INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 4 axa 5
  • 2 Wɔ Ðoɖo Ðe Nuwo Ŋu Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 Wɔ Ðoɖo Ðe Nuwo Ŋu Nyuie
  • Nyɔ!—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 1 Da Sɔ
    Nyɔ!—2016
  • Na Numame Naɖe Vi na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ŋgɔdonya
    Nyɔ!—2016
  • Anya Wɔ Be Woaɖu Numame Gbegblẽwo Dzia?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 4 axa 5
Kamedewu, afɔkpa, tsigoe, elektrɔnikmɔ̃ sue aɖe si woda ɖi le zã si do ŋgɔ me

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀNA NUMAME NYUIWO NAÐE VI NA WÒ

2 Wɔ Ðoɖo Ðe Nuwo Ŋu Nyuie

  • Èɖoe be yeanɔ nuɖuɖu siwo dea lãme- sẽ dzi ɖum, gake ice cream (Crème glacée) aɖe hã le wò dzrom vevie.

  • Ètso nya be yemagano sigaret azɔ o, gake xɔ̃wò aɖe si nya be èle agbagba dzem be yeadzudzɔ sigaretnono la gatsɔ ɖe na wò be nàno.

  • Èɖoe be yeade kame egbea, gake edze abe wò afɔkpaa didi le nuwo me nye dɔ gã aɖe na wò ene!

Ède dzesi nu vevi aɖe si ɖe dzesi le kpɔɖeŋu siawo mea? Zi geɖe la, edze abe nu siwo ƒo xlã mí, si fia nɔnɔme siwo me míetsɔa mía ɖokui dena ene kple ame siwo míedea ha kplii ye afia ne míate ŋu atu nɔnɔme nyuiwo ɖo ahaɖu gbegblẽawo dzi.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”—Lododowo 22:3.

Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míabu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ. Esia wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu agblẽ nu le nu siwo míeɖo be míawɔ la ŋu eye wòana míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ. (2 Timoteo 2:22) Kpuie ko la, nunya anɔ eme be míawɔ ɖoɖo nyuiwo.

Na numame gbegblẽwo wɔwɔ nasesẽ eye nàna numame nyuiwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • Na numame gbegblẽwo wɔwɔ nasesẽ na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeadzudzɔ nuɖuɖu siwo medea lãmesẽ dzi o ɖuɖu la, ekema dze agbagba be nuɖuɖu mawo naganɔ wò dzodoƒea o. Esia awɔe be ne nuɖuɖu ma gadzro wò la, manɔ bɔbɔe be nàkpɔe aɖu o.

  • Na numame nyuiwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èɖoe be ne yefɔ ŋdi yeade kame la, ekema da wò kamedewua ɖe asitsɔƒe le zã si do ŋgɔ. Ne èna nuwo le bɔbɔe la, ana numame nyuiwo wɔwɔ masesẽ na wò o.

  • Kpɔ nyuie le ame siwo nàdze xɔlɔ̃e ŋu. Elabena akpa gbɔ nɔna mesea akpa dzena o. (1 Korintotɔwo 15:33) Eya ta dzudzɔ hadede kple ame siwo dea nu siwo nèdi be yeaƒo asa la ƒe dzi ƒo, eye nàde ha kple ame siwo dea nu nyuiwo ƒe dzi ƒo.

BIBLIA ME MƆFIAME BUBUWO

“Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.”—Lododowo 13:20.

“Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe