Ta 9
Fiaɖuƒedomenyilawo Wɔa Nuteƒe
1. (a) Nukatae Yesu kpɔ ŋkɔ si ƒo ɖesiaɖe ta? (b) Amekawoe eƒe kpɔɖeŋua aɖe vi na, eye alekee?
ESI Yesu wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ke la, ekpɔ ŋkɔ si ƒo mawudɔlawo tɔ ta sã. Le Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le katã dome la, eyae nye Amesi ɖee fia be Mawu ƒe vi ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu bliboe eye wòto esia me ɖee fia be Satana nye aʋatsokala. Eyata apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Esi wòwu míaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu [to tafea nana me] vɔ la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo.” Kpɔɖeŋu wɔnuku kae nye si wòɖo na amesiwo katã le Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ lalam—na “ha sue” la me tɔ siwo anyi dziƒofiaɖuƒea dome kple amesiwo anye Fiaɖuƒe ma tevi siwo anɔ anyigba dzi la siaa! Apostolo ma ke gagblɔ emegbe be: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe fuwɔameti ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 1:3, 4; 12:1, 2.
2-4. (a) Aleke Yesu na hehe eƒe nusrɔ̃lawo vivivi hewɔ ɖoɖo na wo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋui? (b) Aleke míewɔ nya be wotsɔ “nyanyui” la yi ɖe amewo ƒe aƒewo me? (d) Kpɔɖeŋu nyui kae dɔwɔna sia nye na Mawu subɔlawo egbea?
2 Menye ɖeko Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui na eyomedzelawo ko o, ke efia nu wo hã eye wòna hehe wo ale be woate ŋu ayi edzi awɔ Mawu ƒe dɔ le eƒe dzodzo megbe.
“Eyi ɖato duawo kple kɔƒeawo me, hele mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia; eye ame wuieveawo le eŋu.”—Luka 8:1.
3 Emegbe Yesu dɔ ame 12 mawo be woa ŋutɔwo woayi ne “woaɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe le dɔlélawo ŋu.” “Woyi ɖato kɔƒeawo me hele nyanyui la gblɔm fia, eye wole gbe dam le amewo ŋu le afisiafi.” (Luka 9:2, 6) Ele na wo be woadi amesiwo dze le duwo kple kɔƒewo me eye wowɔ esia to ameawo ƒe aƒewo me yiyi me. Ebia be woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi dzideƒotɔe le tsitretsitsi ɖe gbedasia ŋu ta, abe alesi wòle le Yehowa Ðasefowo hã gome le anyigbamamã geɖe me egbea ene. Yesu gblɔ be: “Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi.”—Mateo 10:7, 11-14.
4 Emegbe esime Yesu tia nusrɔ̃la 70 bubuwo la, egblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome.” Ele be amesiawo hã nayi ameawo ƒe aƒewo me, elabena Yesu yi edzi gblɔ be: “Aƒe, si ke me miayi ɖo la, gbã migblɔ bena: Ŋutifafa na aƒe sia! Eye ne ŋutifafame aɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agagbugbɔ ava mia dzi.” Ne ameawo meɖo to “nyanyuia” o hã la, ele be woagblɔ na wo be Mawu ƒe Fiaɖuƒea gogo! (Luka 10:3-11) Esia nye dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le egbea ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe esime wotsɔa Mawu ƒe akɔfagbedasi si ganye nuxlɔ̃ame la le yiyim tso aƒeme yi aƒeme.—Yesaya 61:1, 2.
GBEƑÃÐEÐE TOGBƆ BE YOMETITI LI HÃ
5. Mɔ kawo nue Yesu si wofɔ ɖe tsitre la te gbe ɖe dɔ si ƒomevi dze ŋgɔ eyomedzelawo dzii le?
5 Esime Yesu ku la, nusrɔ̃la mawo ka hlẽ. Gake le eƒe tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia wo zi geɖe le amegbetɔŋutilã me be yeade dzi ƒo na wo ahado ŋusẽ wo. (Korintotɔwo I, 15:3-8) Le Yesu ɖokui ɖeɖefia wo alea dometɔ ɖeka me la, ebia Petro zi etɔ̃ be elɔ̃ ye ŋutɔŋutɔ eye melɔ̃a nu le ye gbɔ o hã. Esia ve Petro vevie, gake eɖo kpe edzi nɛ zi etɔ̃ be ele be Petro nanyi yeƒe “alẽawo” kple “alẽviawo” ahakpɔ wo dzi atsɔ aɖe lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ ma afia. (Yohanes 21:15-17) Esi Yesu ɖe eɖokui fia ɣebubuɣi la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃la anukwaretɔ 11 mawo be:
“Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:18-20)
Dɔ geɖe ŋutɔ nɔ wo ŋgɔ.
6. Nukata Yesu ƒe nusrɔ̃lawo awɔ ‘dɔ siwo lolo wu’?
6 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo xoxo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mí bena: Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ, elabena nye la meyina Fofo la gbɔ.” (Yohanes 14:12) Woakpe anyigbamamã geɖe ɖo wu esi wòte ŋu kpe ɖo eye woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea le ɣeyiɣi si didi wu ŋutɔ me.
7. Nukunu kae na woɖi ɖase nyuie le Pentekoste-ŋkekea dzi, eye nu ɖedzesi kae do tso eme?
7 Esime Yesu va ɖo Fofoa ƒe nuɖusime le dziƒo megbe la, ewɔ nukunu aɖe. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, ekɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ lalam la dzi tsɔ si ami na wo be woava nye Mawu ƒe dziƒofiaɖuƒea domenyilawo kple ye. Mlɔeba la, woatia ame 144,000 tso ameƒomea me be woava nye fiawo kple nunɔlawo kple Kristo le dziƒo. Esi woɖi ɖase nyuie le ŋkeke ɖeka ma ko dzi ta la, ame 3,000 siwo nye Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo xɔ nya la tso dzime eye wona nyɔnyrɔ̃ wo.—Yohanes 14:2, 3; Nyaɖeɖefia 14:1-5; 20:4, 6; Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 14, 40, 41.
8-11. (a) Ʋiʋli kae va ɖo Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo kple apostoloawo dome? (b) Aleke apostoloawo ɖee fia be yewonye nuteƒewɔlawo? (d) Le Dɔwɔwɔwo 5:40-42 ƒe nya nu la, kpɔɖeŋu nyui kae apostoloawo ɖo ɖi na Mawu subɔlawo egbea?
8 Gbeƒãɖeɖe “nyanyui” la kaka ɖe Yerusalem-nutoa me abe alesi dzo dzea gbe ene. Eye nenema ke tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu hã dzi ɖe edzii. Eteƒe medidi o wohe apostoloawo yi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si nye Sanhedrin la eye wode se na wo be womegaƒo nu le Yesu ƒe ŋkɔ me o. Ðe woalé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asia? Petro kple Yohanes ɖo eŋu be: “Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ! Elabena míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” Woɖe asi le apostoloawo ŋu ɣemaɣi eye wo kple woƒe zɔhɛwo da akpe na Mawu enumake eye woɖe kuku nɛ be: “Azɔ, Aƒetɔ [Yehowa], . . . nana be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” Eyata Yehowa ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe wo ŋu woyi edzi ɖe gbeƒã.—Dɔwɔwɔwo 4:19, 20, 29, 31.
9 Subɔsubɔhakplɔlaawo galé apostoloawo ake eye wode wo gaxɔ me. Gake menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woanɔ afima o. Le zã me la, Yehowa ƒe dɔla va ɖe wo ale be esi ŋu ke la, wokpɔ wo wonɔ nu fiam ake le Yerusalem-gbedoxɔa me.—Dɔwɔwɔwo 5:17-21.
10 Nukae Sanhedrin la ate ŋu awɔ atsɔ atsi “nyanyui” la ƒe takeke nui? Wogakplɔ apostoloawo yi ʋɔnui eye nunɔlagã la tso wo nu be: “Ðe menye se míede na mi bena: Migafia nu ɖe ŋkɔ sia dzi oa? Eye kpɔ ɖa, mieyɔ Yerusalem fũ kple miaƒe nufiafia, eye miele didim be, miatsɔ ame sia ƒe ʋu aɖo mía dzi.” Alesi apostoloawo ɖo eŋu tamanamanatɔe la gaɖina le ƒe alafa 19 siwo va yi me be:
“Ele be, woabu Mawu [dziɖulae] awu amewo”!
Nukae Yudatɔwo ate ŋu awɔ nuteƒewɔla siawo? Sefiala Gamaliel ɖo aɖaŋu si me nunya le be: “Mite ɖa le amesiawo gbɔ, eye miɖe asi le wo ŋu; (elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o,) bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:27-39.
11 Eyata woƒo apostoloawo hede se na wo be woadzudzɔ nuƒoƒo eye woɖe asi le wo ŋu. Aleke wowɔ nui? Wokpɔ dzidzɔ be wobu yewo be yewodze be yewoakpe fu le Yesu ƒe ŋkɔa ta.
“Eye gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔwɔwɔwo 5:40-42)
Fiaɖuƒedomenyila siawo ɖoe kplikpaa be yewoado dzi le nusiwo hiã me ale be yewoate ŋu ayi Mawu ƒe dɔa wɔwɔ dzi. Woto esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu vavã la ƒe Ðasefo siwo katã yi edzi le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒea “le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” vaseɖe fifia la.—Dɔwɔwɔwo 20:20, 21.
FIAÐUƑEA ŊUTI “NYANYUI” LA KEKE TA
12. Abe alesi woɖee fia le Dɔwɔwɔwo 8:1-4 ene la, alekee yometiti naa “nyanyuia” kakana zi geɖe?
12 Yometitia nu gasẽ ɖe edzi ake, eyata ameawo katã ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me, negbe apostoloawo koe mele eme o. Gake ɖeko esia gana ɖaseɖiɖia keke ɖe enu, elabena “amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:1-4) Dzidzɔtɔe la, esia ke dzɔ le egbegbe ɣeyiɣiwo me. Ne ŋutasẽdziɖuɖuwo dze agbagba be yewoatɔ te Yehowa Ðasefowo to wo kaka hlẽ ayi saɖaganutowo me la, woyia edzi ɖea gbeƒã le afima eye “nyanyui” la kakana.
13, 14. (a) Ɣekaɣie Mawu ƒe amenuvekwasiɖa na Yudatɔwo wu enui, eye amekawoe wova xɔ ɖe Fiaɖuƒedomenyilawo me ɣemaɣi? (b) Aleke Paulo ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 13 kple Romatɔwo 11 ɖe esia fiae?
13 Gake le ƒe alafa gbãtɔ ƒe ɣeyiɣiawo me la, ɖe Yudatɔwo kple Samariatɔ siwo te ɖe wo ŋu koe woatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi naa? Ðe amesiwo katã anɔ dziƒofiaɖuƒea me la ƒe xexlẽme bliboa atso woawo ɖeɖe domea? Togbɔ be wowɔ ɖaseɖiɖidɔ gã aɖe le wo dome hã la, menye nenema wòanɔ o. Edze ƒã be le ƒe 36 M.Ŋ. si nye ɣeyiɣi si me Mawu ƒe “kwasiɖa” tɔxɛ si me amenuveve nɔ na Yudatɔwo la wu enu me la, Yehowa fia mɔ Petro be wòayi Italia-srafomegã Kornelio gbɔ le eƒeme le Kaesarea. Esime Petro nɔ gbeƒã ɖem na amesia si menye Yudatɔ o kple eƒe aƒemetɔwo la, gbɔgbɔ kɔkɔea va wo dzi eye wòsi ami na wo be woanye Fiaɖuƒedomenyilawo. Wona nyɔnyrɔ̃ wo wova zu Trɔ̃subɔla aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ siwo zu Kristotɔwo.—Dɔwɔwɔwo 10:1-48.
14 Emegbe esime apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo do go Yudatɔ siwo nɔ Antioxia le Pisidia-nuto me ƒe tsitretsiɖeŋu sẽŋu la, egblɔ na Yudatɔ mawo be: “Ele vevie bena, woagblɔ mawunya na mi gbã; ke esi mieɖee ɖa tso mia gbɔ, eye miebu mia ɖokui be, miedze agbe mavɔ la o la, kpɔ ɖa, míetrɔ yi trɔ̃subɔlawo gbɔ. Elabena nenema Aƒetɔ [Yehowa] de se na mí bena: ‘Meɖo wò nanye trɔ̃subɔlawo ƒe kekeli, bena nanye xɔxɔ hena anyigba ƒe seƒe ke.’” (Dɔwɔwɔwo 13:46, 47) Paulo gblɔ emegbe le kpɔɖeŋu bubu me be, Yudatɔ dzimaxɔsetɔ mawo le abe amiti ƒe alɔ siwo wolã ɖa ene. Woate ŋu akpɔ Fiaɖuƒedomenyilawo ƒe xexlẽme bliboa le Yudatɔwo ɖeɖe dome hafi. Gake wotsɔ ‘trɔ̃subɔla’ siwo le abe gbemiti ene do ɖe wo dome ɖe wo teƒe eye “woaxɔ [gbɔgbɔ me] Israel blibo la” si nye Fiaɖuƒea me tɔwo katã “ɖe agbe.”—Romatɔwo 11:13-26; Galatiatɔwo 6:16.
NUTEƑEWƆWƆ LE ‘XAXAWO’ ME
15, 16. (a) Nukae Paulo wɔ hegblɔ le ‘xaxawo’ ŋu, eye kpɔɖeŋu nyui kae esia nye na mí? (b) Nukae wòle be wòanye míaƒe nɔnɔme ɖe dziɖuɖuwo alo ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ŋu, eye emetsonu ka ƒe ŋugbee wodo na mí?
15 Togbɔ be apostolo Paulo gakpɔ yometiti bubuwo hã, dzikpɔla mɔzɔla anukwaretɔ ma gatrɔ yi Antioxia be yeado ŋusẽ nusrɔ̃lawo ahade dzi ƒo na wo eye be yeatu hamea ɖo. Ɣemaɣie Paulo gblɔ be:
“Xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.”—Dɔwɔwɔwo 14:21-23.
16 Paulo do go nɔnɔme sesẽwo kple dodokpɔwo zi geɖe. Gake eɖo kpɔɖeŋu ɖi le eƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me. Eɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ame geɖe siwo wòle be woaʋli xɔse la ta vevie le míaƒe ɣeyiɣia me. Ele na amesiawo dometɔ aɖewo be woado dzi le ƒoƒowo, gaxɔmenɔnɔwo, kple woƒe agbe ŋutɔ si ɖo afɔku me la me. Tsitretsiɖeŋu tsoa ŋutasẽdziɖuɖuwo, alo ƒometɔ siwo wolɔ̃ vevie gɔ̃ hã gbɔ. Wo dometɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo gbe nu le wo gbɔ le esi woxɔ “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la hewɔ nu ɖe enu ta. (Mateo 24:14) Gake Yesu ƒe nya siawo fa akɔ na amesiawo ŋutɔ be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyui la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo hekpe ɖe yometitiwo ŋuti, kple agbe mavɔ le xexe, si gbɔna la me.” (Marko 10:29, 30) Wokpɔa “teƒeɖoɖo alafa” vavã le woƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa kple Via me kpakple le woƒe hadede dzidzɔtɔe kple Yehowa ƒe ƒome si le anyigba bliboa katã dzi la me.
17. (a) Tetekpɔ kawo mee wòle be Kristotɔ gbãtɔwo nado dzi le? (b) Kpɔɖeŋu kple nuxlɔ̃ame nyui kae Paulo na mí?
17 Ele be apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛwo nawɔ aʋa atsi tre ɖe xexeame ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutilãmenudidi ƒe tetekpɔwo hã ŋu. Amegbetɔwo ko wonye abe míawo ke ene. Ne nusiawo dzro mí la, ele be míawɔ abe alesi Paulo wɔ ene, amesi gblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.” Eye abe Paulo ene la, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nya gbɔgblɔ na míaƒe aƒelikawo akpɔ mía ta. Paulo gblɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe sia ŋu be: “Nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!”—Korintotɔwo I, 9:16, 27.
‘MÍEÐUA DZI BLIBOE’
18. Dzideƒonya kawoe Paulo gblɔ na Kristotɔ vavãtɔwo katã, eye aleke nèle nu wɔm ɖe enui?
18 Apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔ amesiaminawo hã be: “Ke ne [Mawu ƒe] viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.” Gake nya si wòyi edzi gblɔ la ku ɖe “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” siwo le agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe ŋutikɔkɔe teƒeɖoɖo yome tim egbea la hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ vavãtɔwo katã be:
“Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? . . . Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mí la ŋuti. Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Romatɔwo 8:17, 35-39; kpɔ Korintotɔwo II, 11:22-28 hã.)
Ðe wò hã nèle kakam ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Aƒetɔ Yesu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ dzi nenemaa? Ele be nàka ɖe edzi!
19. Aleke Paulo xlɔ̃ nu le afɔku bubu si ate ŋu awu ame ŋui?
19 Afɔku bubu si ŋu nànɔ ŋudzɔ ɖo le “ŋkeke mamleawo” mee nye aʋatsonufiafia. Paulo xlɔ̃ nu le esia hã ŋu. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Timoteo II, 3:1, 13) Afikae aʋatsonufialawo tso, eye aleke míanɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋui?