INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 19
  • Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔvinyɔnu Makpɔdzidzeme Siwo ‘Ðo Israel Ƒe Aƒe La Te’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yakob Dzo Yi Haran
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yakob De Asixɔxɔ Gbɔgbɔmenuwo ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Yakob Kple Esau Wɔ Ŋutifafa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 19
Yakob kple viaŋutsuwo

ŊUTINYA 19

Ƒome Gã Aɖe Le Yakob Si

KPƆ ƒome gã sia ɖa. Amesiawo nye Yakob viŋutsu 12 la. Vinyɔnuwo hã nɔ esi. Ènya ɖeviawo dometɔ aɖe ƒe ŋkɔa? Na míase wo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo.

Lea dzi Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda. Esi Raxel kpɔ be yemele vi aɖeke dzim o la, exa nu vevie ŋutɔ. Eyata etsɔ eƒe kosi Bilha na Yakob, eye Bilha dzi ŋutsuvi eve, siwo ŋkɔ woyɔ be Dan kple Naftali. Tete Lea hã tsɔ eƒe kosi Silpa na Yakob, eye Silpa dzi Gad kple Aser. Mlɔeba la, Lea dzi ŋutsuvi eve, siwo nye Isaxar kple Zebulon.

Azɔ hafi Raxel te ŋu dzi vi. Ena ŋkɔe be Yosef. Míasrɔ̃ nu geɖe tso Yosef ŋuti emegbe, elabena eva zu ame vevi aɖe. Amesiawoe nye ŋutsuvi 11 siwo wodzi na Yakob esime wònɔ Raxel fofo Laban gbɔ.

Yakob dzi nyɔnuvi aɖewo hã, gake Biblia la yɔ ɖeka ko ƒe ŋkɔ. Eŋkɔe nye Dina.

Ɣeyiɣia va ɖo esime Yakob ɖoe be yadzo le Laban gbɔ ahatrɔ ayi ɖe Kanaan. Eyata eƒo eƒe ƒome gã la kple eƒe alẽha kpakple nyi gbogboawo nu ƒu, eye wòdze mɔ didi la zɔzɔ gɔme.

Esi Yakob kple eƒe ƒomea trɔ gbɔ va Kanaan megbe ʋɛ la, Raxel dzi ŋutsuvi bubu. Edzi via esime wònɔ mɔ zɔm. Vi la dzidzi sesẽ na Raxel, eye wòku mlɔeba le via dzidzi me. Gake ŋutsuvi ɖevi la li nyuie. Yakob na ŋkɔe be Benyamin.

Míedi be míaɖo ŋku Yakob ƒe viŋutsu 12 la ƒe ŋkɔwo dzi, elabena woawo mee Israel-dukɔ blibo la dzɔ tso. Le nyateƒe me la, Yakob ƒe viŋutsu 10 kple Yosef ƒe viŋutsu eve la ƒe ŋkɔwo wotsɔ na Israel-to 12 la. Esi wodzi ŋutsuvi siawo katã megbe la, Isak nɔ agbe ƒe geɖe, eye ɖewohĩ edo dzidzɔ nɛ be tɔgbuiyɔvi gbogbo mawo le ye si. Gake na míakpɔ nusi dzɔ ɖe eƒe tɔgbuiyɔvi Dina dzi la ɖa.

Mose I, 29:32-35; 30:1-26; 35:16-19; 37:35.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe