INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/15 axa 14-15
  • Eha–Ƒumelã Si Wɔa Ke

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Eha–Ƒumelã Si Wɔa Ke
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2015
  • Nukunu Siwo Le Ƒudzĩa Me
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—2015
g 6/15 axa 14-15
Eha

Eha​—Ƒumelã Si Wɔa Ke

AFI kae ke tsona? Etsoa teƒe geɖewo. Gake ketsoƒe si ŋu woƒo nu tsoe le nyati sia me la awɔ nuku na wò. Enye ƒumelã si tua adzawo wozua ke, eye woyɔa ƒumelã sia be eha.

Ehawo nɔa atsiaƒu siwo le anyigba xɔdzɔwo dzi me le xexea me godoo. Ne ƒumelã siawo mi adza siwo wotugu la, woɖea nuɖuɖu suesuewo le wo me, eye wotua susɔea wòzua kewɔ. Be ehawo nate ŋu awɔ esia la, wozãa woƒe aɖu sesẽawo kple woƒe glã sesẽ siwo le abe xe ƒe dɔ ene. Ƒumelã sia ƒomevi aɖewo tea ŋu nɔa agbe ƒe 20 sɔŋ, evɔ aɖuwo metuna le nu me na wo o.

Le go aɖewo me la, ne eha ɖu adzawo la, etua wo wozua ke eye ke si wòwɔna la sɔa gbɔ wu ketsoƒe bubuwo katã tɔ. Numekula aɖewo bu akɔnta be ewɔa ke si ade kilogram alafa ɖeka ƒe sia ƒe.

Eha yibɔ

Eha ŋgogba

Eha gawɔa dɔ vevi bubu. Eɖua adza kuku kple gbe wuwlui geɖewo eye esia nana be adzakpowo me kɔna keŋkeŋ. Esi ehawo ɖua nu siawo tae adzakpowo nɔa nɔnɔme nyui me. Afi si ehawo kple ƒumelã bubu siwo ɖua gbe wuwlui kple ƒumegbe siwo vuna tsyɔa adzakpowo dzi mele o la, adzakpoawo dome gblẽna. Agbalẽ aɖe (Reef Life) gblɔ be: “Ame aɖewo gblɔ be ne ƒumelã siwo ɖua gbe meli o la, anye ne adzakpowo manɔ abe ale si wole fifia ene o.”

Ehiã be ehawo naɖi ɖe eme nyuie le zã me hafi ate ŋu awɔ dɔ mawo gbegbe le ŋkeke me, eye ehawo gato vovo le go sia hã me. Adzakpowo me nɔnɔ le zã me nye afɔku gã aɖe, elabe ƒumelã lénuwo dona ɣemaɣi. Zi geɖe la, ehawo bena ɖe adzakpowo te hafi dɔa alɔ̃, gake ema mekpɔa wo ta tso agblolui dɔwuiwo si me ɣesiaɣi o.

Eya ta ehawo tsyɔa nane si le abe avɔ falɛfalɛ ene le zã me. Wotua nu sia tso woƒe nu me tsɔ tsyɔa wo ɖokuiwo ale be wòakpɔ wo ta. Enyea nu drɔyidrɔyi ɣi aɖe si le abe anyimlɔwu ene. Ƒumelãŋutinunyalawo xɔe se be nu sia kpɔa wo ta tso ƒumelã lénuwo si me.

Eha nye lã siwo nya kpɔ wu le adzakpowo me siwo dzena amewo kpɔna bɔbɔe la dometɔ ɖeka. Ehatsuviwo kple ehanɔviwo siaa nɔa amadede nyakpɔ vovovowo me, eye amadede siawo trɔna ne wotsi. Gawu la, ehawo tsɔa afi siwo womeɖea lã le edziedzi o la wɔa wo nɔƒewo koŋ. Eya ta ehawo nye lã siwo wotea ŋu kpɔna bɔbɔe wu.

Ne ame siwo srɔ̃a nu tso adzakpowo ŋu te ɖe ehawo ŋu le wo kpɔm hele ale si wole adzawo ɖumee sem la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aŋlɔ nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi ma be. Eye ne ehawo le atsyɔ̃ɖoɖo me va le yiyim la, wonana adzakpowo me nɔa kɔkɔe na nu gbagbe siwo nɔa adzakpowo me kple amegbetɔwo siaa.

NYA VEVI AÐEWO KU ÐE EHA ŊU

Eha ƒomevi 80 ye li, wonɔa adzakpo siwo le nuto xɔdzowo ƒe atsiaƒuwo me la me. Ehawo tea ŋu didina sentimeta 50 va se ɖe 100.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe