŋuʋãʋa kpakple ʋukulawo ƒe nyaʋiʋli kple wo nɔewo gbɔe ame siawo ƒe ku tso.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe