INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 5 axa 14-15
  • Aristotle

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aristotle
  • Nyɔ!—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Ŋu Wòŋlɔ Nu Tsoe Keke Ta
  • Katolikoha La Lɔ̃ Ðe Aristotle Ƒe Nufiafiawo Dzi
  • Ame Kae Wɔ Se Siwo Kplɔa Míaƒe Xexe Gbahoo La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2016
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya—Mɔ si Dzi Ameƒomea To Le Nyateƒea Dim
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 5 axa 14-15

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Aristotle

Aristotle

ƑE 2,300 kple edzivɔe nye esia la, Aristotle do dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexemenunya ɖe ŋgɔ le mɔ geɖe nu. Aristotle ƒe dɔwo do dzidzɔ na amewo, eye woɖe wo gɔme hesrɔ̃ wo hena ƒe geɖe. Blemaŋutinyawo ƒe nufialagã James MacLachlan ŋlɔ bena, “Ale si Aristotle bua dzɔdzɔmenuwoe la kpɔ ŋusẽ ɖe Europatɔwo dzi ƒe 2,000 kloe.” Aristotle ƒe susu le nanewo ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Katolikotɔwo, Protestantɔwo kple Moslemtɔwo gɔ̃ hã ƒe nufiafiawo dzi.

Nu Siwo Ŋu Wòŋlɔ Nu Tsoe Keke Ta

Aristotle ŋlɔ nu tso aɖaŋunuwo, ɣletiviŋutinunya, nugbagbeŋutinunya, agbenɔnɔŋutisewo, gbegbɔgblɔ, senyawo, nuwo ŋu bubu nyuie, galékpeŋusẽ, dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunya, nuwo ƒe zɔɖeɖe, dzidzɔkpɔkpɔ, hakpanyawo, dunyahehe, susuŋutinunya, nuƒoƒo ƒe ŋutete kpakple luʋɔ si wòsusu be ekuna la ŋu. Ke hã, nu siwo wòŋlɔ tso nugbagbeŋutinunya kple nuwo ŋu bubu nyuie ŋu ye na eƒe ŋkɔ de du.

Blema Hela-gbalẽnyalawo nɔ te ɖe woƒe ŋkuléle ɖe nu ŋu, nu siwo dzi woka ɖo be wonye nyateƒe kple nuwo ŋu bubu nyuie ƒe ŋutete dzi tsɔ ɖea ale si nuwo le le xexea me la me. Woxɔe se be ne yewonɔ te ɖe nu siwo yewo susu be wonye nyateƒe dzi hebu wo ŋu nyuie la, yewoate ŋu aƒo nya ta nyuiwo.

Nunya ma kpe ɖe wo ŋu woƒo nya ta nyuiwo le nanewo ŋu, wo dometɔ ɖekae nye be wokpɔe be sewo dzie xexea zɔna ɖo. Ke hã, kuxiae nye be esi wònye nu siwo wokpɔna dzi koe wonɔ te ɖo tso nya me ta la, wo dometɔ aɖewo siwo nye nunyala gãwo, siwo dome Aristotle le da ƒu le nanewo me. Le kpɔɖeŋu me, woxɔe se be ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo ƒoa xlã anyigba la. Ɣemaɣi la, ame geɖe da asi ɖe susu ma dzi. Agbalẽ aɖe gblɔ be, “Nuŋububu kple nu siwo teƒe amewo kpɔ ɖo kpe Helatɔwo ƒe susu si nye be anyigbaa le xexea titina la dzi.”—The Closing of the Western Mind.

Ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dome koe nuŋububu totro sia tsi la, ne enyo. Gake medzɔ alea o.

Katolikoha La Lɔ̃ Ðe Aristotle Ƒe Nufiafiawo Dzi

Wolɔ̃ ɖe Aristotle ƒe nufiafia aɖewo dzi be wonye nyateƒe le Titinaɣeyiɣiwo me le Europa “Kristotɔwo” dome. Roma Katolikotɔwo ƒe mawunyaŋutinunyalawo, siwo dometɔ ɖekae nye Thomas Aquinas (ƒe 1224-1274 lɔƒo)—zã nu siwo ŋu Aristotle ŋlɔ nu tsoe le eƒe nufiafiawo me. Aleae wòdzɔe be Aristotle ƒe nuŋububu si nye be anyigbaa le xexea titina la va zu Katolikoha la ƒe nufiafia. Protestantɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo abe Calvin kple Luther hã lɔ ɖe nufiafia ma dzi eye wogblɔ be Biblia mee wòtso.—Kpɔ aɖaka si nye “Wose Biblia Me Nya Aɖewo Gɔme Bubui.”

Wolɔ̃ ɖe Aristotle ƒe nufiafia aɖewo dzi be wonye nyateƒe

Agbalẽŋlɔla si ŋkɔe nye Charles Freeman gblɔ be: “Eva sesẽ be woade vovototo [Aristotle ƒe nufiafiawo] kple Katolikotɔwo ƒe dzixɔsewo dome le nanewo me.” Eya ta wogblɔna be Aquinas “nyrɔ” Aristotle wòzu Katolikotɔ. Gake le nyateƒe me la, Freeman ŋlɔ bena, “Aquinas boŋue va zu Aristotle yomedzela.” Eye míate ŋu agblɔ kpee be le mɔ aɖe nu la, sɔlemeha la hã dze eyome. Esia wɔe be, esi Italytɔ ɣletiviŋununyala kple akɔntanyala Galileo te kpɔ be yeagblɔ be nu si yede dzesie nye be anyigba la ƒoa xlã ɣea la, wobia tso esi be woado ɖe ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ƒea ŋkume eye wozi edzi be wòagblɔ be aʋatsoe yeka.a Ke hã woate ŋu agblɔ be esia na Aristotle kpɔe be nu geɖe li woagasrɔ̃ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Ne ɖe sɔlemehawo hã kpɔe nenema la anye ne enyo hafi!

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso “Nyahehe Si Ðo Galileo Kple Sɔlemeha La Dome,” ŋu le April 22, 2003, ƒe Nyɔ!, si le yevugbe me la me.

EŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Aristotle di vevie be yeanya nu geɖe eye “wòde bubu kple asixɔxɔ gã xexe si ƒo xlãe la ŋu.”—Aristotle—A Very Short Introduction.

  • Exɔe se be ŋusẽ aɖe si li tegbee ye lé dzɔdzɔmenuwo ɖe te eye wònana woʋãna.

  • Wotsɔa nugbagbeŋutinunya kple nuwo ŋu bubu nyuie toto vɛ ŋuti kafukafua naa Aristotle.

  • Aristotle ye fia nu Makedonia ɖekakpui Aleksanda Gãtɔ si va zu fiagã emegbe.

Wose Biblia Me Nya Aɖewo Gɔme Bubui
Anyigba si le xexea titina ƒe tata

Blematɔ geɖe xɔe se be anyigbaa le xexea titina

Mawunyaŋununyala aɖewo siwo nɔ anyi ɣemaɣi lé Aristotle ƒe nufiafia be anyigbaa le xexea titina me ɖe asi kpaɖii, elabena wose Biblia me nya aɖewo abe Psalmo 104:5 gɔme bubui. Kpukpui ma gblɔ be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi; maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.” Menye teƒe si anyigbaa le le xexea me ƒe nya gblɔmee Biblia ŋlɔla sia le o. Ke boŋ ezã hakpanya tsɔ ƒo nu tso ale si Mawu ɖo tame be anyigbaa nanɔ anyi tegbee la ŋu.—Nyagblɔla 1:4.

Eya ta ne Biblia le nu ƒom tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, eƒe nyawo dena pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, Hiob 26:7 si woŋlɔ anɔ ƒe 3,500 ye nye esia gblɔ be, Mawu “meku anyigba la ɖe naneke ŋu o.” Eye Hiob 38:33 gblɔ be sewoe kplɔa dziƒonuwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe