INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 73
  • Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yosiya Lɔ̃ Mawu Ƒe Se La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Yosiya Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo
    Fia Nu Viwòwo
  • Yosiya Ðokuibɔbɔla La Ƒe Nu Dze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yosiya Tiae Be Yeawɔ Nu Si Le Eteƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 73
Fia Yosiya kple eƒe amewo le legba siwo amewo zãna le alakpasubɔsubɔ me la gbãm

ŊUTINYA 73

Israel Fia Nyui Mamlɛtɔ

ƑE ENYI ko Yosiya xɔ esime wòzu fia ɖe Israel ƒe anyieheto eve fiaɖuƒea dzi. Metsi kura hena fiaɖuɖu o. Eyata gbã la, ame tsitsi aɖewo kpe ɖe eŋu be wòaɖu dukɔ la dzi.

Esi Yosiya ɖu fia ƒe adre la, ede asi Yehowa didi me. Edze fia nyuiwo abe Dawid, Yosafat, kple Xizkiya ene ƒe kpɔɖeŋu yome. Emegbe esi wònye ƒewuivi ko la, Yosiya wɔ kalẽdɔ aɖe.

Israel-viwo dometɔ geɖe vɔ̃ɖi ŋutɔ hena ɣeyiɣi didi aɖe. Wosubɔ alakpamawuwo. Wode ta agu na legbawo. Eyata Yosiya kple eƒe amewo tso, eye wodze egɔme ɖe alakpamawuwo ɖa le anyigba la dzi. Dɔ gã aɖe enye esia, elabena alakpamawu subɔlawo sɔ gbɔ. Àte ŋu akpɔ Yosiya kple eƒe amewo le afisia wole legbawo gbãm.

Emegbe la, Yosiya ɖo ŋutsu etɔ̃ Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzraɖo nu. Wodzɔ ga le ameawo si hetsɔ na ŋutsu etɔ̃ siawo be woatsɔ axe fee na dɔwɔlawo. Esi wonɔ gbedoxɔa tum la, nunɔlagã Xilkiya kpɔ nu vevi aɖe le afima. Enye segbalẽ, si Yehowa na Mose ŋlɔ gbaɖegbe ʋĩ ke la. Ebu hena ƒe geɖe.

Wotsɔ agbalẽ la yi na Yosiya, eye wòbia be woaxlẽe na ye. Esi Yosiya nɔ to ɖom la, edze sii be ameawo mele Yehowa ƒe se dzi wɔm o. Esia vee ŋutɔ, eyata wòvuvu eƒe awuwo abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Egblɔ be: ‘Yehowa do dɔmedzoe ɖe mía ŋu, elabena mía fofowo mewɔ se, si woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi o.’

Fia Yosiya ƒe dzi se veve esi wòse Mawu ƒe se la me nya siwo woxlẽ nɛ

Yosiya bia nunɔlagã Xilkiya be wòadi nusi Yehowa le yewo wɔ ge la. Xilkiya yi nyɔnu nyagblɔɖila aɖe, si nye Xulda gbɔ hebia nya lae. Etsɔ Yehowa ƒe gbedasi sia nɛ be wòatsɔ ayi na Yosiya: ‘Woahe to na Yerusalem kple dukɔ la katã, elabena wosubɔ alakpamawuwo, eye nuvlowɔwɔ yɔ anyigba la dzi. Gake esi wò, Yosiya nèwɔ nusi nyo ta la, tohehe la mava o, negbe le wò ku megbe hafi.’

Kronika II, 34:1-28.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe