INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 111
  • Ŋutsuvi Si Dɔ Alɔ̃ La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsuvi Si Dɔ Alɔ̃ La
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Si Me Wòle Be Míanɔ Ŋute
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Ŋutinye Kɔ Tso Amewo Katã Ƒe Ʋu Me”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Ʋugbagbã Le Ƒukpo Aɖe Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Timoteo—Paulo Ƒe Kpeɖeŋutɔ Yeye
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 111
Eutiko si ku la le anyigba

ŊUTINYA 111

Ŋutsuvi Si Dɔ Alɔ̃ La

OO! OO! Nukae le dzɔdzɔm le afisia? Ðe nuvevi wɔ ɖevi ma, si dra ɖe anyigba la? Kpɔ ɖa! Paulo le ŋutsu, siwo tso aƒea me gbɔna la dome. Èkpɔ Timoteo hã le afima? Ðe ɖevi la ge tso fesrea nua?

Ẽ, nu ma tututue dzɔ. Paulo nɔ nu ƒom na nusrɔ̃lawo le Troa afisia. Enya be yemegale wo kpɔ ge azɔ o hena ɣeyiɣi didi aɖe, elabena ne ŋu ke la, ele tɔdziʋu ɖo ge adzo. Eyata enɔ nu ƒom vaseɖe zãtitina.

Ŋutsuvi sia, si ŋkɔe nye Eutixo la nɔ anyi ɖe fesre nu hedɔ alɔ̃. Emli to fesrea, tso dziƒoxɔ tuɖedzi etɔ̃lia dzi va dze anyigba! Eyata èkpɔ nusita ameawo lé blanui nenema ɖo. Esi wokɔ ɖevia la, eku, abe alesi wovɔ̃e ene!

Esi Paulo kpɔ be ŋutsuvia ku la, ebɔbɔ ɖe edzi helée alɔ eve. Egblɔ be: ‘Migavɔ̃ o. Meku o!’ Meku o vavã! Nukunue wònye! Paulo gbɔ agbee! Dzidzɔkpɔkpɔ yɔ amehawo fũ.

Wo katã wogalia yi dziaƒo heɖu nu. Paulo nɔ nuƒoƒo dzi vaseɖe esime ŋu ke. Gake àte ŋu aka ɖe edzi be ne Eutixo trɔ yi la, magadɔ alɔ̃ ake o! Emegbe Paulo, Timoteo, kple amesiwo le zɔzɔm kpli wo la ɖo tɔdziʋu. Ènya afisi yim wolea?

Paulo kple Timoteo kpɔ Eutiko si ge tso dziƒoxɔ dzi heku la

Esusɔ vie Paulo nawu eƒe gbeƒãɖeɖe ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu, eyata etrɔ yina aƒe. Le mɔzɔzɔ sia me la, Paulo nɔ Efeso ɖeɖe ƒe etɔ̃ sɔŋ. Eyata esia nye eƒe mɔzɔzɔ, si didi wu evelia gɔ̃ hã.

Esi wodzo le Troa la, ʋu la va tɔ ɖe Mileto vie. Esi wònye Efeso medidi tututu o ta la, Paulo ɖo ame ɖe hamemegã, siwo le hamea me la be woava Mileto ne yeaƒo nu na wo zi mamlɛtɔ. Emegbe esi ɣeyiɣi de be ʋua naho la, Paulo ƒe dzodzo la na woxa nu ŋutɔ!

Mlɔeba la, ʋu la va ɖo Kaisarea. Esi Paulo nɔ nusrɔ̃la Filipo ƒeme le afisia la, nyagblɔɖila Agabo xlɔ̃ nu Paulo. Egblɔ be ne Paulo yi Yerusalem la, woadee gaxɔ me. Eye esia va eme vavã. Esi Paulo nɔ gaxɔ me le Kaisarea hena ƒe eve la, wokplɔe yi Roma-dziɖula Kaisaro gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui. Na míakpɔ nusi dzɔ le mɔa dzi esime wòyina Roma la ɖa.

Dɔwɔwɔwo ta 19 vaseɖe 26.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe