INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 2 axa 14-15
  • Ale Si Wòaɖe Nɔnɔme Nyuiwo Afia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Wòaɖe Nɔnɔme Nyuiwo Afia
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAWOE NYE NƆNƆME NYUIWO?
  • NU KA TAE NƆNƆME NYUIWO LE VEVIE?
  • ALE SI NÀFIA NƆNƆME NYUIWO VIWÒ
  • 7 Agbe Nyui Nɔnɔ
    Nyɔ!—2018
  • Agbenɔnɔ Ŋuti Se Siwo Le Tɔtrɔm Kplɔ Amewo Trae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nɔnɔme Nyui Siwo Nana Míezua Ame Ðɔʋuwo
    Nyɔ!—2013
  • Agbenɔnɔ Ŋuti Se Matrɔmatrɔwo Lé Wo Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 2 axa 14-15
Nyɔnuvi aɖe kpɔe esi nɔa le nyɔnu aɖe si ƒe gakotokuvi ge la tsɔm be yeatsɔ anɛ

NU 6

Ale Si Wòaɖe Nɔnɔme Nyuiwo Afia

NU KAWOE NYE NƆNƆME NYUIWO?

Ame siwo si nɔnɔme nyuiwo le la nya nu si nye nyui kple vɔ̃ nyuie. Nu si nye nyui kple vɔ̃ le wo gome la, menɔa te ɖe nɔnɔme si me wole dzi o. Ke boŋ enɔa te ɖe mɔfiame siwo nu wonɔa agbe ɖo la dzi, ne amewo mele wo kpɔm o gɔ̃ hã.

NU KA TAE NƆNƆME NYUIWO LE VEVIE?

Ðeviwo sea nya totro gbogbo aɖewo ku ɖe nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu le dze siwo woɖona kple wo hati sukuviwo, ha siwo wosena, film kple television dzi wɔna siwo wokpɔna me. Nu siawo siwo wosena, nana wotɔtɔna le nu si wonya tso nyui kple vɔ̃ ŋu la ŋu.

Esia nye nyateƒe vevietɔ le woƒe sɔhɛmenɔɣi. Agbalẽ aɖe (Beyond the Big Talk) gblɔ be ɣemaɣie nye “ɣeyiɣi si me wòle be woase egɔme be wo hatiwo kple nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo aƒoe ɖe wo nu be woaxɔ ŋkɔ ale be amewo nalɔ̃ woƒe nya, eye ele be woasrɔ̃ ale si woatso nya me wòawɔ ɖeka kple nu si wonya be enye nyui kple vɔ̃ ɣesiaɣi, ne ema mewɔ ɖeka kple wo xɔlɔ̃wo ƒe didiwo o hã.” Edze ƒãa be ele be woadze hehenana ɖeviwo gɔme hafi woaɖo sɔhɛ me.

ALE SI NÀFIA NƆNƆME NYUIWO VIWÒ

Fia nu si nye nyui kple vɔ̃ ɖevia.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmeseseŋutetewo . . . be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Hebritɔwo 5:14.

  • Na nu si nye nyui kple vɔ̃ nadze le wò nuƒoƒo me. Zã nu siwo dzɔna gbe sia gbe eye nàna vovototoa nadze: “Nyateƒetotoe nye ema; nyateƒematomatoe nye ema.” “Nuteƒewɔwɔe nye ema; nuteƒemawɔmawɔe nye ema.” “Dɔmenyonyoe nye ema; menye dɔmenyonyoe nye ema o.” Ne èwɔnɛ nenema la, eteƒe madidi o, viwòa ƒe nuwɔna asɔ kple nu si wònya.

  • Ðe nu si tae nane nyo alo menyo o la me. Le kpɔɖeŋu me, bia nyawo abe: Nu ka tae wònyo be woato nyateƒe? Aleke alakpadada ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃wo dome? Nu ka tae fififi menyo o? Kpe ɖe eŋu be wòabu nuwo ŋu nyuie ale be wòate ŋu atu ŋutete si akpe ɖe eŋu wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome la ɖo.

  • Te gbe ɖe vi si nɔnɔme nyuiwo ɖena dzi. Àte ŋu agblɔ be: “Ne ètoa nyateƒe la, amewo aka ɖe dziwò” alo “ne ènyoa dɔme la, amewo alɔ̃ ate ɖe ŋuwò.”

Na ƒomea me tɔwo katã naɖe nɔnɔme nyuiwo afia.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.”—2 Korintotɔwo 13:5.

  • Ele be ƒomea me tɔwo katã naɖe nɔnɔme nyuiwo afia ale be nàte ŋu agblɔ nyateƒetɔe be:

    • “Míedaa alakpa le míaƒe ƒomea me o.”

    • “Míetua kɔ ame alo bluna ɖe ame ta o.”

    • “Míedaa gbe ɖe ame gbɔ alo dzua ame o.”

Esia ana viwòa nakpɔe be menye sewo koe nɔnɔme nyuiwo nye o, ke boŋ wonye nu siwo wonya na ƒomea.

  • Dzro nɔnɔme nyui siwo nu ƒomea nɔa agbe ɖo me kple viwòa edziedzi. Zã nu siwo dzɔna gbe sia gbe nàtsɔ afia nui. Àte ŋu atsɔ nu siwo nu mienɔa agbe ɖo asɔ kple esiwo dzena le nyadzɔdzɔwo me alo esiwo wòsena le suku. Bia nyawo abe: “Ne wòe ɖe, nu kae nàwɔ?” “Ne míaƒe ƒomeae la, anye nu kae míawɔ?” la ene viwòa.

Do ŋusẽe be wòalé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Milé dzitsinya nyui me ɖe asi.”—1 Petro 3:16.

  • Kafui ɖe nɔnɔme nyuiwo ta. Ne viwò ɖe nɔnɔme nyui aɖe fia la, kafui ɖe eta, eye nàgblɔ nu si tae la nɛ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be: “Ètoa nyateƒe. Melɔ̃ wò ɖe esia ta.” Ne viwò ʋu nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ me na wò la, kafui tso dzi me ɖe ale si wòto nyateƒee ta, hafi nàɖɔe ɖo.

  • Ðɔe ɖo ne eda vo. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ vodada aɖe si wòwɔ la me tsonu. Na ɖevia nanya nu gbegblẽ si wòwɔ kple ale si eƒe nuwɔna mesɔ kple nɔnɔme nyui siwo nu ƒomea nɔa agbe ɖo o. Dzila aɖewo medina be yewo vi ‘nase veve’ ɖe nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ta o, gake ne èkpe ɖe eŋu wòkpɔ nu gbegblẽ si wòwɔ la, akpe ɖe eŋu be dzitsinya nyui nanɔ esi eye wòanya nu si nye nyui kple vɔ̃ emegbe.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso vihehe ŋu le jw.org/ee.

Nyɔnuvi aɖe kpɔe esi nɔa le nyɔnu aɖe si ƒe gakotokuvi ge la tsɔm be yeatsɔ anɛ

NA HEHEE FIFIA

Ðevi siwo kpɔnɛ be wo dzilawo toa nyateƒe la, tea ŋu va ɖua tetekpɔwo dzi eye wotoa nyateƒe, ne ame aɖeke mele wo kpɔm o gɔ̃ hã

Ðo Kpɔɖeŋu Nyui

  • Ðe vinyewo kpɔnɛ le nye nuwɔna kple nyagbɔgblɔwo me be menɔa agbe ɖe nu siwo nu míaƒe ƒomea nɔa agbe ɖo la nua?

  • Ðe nye kple srɔ̃nye siaa míenɔa agbe ɖe nu siwo tututu nu míaƒe ƒomea nɔa agbe ɖo la nua?

  • Ne nyemete ŋu wɔ ɖe se aɖe dzi le ƒomea me o la, ɖe mesusuna alo gblɔna be, “Se ma mebla ame tsitsiwo oa”?

Nu Si Míewɔna . . . 

“Ne ame aɖe ɖe nɔnɔme nyui aɖe fia eye nu nyuiwo do tso eme la, míetsɔa ema sɔna kple ame bubu si wɔ tiatia gbegblẽ aɖe kple nu si do tso eme, eye míezãa wo tsɔ fiaa nu mía viawo. Ne mía viwo gblɔ tiatia gbegblẽ aɖe si wo hati aɖe wɔ la, míezãa mɔnukpɔkpɔa dzroa eme kpli wo ale be woagaɖe afɔ ma tɔgbi o.”—Nicole.

“Esi mía vinyɔnua nɔ sue la, míegblɔna nɛ be tiatia eve koe li wòate ŋu awɔ, ɖeka nyo, ɖeka menyo o, eye míeƒoa nu tso ɖe sia ɖe kple emetsonuwo ŋu. Esia kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ ale si wòatso nya me. Esia ɖe vi nɛ ŋutɔ, elabe èɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, àtso nya me le nuwo ŋu godoo.”—Yolanda.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe