Ta 8
‘Fiaɖuƒea Gogo’
1. Nukata Yohanes ƒe nya siwo le Mateo 3:1-10 sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi?
MINA míadzro nusiwo “Amegã, si Wosi Ami Na” la wɔ le eƒe vava zi gbãtɔa me la me ayi ŋgɔe. Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela nue wose gbeƒãɖeɖe dovodiname sia le zi gbãtɔ be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.” (Mateo 3:2) Ɣemaɣi la, esusɔ vie ne amesi ava nye Fia le etsɔme la nava! Esi ‘kwasiɖa blaadrelia’ si nye amenuveve tɔxɛ ƒe “kwasiɖa” la nɔ ɖoɖom la, enye ɣeyiɣi vevi aɖe na Yudatɔwo be woatrɔ tso woƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe se dzɔdzɔe siwo woƒe Mawu Yehowa de na wo la me. Elabena fifia Israel nɔ gegem ɖe ʋɔnudrɔ̃ɣi me. Eyata Yohanes yi edzi gblɔ na dukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo be: “Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ. Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo: Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.”—Mateo 3:7, 8, 10.
2. (a) Aleke Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ to vovoe? (b) Esi “wòdze dɔ gɔme la,” nɔnɔme ka mee wòva hiã be wòato?
2 Ɣemaɣie Yesu tso Galilea va Yordan-tɔsisia to hebia Yohanes be wòanyrɔ̃ ye. Yohanes nya be nuvɔ̃ mele Yesu ŋu o, eye wògbe gbã. Gake Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ato vovo. Eɖo kpe edzi be etsɔ eɖokui na Yehowa be yeawɔ dɔ tɔxɛ si Fofoa ɖo nɛ be wòawɔ le anyigba dzi la. Eyata esɔ be wona nyɔyrɔ̃ Yesu ɖe tsi me.
“Edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena. Eye Yesu ŋutɔ, esi wòdze dɔ gɔme la, exɔ ƒe anɔ ƒe blaetɔ̃.”
Esi wònye Mesia kple amesi wotia be wòava zu Fia ta la, Abosam si nye Da xoxo la kple Yuda-subɔsubɔhakplɔla mawo siwo gblɔ alakpatɔe be yewosubɔa Mawu la tɔ ŋkui enumake.—Luka 3:21-23.
3. Aleke Yesu ƒe nuwɔna le tetekpɔ me to vovo tso alesi Adam kple Xawa wɔ nui gbɔ?
3 “Eye Yesu, esi wòyɔ fũ kple gbɔgbɔ kɔkɔe la, egbugbɔ tso Yordan nu, eye gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi, eye Abosam le etem kpɔ ŋkeke blane sɔŋ.” (Luka 4:1, 2) Satana nya be Yesue nye “Dzidzimevi” si ŋugbe Mawu do si agbã ta na Abosam kple eƒe “dzidzimevi” vɔ̃ɖi la le ɣeyiɣi si dze me. Ðe Satana ate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖoa me to alesi wòana Yesu nagbe toɖoɖo Eyama mea? Yesu tsi nu dɔ ŋkeke 40 sɔŋ. Eyata Abosam gblɔ na Yesu si dɔ nɔ wuwum la be wòatrɔ kpe aɖewo siwo le gbedadaƒo mawɔnu la woazu abolo. Ŋusẽ va le Yesu ŋu fifia be wòawɔ nukunuwo, gake eyɔ Yehowa ƒe se dzɔdzɔe la hegblɔe wòsɔ be:
“Woŋlɔ ɖi bena: ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.’” (Mateo 4:1-4; Mose V, 8:3)
Aleke gbegbe wòto vovo tso Xawa kple srɔ̃a, Adam, siwo gbe toɖoɖo heɖu atikutsetse si nu wode se ɖo togbɔ be nuɖuɖu bubu geɖe li si woate ŋu aɖu hafi la gbɔe nye si!
4. Nukae míate ŋu asrɔ̃ le alesi Yesu kpe akɔ kple tetekpɔ evelia la mee?
4 Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ kple ŋuɖoɖo ɖe Fofoa ŋu bliboe fia le alesi wòkpe akɔ kple tetekpɔ si kplɔe ɖo me. Satana dze agbagba be yeana Yesu nasusu be yele vevie le esi yenye Mawu ƒe Vi ta—be yenye ame xɔŋkɔ aɖe. Ẽ, be wòana wòadzo dzodzro tso gbedoxɔa ƒe tsutsuẽƒe adze anyigba eye mawudɔlawo axɔe ɖe woƒe asiwo me godoo be nuvevi nagawɔe o. Gake Yesu gbe susu gbegblẽ sia eye wògayɔ nya tso Yehowa ƒe sea me gblɔ be:
“Wogaŋlɔ ɖi hã bena: ‘Megate Aƒetɔ, wò Mawu la, kpɔ o!’” (Mateo 4:5-7; Mose V, 6:16)
Nusɔsrɔ̃ le esia me na amesiwo katã gblɔna be yewonye Mawu subɔlawo vaseɖe egbea: Mele be ame aɖeke nawɔ eƒe tenɔnɔ le Yehowa ŋkume ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu o. Menye subɔsubɔdɔ si míewɔ alo ɖoƒe si míenɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me dzie Mawu anɔ te ɖo ayra mí o, ke boŋ alesi míayi edzi aɖo toe le ɖokuibɔbɔ blibo me kple bubu deto dede eƒe ɖoɖowo kple nudidiwo ŋu dzie wòanɔ te ɖo.—Filipitɔwo 2:5-7.
5. (a) Nya vevi ka ŋue tetekpɔ etɔ̃lia ku ɖo? (b) Aleke Yesu gazã Mawu ƒe se tsɔ ɖo eŋui? (d) Aleke esia nye kpɔɖeŋu nyui na mí egbea?
5 Tetekpɔ mamletɔ si wòtsɔ ƒo etae la ɖo dzi azɔ! Aleke gbegbe wòahavivi na Satanae nye si ne ɖe wòte ŋu ble Yesu le Fiaɖuƒea ŋuti nyaʋiʋli gã la me! Eyata “Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi, eye wòɖe xexeme fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae; eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” Satana gblɔ be ne Yesu na ta le mɔ bɔbɔe sia nu la, ate ŋu aɖu ameƒomea ƒe xexeme blibo si nɔ anyi ɣemaɣi la dzi esi mahiã be wòalala ƒe alafa geɖe vaseɖe Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi hafi o. Gake Yesu gahe susu yi Yehowa ƒe se dzi heɖo eŋu be:
“Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’” (Mateo 4:8-10; Mose V, 6:13)
Esia hã ganye kpɔɖeŋu nyui aɖe na amesiwo le Yehowa subɔm egbea! Aleke kee wòadze abe ɖe mɔ la didi ene o, mele be amesiwo le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa la nadzudzɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea tsɔtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me gbeɖe o. Mele be woatrɔ megbe ava ɖo woa ŋutɔwo ƒe “fiaɖuƒe” suewo le Satana ƒe xexe si me ŋutilãmenudidi le la me gbeɖe o.
“WOMETSO XEXEAME O”
6. (a) Mɔ ka nue Fiaɖuƒea gogo le fifia? (b) Yesu ƒe kpɔɖeŋu ka yomee wòle be Kristotɔwo nadze le wɔwɔ ɖe Petro I, 2:21 dzi me?
6 Esime Yesu ɖu Abosam ƒe tetekpɔwo dzi vɔ la, nukae wògawɔ? Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ na mí be:
“Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!”
Fiaɖuƒea ɖo vɔ le mɔ ka nu? Le gɔmesese sia nu be Yesu Kristo ŋutɔ, amesi wosi ami na be wòava nye Fia la va ɖo eye wòle “nu fiam . . . eye wòle gbeƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyui.” Ameha geɖe dze eyome nɔ yiyim. (Mateo 4:17, 23-25) Yesu na eme kɔ ƒã be amesiwo xɔ yeƒe nufiafia la ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi yemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.’ Ele be woaɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame kple eƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ me. Ele be amesiwo katã di be yewoadze Yesu yome egbea la nawɔ nenema ke.—Yohanes 17:14, 16; Petro I, 2:21; kpɔ Mateo 5:27, 28; 26:52 hã.
7. Le Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 8:44 ta la, nukata wòle vevie be míadzro subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nufiafiawo me atsɔ asɔ kple Biblia?
7 Yesu gblɔ na eƒe ŋkekea me subɔsubɔhakplɔlawo le alakpasubɔsubɔ ŋuti be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ. Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Enɔ vevie le ɣeyiɣi mawo me be ame tsɛwo naɖe wo ɖokui ɖa tso alakpakɔnu (si wotsɔ kpe ɖe Talmud la ŋu emegbe) siwo va nɔ Yuda-subɔsubɔ me la gbɔ. Eye egbea hã ele vevie be amesiwo nɔ wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔ me le woƒe agbenɔnɔ katã me, abe Yudatɔwo ene la, nadzro eme akpɔ be yewoƒe subɔsubɔhakplɔlawo ‘ɖe’ Mawu ƒe nya la ‘ɖa’ hele amegbetɔ ƒe kɔnu dzodzrowo fiam hã.—Marko 7:9-13.
8, 9. (a) Nukatae Yesu gblɔ be yeƒe Fiaɖuƒe “metso xexe sia me o”? (b) Ekema nukatae Kristotɔ vavãtɔwo doa go yometiti? (d) Nukatae wòle be dzi nanɔ wo ƒo?
8 Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu be woawui la, egblɔ na eƒe ɣeyiɣia me dunyahedziɖuɖuwo be:
“Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.”
Dziƒoe Yesu ƒe Fiaɖuƒea tso. Fiagã Yehowa Mawu gbɔe eƒe ŋusẽ tso, ke menye Satana gbɔ o. Eyata Satana na eƒe “dzidzimevi” siwo le anyigba dzi ti Yesu kple eyomedzelawo yome.—Yohanes 18:36.
9 Eyata Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃la vavãtɔwo be: “Esiawo ƒe se dem mele na mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo. Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.” (Yohanes 15:17-19) Woléa fu Yehowa subɔlawo hetia wo yome vevie vaseɖe míaƒe ŋkeke siawo me elabena woɖea wo ɖokui ɖa tso dunyahehe gbegblẽwo kple ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo bɔ egbea la gbɔ. Gake teƒeɖoɖo nyui aɖe li na amesiwo katã aɖu xexeame dzi mlɔeba. Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be: “Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.”—Yohanes 16:33.
FIANYENYE ƑE NUDIDIWO
10, 11. (a) Nukae fia be menye Mawu ƒe ŋusẽe xexeamedziɖulawo tsɔ le dzi ɖum o? (b) Aleke Yesu ya ɖee fia be yedze be yeanye fia?
10 Nɔnɔme kawoe nàdi be yeakpɔ le xexemedziɖula ŋu? Dziɖula siwo ƒe ŋkɔwo dze le ŋutinya me ƒe akpa gãtɔ nye “ŋusẽtɔwo,” dadalawo, kple amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo. Zi geɖe la, wotsɔ ɖe le woa ŋutɔwo ƒe ŋgɔyiyi me gbã wu wo teviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ. Wo dometɔ aɖewo ƒo adegbe be yewoɖo fiaɖuƒe gãwo, gake woƒe fiaɖuƒe sesẽawo va gbã mlɔeba, esi ɖo kpe nya siwo Fia Salomo gblɔ ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” (Psalmo 127:1) Le nyateƒe me la, ‘fia’ siawo ɖee fia be menye Mawu gbɔe yewoƒe dziɖuŋusẽ tso o. Woƒe fianyenye metso Yehowa Mawu gbɔ o.
11 Gake wogblɔ ɖi le Yesu Kristo, Fia si Mawu si ami na la, ŋu be eyina aʋa kpe ge kple eƒe futɔwo le ‘ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye me.’ Wogblɔ le eŋu be: “Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu nu vɔ̃ɖi, eyata Mawu, wò Mawu la, si dzidzɔmi na wò ƒo hawòviwo ta”—siwo nye fia siwo do tso Dawid ƒe ƒomea me siwo do ŋgɔ nɛ. (Psalmo 45:5, 8) Esi Dziƒofia la lé fu nusianu si doa vlo Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la hedaa Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi ta la, aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi atsɔ ahe dziɖuɖu dzɔdzɔe vɛ le ɣeyiɣi si sɔ me. Ðe Yesu ɖee fia be yedze be yeanye dziɖula sia tɔgbea? Ẽ, eɖee fia wòdze ƒã!
12. Subɔsubɔ kɔkɔe ƒe kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí?
12 Esime Yesu nye amegbetɔ deblibo la, eɖo kpɔɖeŋu nyui le Mawu kple ehavi amegbetɔwo lɔlɔ̃ me. Esi Yesu nye Mawu ƒe dukɔ Israel si ɖe adzɔgbe na Yehowa me tɔ ta la, eɖo kpɔɖeŋu nyui le sedede eve siwo nye vevitɔwo kekeake la dzi wɔwɔ me. Egblɔ be: “[Sedede] gbatɔ̃ enye: Israel, ɖo to, [Yehowa], míaƒe Mawu la, [Yehowa] ɖeka wònye. Eye nalɔ̃ [Yehowa], wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ. Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” (Marko 12:29-31; Mose V, 6:4, 5) Yesu tsɔ eɖokui na Yehowa subɔsubɔ kple le nufiafia ehavi Yudatɔwo bliboe me. Esime amesiawo te kpɔ be yewoasikae ɖi ne yewoase nya geɖe wu tso egbɔ la, egblɔ na wo be:
“Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:43)
Yesu wɔ dɔ vevie le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔna me, eye wònye kpɔɖeŋu na Kristotɔ vavãtɔwo katã be woasrɔ̃.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 5:17.
13, 14. (a) Aleke Yesu bu amewoe? (b) Nukatae wòdo go yi ɖaɖe gbeƒã, eye nukatae wòdɔ ame bubuwo ɖo? (d) Dzikpɔkpɔ ka ƒomevie amegbetɔwo ate ŋu akpɔ mɔ na le Fiaɖuƒea te?
13 Yesu ɖe lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu fia. Edi vevie le eƒe dzi me be yeakpɔe yeƒe amewo navo tso agba kpekpe siwo amesiwo tea wo ɖe anyi le mawusubɔsubɔ me ɖo wo dzi la me. Eyata egblɔ Fiaɖuƒea ŋuti nya na wo eye wòdɔ eƒe nusrɔ̃lawo hegblɔ be:
“Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ bena: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’”—Mateo 9:35–10:7.
14 Fia sia si woɖo la kpe amewo be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Ne Yesu va nye Mawu ƒe Dziƒofia si le ameƒomea katã dzi ɖum la, aɖe veveseɖeamenu ma ke afia eye akpɔ egbɔ be ye hati Fiaɖuƒea ƒe dziɖulawo nawɔ ɖoɖo ana gbɔdzɔe si amegbetɔ hiã ŋutɔŋutɔ la wo ahakpɔ wo dzi le dɔmenyo me, abe alesi wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi ene. Amesiwo katã anɔ Yesu ƒe Fiaɖuƒea te akpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo vavã.
NUTEƑEWƆWƆ SI ŊU KPƆTSƆTSƆ MELE O
15. Aleke Yesu ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu bliboe?
15 Ƒo ye katã ta la, Fia si ava ɖu ameƒomea dzi la ɖe nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o na Fofoa si le dziƒo fia vaseɖe eƒe ŋutasesẽ ƒe ku le fuwɔameti ŋu. Esi gaƒoƒo si me woawu Yesu nɔ aƒe tum la, edo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.” Yehowa ƒe gbe ɖi tso dziƒo heɖo eŋu be: “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.” Yesu ɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu bliboe le Fofoa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me. Eɖee fia be ame deblibo ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ ɖesiaɖe ƒomevi si futɔ la ahe va edzii me. Eyata Yesu te ŋu gblɔ be: “Azɔ xexe sia me ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo; fifi ko woatsɔ xexe sia me fia [Satana] aƒu gbe”—woaɖi gbɔe keŋkeŋ si aɖo kpe edzi be alakpatɔe wònye. Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nye ‘da la ƒe dzidzimevi’ la ana woaɖu “afɔkpodzi” na Mawu ƒe habɔbɔ si le abe nyɔnu ene ƒe “dzidzimevi” la wòavee, gake Mawu afɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la ɖe tsitre ayi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me.—Mose I, 3:15; Yohanes 12:27-31.
16, 17. (a) Nukatae míeka ɖe amesi aɖu Fia ɖe anyigba dzi le etsɔme la dzi vevie? (b) Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be paradisonyigba ƒe mɔkpɔkpɔa nye nu ŋutɔŋutɔ? (d) Ðe wòle be alesi nènɔ agbe tsãe la naxe mɔ na wò le mɔkpɔkpɔ ma yometiti mea?
16 Alesi Yesu lɔ̃ dzɔdzɔenyenyee, eƒe fuléle sedzimawɔmawɔ, eƒe lɔlɔ̃ deto na ameƒomea kple esi ƒo ye katã ta la, eƒe toɖoɖo bliboe le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me nye kafukafu na Yehowa ƒe ŋkɔ—nusiawo katã ɖo kpe edzi be Vi nuteƒewɔla sia nye amesi dze nyuie be wòanye Fia ɖe anyigba dzi le etsɔme. Ðe màdi be yeayi ɖe agbe mavɔ me ahanye fia sia tevi si akpɔ dzidzɔ oa?
17 Aleke kee wò agbenɔnɔ nyo alo gblẽ vaseɖe fifia o, agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba si ŋu wokɔ dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ma ate ŋu asu asiwò. Wona tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ sia fiafitɔ ma si trɔ dzi me si wowu kpe ɖe Yesu ŋu la gɔ̃ hã! Elabena esime wògblɔ na Yesu be, “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me” la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea bena, Ànɔ Paradiso la me kplim.” (Luka 23:42, 43, NW) Eteƒe madidi o, Paradisoa ava zu nu ŋutɔŋutɔ. Ðe wò hã nètsɔ gbedodoɖa le Fiaɖuƒea kple eƒe yayrawo ƒe ‘vava’ dim veviea?
[Nɔnɔmetata si le axa 77]
AME VEVITƆ KEKEAKE SI NƆ ANYIGBA DZI KPƆ
Fia si wotia la wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ke, eye wòtsɔ eƒe ʋu si wòkɔ ɖi xe tafe ɖe ameƒomea ta heɖe wo tso nuvɔ̃ kple ku me