NU SIWO NÀWƆ NE NUWO LE ASI XƆM
Na Nu Amewo
Ne ale si nuwo ƒe asi le dzi yim wɔe be ganyawo le sesẽm na wò la, ɖewohĩ awɔ na wò be yemate ŋu ana nu amewo o. Gake le nyateƒe me la, nunana amewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne ganyawo le sesẽm na wò. Ɛ̃, ne nu mede dziwò o hã la, àte ŋu ana nu amewo.
NU SI TAE WÒLE VEVIE
Nunana amewo nana míekpɔa dzidzɔ ne nu sue aɖe koe míena wo gɔ̃ hã. Numekukuwo ɖee fia be ne míena nu amewo la, edea míaƒe lãmesẽ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aɖe dzimaɖitsitsi, nutikɔname, ʋusɔgbɔdɔ, kple lãmevee gɔ̃ hã dzi akpɔtɔ. Eye ate ŋu ana míadɔ alɔ̃ nyuie hã.
Ne míenaa nu amewo, ɖewohĩ míenaa ga wo alo kpena ɖe wo ŋu le mɔ bubuwo nu la, anɔ bɔbɔe be míalɔ̃ faa amewo nakpe ɖe mía ŋu ne míeɖo hiã me. Howard si le England gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míedia mɔ siwo dzi míato akpe ɖe amewo ŋu. Esia wɔnɛ be ne eva hiã be míaxɔ kpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ la, metena ɖe mía dzi fũu o.” Ele eme be ame siwo naa nu tso dzi me la mekpɔa mɔ be amewo naɖo eteƒe na yewo o. Ke hã, wokpɔa xɔlɔ̃ vavãwo siwo lɔ̃na faa be yewoakpe ɖe wo ŋu le hiãɣi.
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Ma nu si le asiwò kple amewo. Ne nu mesɔ gbɔ ɖe asiwò o hã la, àte ŋu ana nu amewo, ne eganye nuɖuɖu tsɛ aɖee gɔ̃ hã. Nu mede Duncan kple eƒe ƒome si le Uganda la dzi o, ke hã wonaa nu amewo faa. Egblɔ be: “Kwasiɖagbewo la, nye kple srɔ̃nye míekpea ame aɖe vaa mía ƒe me wòva ɖua nu kpli mí. Hadede ɖekae kple amewo dzɔa dzi na mí ŋutɔ.”
Ke hã, ne èle nu nam amewo la, ele be nàda asɔ, kple susu be màva na nu amewo ale gbegbe be naneke magava nɔ wò ƒomea ya si woazã o.—Hiob 17:5.
Te esia kpɔ: Kpe ame aɖe be wòava miaɖu nu ɖekae; ate ŋu anye numeɖenu aɖe alo tii ko. Ne nanewo le asiwò siwo mègale zazãm o la, ɖe manyo be nàtsɔ wo ana xɔ̃wòwo alo ame bubu siwo wòaɖe vi na oa?
Nyo dɔme na amewo le mɔ bubuwo nu. Zi geɖe la, nu nyuitɔ siwo míate ŋu ana amewo la mebiana be míazã ga o. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Nya dedziƒoname siwo míagblɔ hã ate ŋu anye nunana! Eya ta gblɔ ale si nèdea asixɔxɔ amewo ŋu alo nèlɔ̃ woe la na wo.
Te esia kpɔ: Kpe ɖe amewo ŋu woawɔ aƒemedɔ aɖewo, woadzra nu siwo gblẽ la ɖo, alo nàtsɔ dɔ na wo. Ŋlɔ nya fakɔname siwo tso dzi me la ɖe agbalẽvi dzi alo ɖe text message me aɖo ɖe xɔ̃wò aɖe; àte ŋu agblɔ nɛ ko be yele eŋu bum.
Ne èdi mɔ siwo dzi nàto ana nu amewo dɔmenyotɔe la, aɖe vi na wò eye àkpɔ dzidzɔ geɖe.