ŊUTINYA 85
Wodzi Yesu Ðe Lãkpɔ Me
ÈNYA amesi vidzĩe sia nyea? Ẽ, Yesue. Fifi laa ko wodzii ɖe lãkpɔ me. Lãkpɔ nye kpɔ si me lãwo mlɔna. Maria tsɔ Yesu mlɔ lãnuɖunu me; nusi me wodana nuɖuɖu ɖo na tedziwo kple lã bubuwo. Gake nukatae Maria kple Yosef wole lãwo gbɔ le afisia? Teƒe sia menyo be woadzi vi ɖo o ɖe?
Ao, menyo o. Gake nusita wole afisia enye si: ‘Roma-dziɖula, Kaisaro Augusto de se be amesiame natrɔ ayi wo dedu me, afisi wodzii ɖo, be woaŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ me. Eye Betlexem afisiae wodzi Yosef ɖo. Gake esi wo kple Maria wova ɖo la, womekpɔ xɔ ɖe teƒe aɖeke o. Eyata wòle be woava lã siawo gbɔ. Eye ŋkeke sia tututu dzie Maria dzi Yesu! Gake abe alesi nàte ŋu akpɔe ene la, eƒe lãme le nyuie.
Èkpɔ alẽkplɔla, siwo gbɔna Yesu kpɔ ge ɖa la? Wole woƒe alẽwo kplɔm le gbedzi le zã me, eye keklẽ aɖe klẽ ƒo xlã wo. Mawudɔla aɖee! Alẽkplɔlawo vɔ̃ ŋutɔ. Gake mawudɔla la gblɔ be: ‘Migavɔ̃ o! Meva nyanyui gblɔ ge na mi. Wodzi Kristo, Aƒetɔ la egbe le Betlexem. Aɖe amewo! Miakpɔe woxatsa avɔ ɖe eŋu le lãwo ƒe nuɖunu me.’ Enumake mawudɔla geɖewo va hede asi Mawu kafukafu me. Tete alẽkplɔla siawo ɖe abla yi Yesu di ge, eye fifia wova ke ɖe eŋu.
Ènya nusitae Yesu nye ame vevi nenema? Ènya amesi tututu wònyea? Ðo ŋku edzi be le agbalẽ sia ƒe ŋutinya gbãtɔ me la, woƒo nu na mí tso Mawu ƒe Vi gbãtɔ ŋu. Vi sia wɔ dɔ kple Yehowa le dziƒo kple anyigba kpakple le nusianu wɔwɔ me. Eyae nye Yesu!
Yehowa ɖe Via ƒe agbe tso dziƒo hede Maria ƒe vidzidɔ me. Enumake ɖevi la te tsitsi le dɔme nɛ abe alesi ɖevi bubuwo tsina le wo dadawo ƒe dɔme ene. Gake vidzĩe sia nye Mawu ƒe Vi. Mlɔeba la, wodzi Yesu ɖe lãkpɔ sia me le Betlexem. Fifia èkpɔ nusitae mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ nenema be wote ŋu gblɔ na amewo be wodzi Yesua?