INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 61
  • Woɖo Fia David

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖo Fia David
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • David Kple Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nu Si Ta Wòle Be David Nasi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • 1 Samuel Totoɖeme
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • “Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 61
David le adzɔge le zã ƒe viviti me hedo ɣli yɔ Fia Saul

ŊUTINYA 61

Woɖo Fia David

SAUL gadze agbagba be yeƒe asi nasu Dawid dzi. Eɖe eƒe aʋawɔla nyuitɔwo dometɔ 3,000 heyi edi ge. Esi Dawid se esia la, edɔ ŋkutsalawo be woaɖadi afisi Saul kple eƒe amewo ƒu asaɖa anyi ɖo le zã me la. Emegbe Dawid bia eƒe amewo dometɔ eve be: ‘Mia dometɔ kae ayi Saul ƒe asaɖa me kplim?’

Abisai ɖo ŋu be: ‘Mayi.’ Abisai nye Dawid nɔvinyɔnu Zeruya ƒe viŋutsu. Esi Saul kple eƒe amewo le alɔ̃ dɔm la, Dawid kple eƒe amewo ta minyaminya yi ɖe asaɖa la me. Wokɔ Saul ƒe akplɔ kple eƒe tsigoe, si le eƒe ta gbɔ tututu la. Esi wònye wo katã dɔ alɔ̃ tsiɖitsiɖi ta la, ame aɖeke mekpɔ wo alo se wo ŋkɔ o.

Kpɔ Dawid kple Abisai ɖa. Wosi dzo ɖatsi tre ɖe to aɖe tame dedie. Dawid do ɣli ɖo ɖe Israel-ʋakplɔlagã be: ‘Abner, nukatae mèle wò aƒetɔ, fia, la ŋu dzɔm o? Kpɔ ɖa! Afikae eƒe akplɔ kple eƒe tsigoe la le?’

Saul nyɔ. Edze si Dawid ƒe gbe, eye wòbia be: ‘Dawid, wòe nye ma?’ Èkpɔ Saul kple Abner le afima ɖa?

Dawid ɖo ŋu na Saul be: ‘Ẽ, nye aƒetɔ,’ eye wògabia be: ‘Nukatae nèle didim be yealém? Nuvɔ̃ kae mewɔ? Wò akplɔ lae nye si, O fia. Dɔ wò ame ɖeka ɖa wòava xɔe.’

Fia Saul se David ƒe gbe

Saul ʋu eme be: ‘Mewɔ nuvɔ̃. Mewɔ bometsinu.’ Tete Dawid trɔ dzo, eye Saul trɔ yi aƒeme. Gake Dawid gblɔ na eɖokui be: ‘Saul le wuye ge le ŋkeke siawo me. Ele be masi ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.’ Eye wòwɔ nenema. Dawid te ŋu flu Filistitɔwo woxɔ se be azɔ ele yewoƒe akpa dzi.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo yi aʋa wɔ ge kple Israel. Wowu Saul kple Yonatan le aʋa la me. Esia wɔ nublanui na Dawid ŋutɔ, eye wòŋlɔ ha vivi aɖe, si wòdzi be: ‘Wò nu vem ŋutɔ, nɔvinye Yonatan. Wò nu dze ŋunye ŋutɔ!’

Esia megbe la, Dawid trɔ yi Israel le Hebron-du me. Le afima la, aʋa dzɔ ɖe amesiwo tia Saul ƒe vi Is-Boset be wòanye fia la, kple ame bubu, siwo di be Dawid nanye fia la dome. Gake mlɔeba la, Dawid ƒe amewo ɖu dzi. Dawid xɔ ƒe 30 esime woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe adre kple afã le Hebron. Ŋutsuvi, siwo wodzi nɛ le afima la dometɔ aɖewo ŋkɔe nye Amnon, Absalom kple Adoniya.

Ɣeyiɣi aɖe ɖo esime Dawid kple eƒe amewo yi be yewoaxɔ du nyui aɖe, si nye Yerusalem la. Yoab, si nye Dawid nɔvinyɔnu Zeruya ƒe viŋutsu bubu lae nɔ ŋgɔ le aʋa la me. Eyata Dawid ɖo eteƒe na Yoab be wòtsɔe ɖo amegãe ɖe eƒe aʋawɔlawo nu. Azɔ Dawid dze fiaɖuɖu gɔme le Yerusalem.

Samuel I, 26:1-25; 27:1-7; 31:1-6; Samuel II, 1:26; 3:1-21; 5:1-10; Kronika I, 11:1-9.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe