INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 6 axa 14-15
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
  • Nyɔ!—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu ŋkɔ ɖe?
  • Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖe?
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2004
  • Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2017
g17 No. 6 axa 14-15
Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ

Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la dze le blema Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me zi gbɔ zi geɖe

NU SI BIBLIA GBLƆ

Mawu Ƒe Ŋkɔ

Ame geɖewo yɔa dzesideŋkɔ siwo ŋu bubu le abe Aƒetɔ, Mavɔmavɔtɔ, Allah alo kpuie ko Mawu be eyae nye Mawu ƒe ŋkɔ. Ke hã ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Mawu si. Ðe wòle be nàzã ŋkɔ ma?

Mawu ŋkɔ ɖe?

NYA SIWO AME AÐEWO GBLƆNA

Ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la xɔe se be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yesu. Ame bubuwo hã gblɔna be esi wònye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖeka koe li ta la, mehiã be woazã eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o. Ame aɖewo hã gblɔna be masɔ be woazã Mawu ƒe ŋkɔ o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔe nye Yesu o, elabe Yesu menye Mawu Ŋusẽkatãtɔ o. Le nyateƒe me la, Yesu fia ehati Mawu subɔlawo be woado gbe ɖa na Mawu be: “Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Luka 11:2) Yesu ŋutɔ do gbe ɖa na Mawu be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.”—Yohanes 12:28.

Mawu gblɔ le Biblia me be: “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee; Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe ana ame bubu aɖeke o.” (Yesaya 42:8) Hebrigbe me xaxagbeɖiɖi siwo nye YHWH gɔmee woɖe ɖe Eʋegbe me be “Yehowa,” eye esiae nye Mawu ƒe ŋkɔ. Ŋkɔ sia dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me abe zi gbɔ zi 7,000 ene.a Edze zi geɖe wu dzesideŋkɔ siwo nye “Mawu,” “Ŋusẽkatãtɔ” alo “Aƒetɔ” eye egadze enuenu wu ŋkɔ bubuwo abe Abraham, Mose alo David ene.

Yehowa mede se le Biblia ƒe akpa aɖeke be woagazã yeƒe ŋkɔa le bubumɔnu o. Ke boŋ Biblia na míenya be mawusubɔlawo zã eƒe ŋkɔa faa. Wotsɔ Mawu ƒe ŋkɔa de ŋkɔ siwo wotsɔ na wo viwo la me. Le kpɔɖeŋu me: Eliya ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Nye Mawue Nye Yehowa,” eye Zakariya hã gɔmee nye “Yehowa Ðo Ŋku Edzi.” Mesesẽ na wo kura be woazã Mawu ƒe ŋkɔa le woƒe dzeɖoɖowo me gbe sia gbe o.—Rut 2:4.

Mawu di be míazã yeƒe ŋkɔa. Biblia gblɔ be: “Mida akpe na Yehowa, miyɔ eŋkɔ.” (Psalmo 105:1) Mawu dea dzesi ame siwo “dea ŋugble le eƒe ŋkɔ ŋu.”—Malaki 3:16.

“Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Psalmo 83:18.

Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖe?

Agbalẽnyala aɖewo xɔe se be le Hebrigbe me la, ŋkɔ Yehowa gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Gɔmeɖeɖe ma fia be, Mawu ŋutɔ tea ŋu va nyea nu sia nu si hiã alo enana eƒe nuwɔwɔwo va nyea nu sia nu si hiã ale be eƒe tameɖoɖo nava eme. Wɔla ŋusẽkatãtɔ la koe ate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe ŋkɔ ma nu.

NU SI ESIA FIA NA WÒ

Ne ènya Mawu ƒe ŋkɔa la, akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua eyamae la dzi. Anɔ bɔbɔe na wò be nàte ɖe eŋu. Le nyateƒe me la, aleke wòanya wɔ be nàte ɖe ame aɖe si ŋkɔ mènya o la ŋu? Ènyaa, esi Mawu na nèva nya eƒe ŋkɔa la, efia be edi be nàte ɖe ye ŋu.—Yakobo 4:8.

Ka ɖe edzi be Yehowa awɔ nu ɣesiaɣi wòasɔ ɖe eƒe ŋkɔa nu, elabe enye Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi. Esia tae Biblia gblɔ be: “Ame siwo nya wò ŋkɔ la aɖo ŋu ɖe ŋuwò.” (Psalmo 9:10) Kakaɖedzi sia ava su asiwò ne èva srɔ̃e be ɖekawɔwɔ le Yehowa ƒe ŋkɔa kple eƒe nɔnɔme siwo nye nublanuikpɔkpɔ, veveseɖeamenu, dzɔdzɔenyenye kple ale si eƒe lɔlɔ̃ nu metsina o la dome. (2 Mose 34:5-7) Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míanyae be esi Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi ta la, awɔ nu wòasɔ ɖe eƒe nɔnɔme siawo nu godoo.

Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be míenya Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkɔ. Ŋkɔa nyanya ate ŋu ana yayrawo nasu asiwò fifia kple etsɔme. Mawu do ŋugbe be: “Makpɔ eta, elabena enya nye ŋkɔ.”—Psalmo 91:14.

“Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”—Yoel 2:32.

Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa si le gbegbɔgblɔ vovovowo me

Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me

a Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa, eye wotsɔ dzesideŋkɔ si nye “AƑETƆ” si woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo ɖo eteƒe, eye le Biblia bubuwo me la, kpukpui tiatia aɖewo me koe Mawu ƒe ŋkɔa dze le loo alo wotsɔe de kpukpui aɖewo ƒe etenuŋɔŋlɔ me. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ya zã Mawu ƒe ŋkɔ le afi siwo katã wòdze le le Biblia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe