INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 10-11
  • Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Nuxaxa Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
  • Ne Viwò Di Be Yeawu Eɖokui
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Dzilawo​—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Be Woali Ke Le Xɔse Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 10-11
Vifofo si le dze ɖom kple via ŋutsuvi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ne Viwò Bia Nya Wò Tso Ku Ŋu

KUXIA

Viwò si xɔ ƒe ade bia wò be: “Ta, wò hã ègbɔna kuku gea?” Nyabiasea wɔ nuku na wò eye nèbia ɖokuiwò be: ‘Ðe vinyea tsi ase nya sia gɔmea? Aleke maɖe nu me nɛ tso ku ŋu?’

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ðeviwo bua tame tso ku ŋu. Ne wole fefem la, wo dometɔ aɖewo wɔa aye be yewoku gɔ̃ hã. Eya ta mele be nàƒo asa na nuƒoƒo tso ku ŋu na viwòa o, eye ne ebia nya aɖe wò tso ku ŋu la, lɔ̃ faa nàɖe eme nɛ. Ne èƒoa nu tso ku ŋu na viwòa ɣeaɖewoɣi la, awɔe be mavɔ̃ agbɔ eme ne miaƒe ame vevi aɖe ku o.

Nuƒoƒo tso ku ŋu mana viwò navɔ̃ agbɔ eme o. Ke boŋ aɖe eƒe vɔvɔ̃a dzi akpɔtɔ. Ke hã ehiã be nàɖɔ eƒe susu ɖo le nanewo gome. Le kpɔɖeŋu me, numekula aɖewo gblɔna be ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe ade haɖe o la dometɔ geɖe bunɛ be ame ate ŋu aku agafɔ enumake. Ne ɖeviwo le fefem la, wo dometɔ aɖewo kua ayeku, eye kaka nàkpɔ la, woawoe nye ema gafɔ.

Gake ne ɖeviawo va tsi vie wu la, wova nɔa tame bum tso ku ŋu vevie, esiae wɔnɛ be wonɔa nya geɖewo biam, wotsia dzi eye wovɔ̃na gɔ̃ hã, vevietɔ ne woƒe ame vevi aɖe ku. Eya ta ele vevie be miadzro nu me tso ku ŋu kpli wo. Susuŋutinunyala Marion Haza gblɔ be: “Ne viwòa se le eɖokui me be mèlɔ̃na ɖoa dze tso ku ŋu na ye o la, atsi dzi vevie ne ele tame bum tso ku ŋu.”

Mehiã be nàtsi dzi fũu ɖe nya si nàgblɔ nɛ ŋuti o. Le numekuku aɖe nu la, nu si ko ɖeviwo “dinae nye be woagblɔ nyateƒea na yewo tufafatɔe.” Nyae be ɖeviwo mebiaa nya ne womesu te na ŋuɖoɖoa sese o.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi ŋu dɔ nàƒo nu tso ku ŋu nɛ. Ne viwòa kpɔ xevi kuku aɖe le mɔ to alo miaƒe aƒemelã aɖe ku la, àte ŋu abia nya bɔbɔe aɖewoe siwo ana wòagblɔ eƒe susu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abiae be: “Ðe lã kukua le fu kpema? Ðe vuvɔ le ewɔma? Ðe dɔ le ewuma? Aleke nàwɔ anya be ame alo lã aɖe ku?”​—Biblia ƒe mɔfiame: Nyagblɔla 3:1, 7.

Mègaɣla nyateƒea ɖee o. Ne miaƒe ame nyanyɛ alo ƒometɔ aɖe ku la, mègade ba mo na nyaa agblɔ be, “Eyi nugbe” o. Viwòa asusui vodadatɔe be ame si ku la agatrɔ agbɔ kpuie. Ke boŋ zã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe nàtsɔ aɖe nu me nɛ. Àte ŋu agblɔ nɛ be: “Esi mama kua, eƒe ŋutilã megale dɔ wɔm o. Mímagate ŋu aɖo dze kplii o, gake míate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi.”​—Biblia ƒe mɔfiame: Efesotɔwo 4:25.

Esi ɖeviwo susunɛ be ne wole nu ƒom tso ku ŋu la ɖe wokuna ta la, ka ɖe edzi nɛ be naneke mele ewɔ ge o

Ka ɖe edzi nɛ be menye eƒe vodadae o. Ate ŋu asusui be yee wɔ nane alo yee susu nane tae amea ku. Esi nàgblɔ ko be menye egbɔ wòtso be amea ku o teƒe la, àte ŋu abiae be: “Nu kae na nèsusui be wò vodadae?” Ðo to nyuie nàse eƒe nyawo, eye mègada eƒe nyawo ɖe anyi o. Esi ɖeviwo susunɛ be ne wole nu ƒom tso ku ŋu la ɖe wokuna ta la, ka ɖe edzi nɛ be naneke mele ewɔ ge o.

Na viwòa nagblɔ eƒe susu. Miɖo dze tso miaƒe ame vevi siwo ku, siwo dometɔ aɖewo nye miaƒe ƒometɔ siwo viwòa mekpɔ kpɔ o, la ŋu. Àte ŋu agblɔ nu nyui siwo mia tasi, nyrui, mama alo tɔgbui aɖe wɔ kpɔ la nɛ, eye miagblɔ nu ɖikokoe aɖe si amea wɔ kpɔ hã nɛ. Ne mieƒoa nu tso ame siawo tɔgbi ŋu la, akpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔe be mele be yeaƒo asa na wo ŋu bubu alo nuƒoƒo tso wo ŋu o. Gake mègazi viwòa dzi be wòaƒo nu kokoko o. Àte ŋu ado nyaa ɖa ɣebubuɣi si nèkpɔ be asɔ wu.​—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 20:5.

Agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe ta 34 kple 35 ate ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ nu tso nya si Biblia gblɔ tso ku ŋu la ŋu. Ele AGBALẼWO > AGBALẼWO KPLE AGBALẼ GBADZAWO

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.”—Nyagblɔla 3:1, 7.

  • “Ame sia ame neto nyateƒe.”—Efesotɔwo 4:25.

  • “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.”​—Lododowo 20:5.

NYA VEVI SIWO NÀTE ŊU AGBLƆ NƐ

Ne miaƒe ame vevi aɖe ku la, àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòase nya siwo gbɔna la gɔme nyuie ale be vɔvɔ̃ nagaɖoe agbɔ eme o:

  • Ka ɖe edzi nɛ be eya hã maku o.

  • Gblɔ nɛ be ne nane dzɔ ɖe ye dzi la, matsi asi o, yeƒe ƒometɔwo li akpe ɖe eŋu.

  • Ne ame ku la, megale fu kpem o.

  • Gblɔ nɛ be yewoanɔ ŋku ɖom ame si ku la dzi. Àte ŋu agblɔ be: “Mímagate ŋu akpɔ mama o, gake àte ŋu anɔ ŋku ɖom edzi.”

Mègasusu be ne meɖe nya sia me na viwòa o lae ana wòaɖe dzi ɖi o. Ðe wòana wòava nɔ nu tramatramawo susum boŋ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe