NU SIWO NÀWƆ NE NUWO LE ASI XƆM
Kpɔ Mɔ Be Nuwo Anyo
Ðe nuwo ƒe asi le dzi yim kabakaba le miaƒe dukɔa me, evɔ ga si nèkpɔna ya medea naneke oa? Ðe nètsi dzi ɖe ale si nàwɔ akpɔ wò ŋutɔ kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋua? Ne nenemae la, ke ɖewohĩ àtsi dzimaɖi ɖe etsɔme ŋu. Gake le nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me gɔ̃ hã la, mɔkpɔkpɔ ate ŋu alé wò ɖe te.
NU SI TAE WÒLE VEVIE
Menye ɖeko ame siwo si mɔkpɔkpɔ le la dina be nu nyuiwo nadzɔ ko evɔ o. Mɔkpɔkpɔ doa ŋusẽ wo be woawɔ nu sia nu si woate ŋui tso nɔnɔme si me wole fifia la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, numekukuwo ɖee fia be ame siwo si mɔkpɔkpɔ le la . . .
tea ŋu doa dzi le nɔnɔme sesẽwo me
tea ŋu trɔna ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu
tea ŋu tsoa nya me nyuie le ale si woanɔ agbee ŋu, ale be woanɔ lãmesẽ me eye nu nadze edzi na wo
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Gbã, bu ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò egbea ŋu. Aɖaŋuɖoɖo geɖe le Biblia me siwo aɖe vi na wò ne nuwo le asi xɔm. Aɖaŋuɖoɖo siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ fifia be wò ganyawo nanyo ɖe edzi, eye nàsu te nyuie akpɔ gakuxi siwo ava le etsɔme la gbɔ.
Evelia, bu nya si Biblia gblɔ tso etsɔme ŋu la ŋu. Ne ède dzesi nunya si gbegbe le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo me la, esia aʋã wò nàdi be yeanya nu geɖe tso nya siwo wògblɔ tso etsɔme ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àva srɔ̃e be menye ɖeko Mawu di be ‘yeana mɔkpɔkpɔ wò eye etsɔme nanyo na wò’ ko evɔ o, ke ena kpeɖodzi sẽŋu hã si tae nàka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ sia ava eme. (Yeremiya 29:11) Kpeɖodzi mae nye Mawu Fiaɖuƒe la.
NU KAE NYE MAWU ƑE FIAÐUƑE LA, EYE NU KAE WÒAWƆ?
Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si ava ɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44; Mateo 6:10) Aɖu dzi tso dziƒo eye wòaɖe fukpekpe kple ahedada ɖa; ana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖi eye ame sia ame akpɔ nu sia nu si wòhiã be wòakpɔ dzidzɔ, abe ale si mawunyakpukpui siwo gbɔna ɖee fia ene.
Ame miliɔn geɖewo xɔ ŋugbedodo mawo dzi se, eye woka ɖe edzi be Mawu “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Ðe manyo be wò ŋutɔ nàdzro Biblia me kpɔ oa? Mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu eye nàka ɖe edzi be nuwo anyo le etsɔme.