INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 54
  • Ŋutsu Sesẽtɔ Kekeake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Sesẽtɔ Kekeake
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Na Ŋusẽ Samson
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Srɔ̃ Samson​—Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Simson Kpɔ Dziɖuɖu Le Yehowa Ƒe Ŋusẽ Me!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 54
Samson wu dzata kple asi gbɔlo

ŊUTINYA 54

Ŋutsu Sesẽtɔ Kekeake

ÈNYA ŋutsu sesẽtɔ kekeake, si nɔ anyi kpɔ la ŋkɔa? Enye ʋɔnudrɔ̃la aɖe, si ŋkɔe nye Simson. Yehowae na ŋusẽ Simson. Hafi woadzi Simson gɔ̃ hã la, Yehowa gblɔ na dadaa be: ‘Eteƒe madidi o àdzi ŋutsuvi. Eyae axɔ ŋgɔ aɖe Israel-viwo tso Filistitɔwo si me.’

Filistitɔwo nye ame vɔ̃ɖi, siwo nɔ Kanaan. Aʋawɔla geɖe le wo si, eye wowɔa nuvevi Israel-viwo ŋutɔ. Gbeɖeka, esi Simson yina Filistitɔwo gbɔ la, dzata gã aɖe nɔ gbe ɖem gbɔna egbɔ le mɔa dzi. Gake Simson tsɔ asi ƒuƒlu wu dzata lae. Ewu Filistitɔ vɔ̃ɖi alafa geɖe hã.

Emegbe la, Simson ɖo lɔlɔ̃ na nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Delila. Filistitɔwo ƒe amegãwo do ŋugbe na Delila be ne egblɔ nusi me Simson ƒe ŋusẽ gã le na yewo la, yewo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ klosalo 1,100 nɛ. Delila di be yeaxɔ ga ma katã. Menye Simson alo Mawu ƒe amewo ƒe xɔlɔ̃ vavã o. Eyata enɔ Simson biam be nuka mee eƒe ŋusẽ gã la le hã.

Samson kple Delila

Mlɔeba la, Delila ble Simson be wògblɔ nusi me eƒe ŋusẽa le la nɛ. Egblɔ be: ‘Womelũ ta nam kpɔ o. Tso esime wodzim la, Mawu tiam be manye esubɔla tɔxɛ abe eƒe klu ene. Ne wolũ ta nam la, nye ŋusẽ ado le ŋunye.’

Esi Delila se esia la, ena Simson dɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi. Eye wòyɔ ame aɖe wòva lũ ta nɛ. Esi Simson nyɔ la, eƒe ŋusẽ la do le eŋu. Filistitɔwo va lée dzoe. Wogbã ŋku eveawo nɛ hewɔe woƒe kluvie.

Samson tu asi sɔtiawo, si wɔe be xɔa mu dze Filistitɔwo dzi

Gbeɖeka la, Filistitɔwo ɖo kplɔ̃ gã aɖe be woasubɔ woƒe mawu Dagon, eye wokplɔ Simson tso gaxɔ me be yewoaɖu fewu le eŋu. Vaseɖe ɣemaɣi la, Simson ƒe ɖa gato ake. Simson gblɔ na ŋutsuvi, si le ekplɔm la be: ‘Na malé sɔti, siwo dzi xɔa nɔ la.’ Eye Simson do gbe ɖa na Yehowa hebia ŋusẽ, eye wòlé sɔtiawo. Edo ɣli be: ‘Maku kple Filistitɔwo.’ Filistitɔ 3,000 ye nɔ nua ɖuƒe, eye esi Simson viã eɖokui ɖe sɔtiawo ŋu la, xɔ la mu hewu ame vɔ̃ɖi siawo katã.

Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 13 vaseɖe 16.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe