INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 50
  • Nyɔnu Kalẽtɔ Eve

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnu Kalẽtɔ Eve
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kplɔla Yeye Kple Nyɔnu Eve Siwo Mevɔ̃na O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Metso Abe Vidada Ene Le Israel”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Xɔse Na Barak Ðu Aʋakɔ Sẽŋu Aɖe dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Wò Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔa Nehe Kafukafu Vɛ Na Yehowa!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 50
Barak ƒe mo wɔ yaa esi Yael gblɔ nɛ be Sisera ku ɖe yeƒe agbadɔ me

ŊUTINYA 50

Nyɔnu Kalẽtɔ Eve

NE ISRAEL-VIWO ɖo fukpekpe me la, wodoa ɣli yɔa Yehowa. Yehowa ɖoa eŋu na wo, eye wònaa kplɔla sesẽwo be woakpe ɖe wo ŋu. Biblia yɔ kplɔla siawo be ʋɔnudrɔ̃lawo. Yosuae nye ʋɔnudrɔ̃la gbãtɔ, eye ʋɔnudrɔ̃la siwo kplɔe ɖo la dometɔ aɖewoe nye Otniel, Ehud kple Samgar. Gake amesiwo kpe ɖe Israel ŋu la dometɔ eve nye nyɔnuwo; wo ŋkɔe nye Debora kple Yael.

Debora kple Barak

Debora nye nyɔnu nyagblɔɖila. Yehowa gblɔa nusi ava dzɔ la nɛ, eye wògblɔa nusi Yehowa gblɔ la na dukɔa. Debora nye ʋɔnudrɔ̃la hã. Enɔa anyi ɖe deti aɖe te le todua me, eye amewo vaa egbɔ hena kpekpeɖeŋu le woƒe kuxiwo me.

Ɣeyiɣi sia me la, Yabin nye Kanaan-fia. Aʋatasiaɖam 900 le esi. Eƒe aʋawɔlawo sesẽ ale gbegbe be wozi Israel-vi geɖe dzi wova zu kluviwo na Yabin. Fia Yabin ƒe aʋakplɔlagã enye Sisera.

Gbeɖeka Debora dɔ ame woɖayɔ Ʋɔnudrɔ̃la Barak vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: ‘Yehowa gblɔ be: “Ðe ŋutsu 10,000, nàkplɔ wo ayi Tabo-to dzi. Makplɔ Sisera vɛ na wò le afima. Eye mana nàɖu eya kple eƒe aʋawɔlawo dzi.”’

Barak gblɔ na Debora be: ‘Ne àyi kplim la, ke mayi.’ Debora kplɔe ɖo, gake egblɔ na Barak bena: ‘Ne èɖu dzi la, kafukafu manye tɔwò o, elabena Yehowa atsɔ Sisera ade nyɔnu aɖe si me.’ Alea wòva dzɔe.

Barak ɖi tso Tabo-toa dzi be yeado go Sisera ƒe aʋawɔlawo. Tete Yehowa na tsiɖɔɖɔ va eye futɔ, siwo nye aʋawɔlawo la no tsi ku. Gake Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me hesi dzo.

Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, Sisera va Yael ƒe agbadɔ gbɔ. Eyɔe be nege ɖe eme, eye wòna notsie wòno. Esia na be alɔ̃ tsɔe, eye kasia edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ. Tete Yael tsɔ tsyoti, si wòkpa tsũe la heƒo ɖe ŋutsu vɔ̃ɖi sia ƒe tame. Emegbe esi Barak va la, etsɔ Sisera kuku la fiae! Eyata èkpɔ be nusi Debora gblɔ la va eme nyateƒe.

Mlɔeba la, wowu Yabin hã, eye Israel-viwo gakpɔ tomefafa vi aɖe.

Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:14-22; 4:1-24; 5:1-31.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe