INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 40
  • Mose Ƒo Agakpe La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mose Ƒo Agakpe La
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ʋɔnudrɔ̃la Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Yosua Zu Kplɔla
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ame Ka Ŋue Wò Ŋku Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 40
Mose kple Aron tsɔ kafukafua na wo ɖokui ɖe tsi si do tso agakpea me ta

ŊUTINYA 40

Mose Ƒo Agakpe La

ƑEWO kplɔ wo nɔewo ɖo va yi—ƒe 10, ƒe 20, ƒe 30, ƒe 39! Ke Israel-viwo gale gbeadzi ko. Gake Yehowa lé be na eƒe amewo le ƒe siawo katã me. Enyi wo kple mana. Etsɔ alilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòkplɔ wo kple dzobibi ƒe alili le zã me. Eye le ƒe siawo katã me la, woƒe avɔwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o.

Fifia la, ƒe 40 lia ƒe ɣleti gbãtɔ enye sia tso esime wodzo le Egipte. Israel-viwo gaƒu asaɖa anyi ɖe Kades. Afisiae woɖo esime wodɔ ŋkutsala 12 la be woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba dzi abe ƒe 40 do ŋgɔ ene. Mose nɔvinyɔnu Miryam ku le Kades. Fukpekpe aɖe gava afisia hã abe tsã ene.

Ameawo mekpɔ tsi aɖeke o. Eyata woto nyatoƒoe na Mose be: ‘Ne ɖe míeku la, nenyo wu. Nukatae nèkplɔ mí tso Egipte va teƒe dziŋɔ sia, afisi mawɔ nuku aɖeke o la? Bli, gbotsetsewo, weintsetsewo kple yevuboɖawo meli o. Tsi teti, si míano la hã meli o.’

Esi Mose kple Aron woyi takpexɔa me be woado gbe ɖa la, Yehowa gblɔ na Mose bena: ‘Ƒo dukɔ la nu ƒu. Eye nàƒo nu na agakpe ma le wo katã ŋkume. Tsi geɖe ado tso eme na dukɔ la kple woƒe lãwo katã.’

Eye Mose ƒo dukɔ la nu ƒu hegblɔ be: ‘Miɖo to, mi amesiwo meɖo dzi ɖe Mawu ŋu o! Ðe mí kple Aron míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?’ Eye Mose tsɔ kpo la ƒo agakpe la zi eve, eye tsisisi gã aɖe do le agakpe la me. Ameawo kple lãwo katã kpɔ tsi geɖe no.

Gake Yehowa do dɔmedzoe ɖe Mose kple Aron ŋu. Ènya nusitaea? Elabena Mose kple Aron wogblɔ be yewoe ana tsi nado tso agakpea me. Gake le nyateƒe me la, Yehowae na. Eyata esi wònye Mose kple Aron meto nyateƒe le nusia me o ta la, Yehowa gblɔ be yele to he ge na wo. Egblɔ be: ‘Miakplɔ nye dukɔ la ade Kanaan o.’

Eteƒe medidi o Israel-viwo dzo le Kades. Kasia wova ɖo Hor-to gbɔ. To sia tamee Aron ku ɖo. Exɔ ƒe 123 hafi ku. Israel-viwo lé blanui ŋutɔ, eyata ameawo katã fa na Aron ŋkeke 30 sɔŋ. Via Eleazar zu nunɔlagã ɖe eyome na Israel-dukɔ la.

Mose IV, 20:1-13, 22-29; Mose V, 29:4.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe