INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 27
  • Fia Vɔ̃ɖi Aɖe Ðu Egipte Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Vɔ̃ɖi Aɖe Ðu Egipte Dzi
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ƒudzĩ La Tsotso
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Fuwɔame Ade Siwo Kplɔe Ðo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fuwɔame Etɔ̃ Gbãtɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 27
Israel-viwo zu kluviwo na Farao le Egipte

ŊUTINYA 27

Fia Vɔ̃ɖi Aɖe Ðu Egipte Dzi

ŊUTSU, siwo le afisia la le ameawo dzi zim be woawɔ dɔ. Kpɔ ŋutsu, si le dɔwɔlawo dometɔ ɖeka ƒom kple atam la ɖa! Dɔwɔlaawo nye Yakob ƒe ƒomeawo, eye woyɔa wo be Israel-viwo. Eye amesiwo le wo dzi zim be woawɔ dɔ lae nye Egiptetɔwo. Israel-viwo zu kluviwo na Egiptetɔwo. Aleke esia va dzɔe?

Yakob ƒe ƒome gã la nɔ ŋutifafa me le Egipte ƒe geɖe. Yosef, amesi nye ame vevitɔ kekeake, si kplɔ Farao ɖo le Egipte la lé be na wo. Gake Yosef va ku. Eye Farao bubu aɖe, si melɔ̃ Israel-viwo o la zu fia le Egipte.

Eyata Farao vɔ̃ɖi sia do kluvi Israel-viwo. Eye wòtsɔ ŋutsu ŋutasẽlawo ɖo amegãe ɖe wo nu. Wozi Israel-viwo dzi be woawɔ dɔ sesĩe atso du geɖe na Farao. Gake hã la, Israel-viwo ganɔ dzidzim ɖe edzi ko. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Egiptetɔwo te vɔvɔ̃ be Israel-viwo asɔ gbɔ fũ ahakpɔ ŋusẽ geɖe.

Egiptetɔwo le ŋlɔmi wɔm le Israel-vi kluviwo ŋu hele wo ƒom

Ènya nusi Farao wɔa? Egblɔ na nyɔnu, siwo kpena ɖe vidada, siwo nye Israeltɔwo ŋu le wo viwo dzidzi me la bena: ‘Miwu ŋutsuvi ɖesiaɖe, si woadzi la.’ Gake nyɔnu siawo nye nyɔnu nyuiwo, eyata womewu vidzĩawo o.

Eyata Farao ɖe gbe na eƒe ameawo katã be: ‘Milé Israel-vidzĩe ŋutsuviawo ne míawu wo. Mina vidzĩe nyɔnuviawo ko natsi agbe.’ Ðe ema menye se vɔ̃ɖi dede oa? Na míakpɔ alesi woɖe vidzĩe ŋutsuviawo dometɔ ɖeka ƒe agbee la ɖa.

Mose II, 1:6-22.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe