Ta 14
Fia La Le Dzi Ðum!
1, 2. (a) Nukae ɖe dzesi wu le ƒe 1914 ŋu? (b) Aleke Watch Tower magazinea tɔ asi ƒe 1914 dzi ƒe geɖe do ŋgɔe?
ÐIKEKEMANƆMEE la, ƒe 1914 nye tɔtrɔɣi aɖe le dukɔwo kple ameƒomea ƒe nyawo me. Gake eɖe dzesi wu alesi ŋutinyaŋlɔlawo ƒe akpa gãtɔ de dzesii. Enye ɣeyiɣi si me nu dodzidzɔnamewo dzɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ ŋu. Biblia-nusrɔ̃vi ɖɔŋuɖowo kpɔ mɔ na ƒe ma vevie ƒe geɖe do ŋgɔ. Nukawo dzie wonɔ te ɖo?
2 Ƒe 34 do ŋgɔ na ƒe 1914 la, magazine si nye Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence ƒe tata siwo nye December 1879 kple March 1880 tɔwo fia asi ƒe 1914 be enye ƒe si ŋu Biblia me nyagblɔɖiwo ƒo nu tsoe. Eƒe June 1880 ƒe tata me nyati aɖe he susu yi “Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣiwo (Luka xxi. 24)” ƒe nuwuwu si le aƒe tum la dzi. Togbɔ be nuŋlɔla la mese nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge gɔme bliboe ɣemaɣi o hã la, eɖee fia tso Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu me be “azã adrẽ” alo ƒe 2,520 si dukɔ mavɔ̃mawuwo ƒe dziɖuɣi si dze egɔme tso blema Yerusalem ƒe aƒedozuzu gbãtɔ dzi la awu enu le “ƒe 1914 M.Ŋ. me.” Egblɔ be: “Edze ƒã be ɣeyiɣi didi si nye ƒe 2,520 kple . . . [Mawu ƒe amewo ƒe] fukpekpe le lã la (amegbetɔdziɖuɖuwo, Dan. vii.) ƒe dziɖuɖu tee gbɔɖiɖi Nebukadnezar le lãwo dome ƒe ‘azã adrẽ’ si le Dan. iv. la tsi tre ɖi na.” Ekema nukae nye “azã adrẽ” la?
DRƆ̃E AÐE GƆMEÐEÐE
3. Nyateƒenya vevi kae wogblɔ le Daniel 4:22?
3 Biblia ƒe agbalẽ si nye Daniel ƒe ta 4 lia ƒo nu tso nyagblɔɖi ƒe drɔ̃e ɖedzesi aɖe ŋu. Eɖee fia be “dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.” (Daniel 4:22) Bibilon-fia Nebukadnezar ye ku drɔ̃e la eye wòlĩi na nyagblɔɖila Daniel be wòaɖe egɔme na ye.
4-6. (a) Drɔ̃e kae Nebukadnezar ku? (b) Aleke Daniel ɖe egɔmee? (d) Aleke wòva emee? (ɖ) Esi wogaɖo Nebukadnezar zi dzi la, nya kae wògblɔ?
4 Nebukadnezar kpɔ ati gã aɖe le ŋutega me si vu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke. Atia naa nuɖuɖu kple nɔƒe nuwɔwɔwo katã. Gake “dzɔla kɔkɔe” aɖe de se be woalã ati la eye woatsɔ gayibɔ kple akɔbli siwo nye ga sesẽtɔwo ɣemaɣi la abla eƒe takpoea. Atia anɔ babla sia me “azã adrẽ” nava yi.
5 Esime Daniel nɔ nyagblɔɖi ƒe drɔ̃e sia gɔme ɖem la, egblɔ be atia ƒe gãnyenye tsi tre ɖi na Nebukadnezar. Wogblɔ be ‘woalãe’ alo woabɔbɔe ɖe anyi. Nebukadnezar anɔ abe gbemelãwo ene “azã adrẽ” nu nava yi. Gake alesi wometsrɔ̃ “ati” la keŋkeŋ o la, nenema ke woagafɔ fia la ɖe tee le “azã adrẽ” la megbe.—Daniel 4:16-24.
6 Nusia tututue dzɔ ɖe Nebukadnezar dzi. Woɖi gbɔe wòva zu abe lã si woɖe ɖa le amegbetɔwo dome ene, eye wòɖu gbe. Edze ƒã be “azã adrẽ” mawo nye ƒe adre si me Nebukadnezar ‘kpe fu le lãwo dome.’ Eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fewo to abe xewo tɔ ene. Gake mlɔeba la, eƒe mo gakɔ eye wogatsɔ eƒe fianyenye nɛ. Esime nusia dzɔ la, eda akpe na “dziƒo fia la” eye wòkafui be enye Amesi le dzi ɖum vavã eye be eƒe “dziɖuɖu li tegbee.”—Daniel 4:25-34.
7-9. (a) Nyagblɔɖi ka mee Yesu ƒo nu tso Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ŋu le? (b) Eyata biabia kawo mee wòle be míatsɔ ɖe le vevie?
7 Gake nukae esiawo katã fia le Mía Ŋɔli me ƒe ƒe 1914 ŋu?
‘DUKƆWO ƑE ƔEYIƔI ÐOÐI LA’
8 Esime Yesu Kristo nɔ nu ƒom tso ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesi’ ŋue wògblɔ be:
“[Dukɔwo] latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.” (Luka 21:24)
‘Dukɔ’ siwo Yesu wɔnɛ woe nye dukɔ siwo menye Yudatɔwo o, alo “Trɔ̃subɔlawo.” King James Version Biblia xɔŋkɔa zã nyagbɔgblɔ “Trɔ̃subulawo ƒe ɣeyiɣi.” Esia na ame geɖe bia be, ‘Nukae nye Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣiwo? Ɣeyiɣi kae nɔ susu me na Yesu? Ɣekaɣie wòdze egɔme, eye ɣekaɣie wòawu enu?’
9 Míekpɔe xoxo be gɔmesese vevi aɖe le Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe “dzesi” la ŋuti ŋu na mí egbea. Eyata ele be míanya biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo hã.
NUKAE “YERUSALEM” FIA?
10-12. (a) Nuka ƒe kpɔɖeŋue agbalẽnyalagã aɖe gblɔ be ƒe 29-70 M.Ŋ. nye? (b) Gake gɔmesese si de ŋgɔ wu kae ate ŋu anɔ “Yerusalem” si dze le Luka 21:24 ŋu? (d) Aleke numekugbalẽ nyanyɛ aɖe kpe ɖe mía ŋu le nya sia mee? (ɖ) Eyata nukae “Yerusalem” tsi tre ɖi na?
10 Esi Nufialagã A. T. Robertsona nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe nyagblɔɖia ŋu la, ede dzesii be Yesu zã “gbedoxɔa kple Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si va eme le dzidzime ma me le ƒe 70 M.Ŋ. me hã be enye eƒe vava evelia kple xexeame ƒe nuwuwu alo dzidzimea ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe dzesi.” Eyata míabia be: Tsɔ kpe ɖe nusi dzɔ ɖe Yerusalem dzi le ƒe 70 M.Ŋ. ŋu la, gɔmesese si lolo wu alo esi axɔ ɣeyiɣi didi wu ka hãe nɔ Yesu si ɖe “Yerusalem” ŋu le Luka 21:24?
11 Yesu bu Yerusalem be enye Israel ƒe fiadu, afisi fia siwo Yehowa si ami na le Dawid ƒe ƒomea me la nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui la dzi” heɖu fia na Yehowa Mawu le. Tsɔ kpe ɖe ŋu la, eƒe gbedoxɔae nye tadedeagu vavãtɔ ƒe ta le anyigba katã dzi. (Kronika I, 28:5; 29:23; Kronika II, 9:8) M’Clintock kple Strong ƒe Cyclopaedia gblɔ be: “Wowɔ Yerusalem wònye Israel katã ƒe fianɔƒe; eye le ɣeyiɣi ma ke me la, Gbedoxɔ si woyɔna zi geɖe be ‘Yehowa ƒe aƒe’ la hã nye fiawo dzi Fia, teokrasidukɔ ƒe tatɔ gãtɔ, ƒe nɔƒe, . . . Le nyateƒe me la, Yerusalem menɔ vevie le dunyahenyawo gome o: menye fiaɖuƒe sesẽ aɖe ƒe fiadu si kpɔa du bubuwo ƒe nyawo gbɔe wònye o, gake wodo kɔkɔe le etsɔme nyui si Dawid gblɔ ɖi esime wònɔ eƒe xɔse ɖe Mesia ƒe vava ŋu me ʋum la ta [Psalmo 2:6; 110:2].”—Babla IV, axa 838.
12 Nyateƒe si wònye be fia siwo tso Dawid ƒe ƒomea me nɔ “Yehowa ƒe fiazikpui” dzi la ɖo kpe nyateƒenya sia dzi be Mawu tɔe fiaɖuƒea nye ŋutɔŋutɔ. Israel-fiaɖuƒe si ƒe tae nye Yerusalem la nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe kpɔɖeŋu. Eyata “Yerusalem” tsi tre ɖi na Mawu ƒe Fiaɖuƒe.
13, 14. Ɣekaɣie ‘afɔtutu edzi’ si ŋu woƒo nu tsoe le Luka 21:24 la dze egɔme, eye alekee?
13 Azɔ ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi: “[Dukɔwo] latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.” (Luka 21:24) Ɣekaɣie ‘afɔtutu edzi’ sia dze egɔme? Edze ƒã be edze egɔme xoxoxo hafi wodzi Yesu le Betlexem, elabena fia siwo nye amegbetɔ siwo tso Dawid ƒe ƒomea me la ƒe fiaɖuɖu le Yerusalem tɔ te xoxoxo do ŋgɔ. Fia siwo tso Dawid ƒe fiaƒomea me ƒe fiaɖuɖu wu enu esime Babilontɔ siwo nɔ Nebukadnezar ƒe kpɔkplɔ te va dze wo dzi heɖe Fia Zedekiya le zi dzi.
14 Biblia me ŋutinya si nye nyateƒe la gblɔ nusi dzɔ le dukɔa kple Fia Zedekiya ƒe vɔ̃ɖinyenye ta la na mí. Egblɔ be: “Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o. Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo [Babilontɔwo] ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi . . . [Mawu tsɔ] wo katã de asi [na Nebukadnezar]. Eye wòlɔ Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia kple amegãwo ƒe kesinɔnuwo; etsɔ wo katã yi Babel. Wotɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, eye wogbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.” (Kronika II, 36:11, 12, 16-20) Ɣemaɣie ‘afɔtutu edzi’ dze egɔme.
‘WOATU AFƆ EDZI’ VASEÐE ƔEKAƔI?
15-17. (a) Ameka “tɔ” Dawid ƒe fiaɖuƒe la megava nye o, eye alekee? (b) Ameka tɔe wòava nye, eye hena ɣeyiɣi didi ka? (d) Eyata biabia vevi kae fɔ ɖe te? (ɖ) Nukatae wòsɔ be Daniel naɖo biabia sia ŋu?
15 Nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ nya ɖi le Zedekiya si nye Dawid-ƒomea me fia mamletɔ si ɖu fia le anyigba dzi Yerusalem ɖeɖe le zi dzi ŋu be:
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woaɖe tablanu ɖa, eye woaɖe fiakuku ɖi. Maganɔ alea o. . . . Anyiglãgo, anyiglãgowo ƒe anyiglãgo mawɔ woe; esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la, nava, eye matsɔe nɛ.”—Xezekiel 21:31, 32.
16 Togbɔ be Dawid ƒe fiaɖuƒe meganye Fia Zedekiya “tɔ” o hã la, ava nye Mesia si ŋugbe wodo la “tɔ” eye wòaɖu dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me “tegbetegbe.” (Luka 1:32, 33) Gake ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi Mesia Fiaɖuƒe—si Israel-fiaɖuƒe si nɔ anyigba dzi kple eƒe fiadu Yerusalem nye kpɔɖeŋu na la—nadze dziɖuɖu gɔme?
17 Yehowa Mawu nya, eye ate ŋu aɖe ɣeyiɣi ma ƒe didime afia le eƒe Nya la me abe alesi wògblɔ etsɔmenudzɔdzɔ geɖe ɖii ene. Le Yesu ƒe nuƒoƒo tso “xexeame ƒe nuwuwu” ŋu me la, zi geɖe la, ehe susu yi Daniel ƒe nyagblɔɖi si me Mawu gblɔ nu geɖe siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le dziƒo kple anyigba dzi ɖi pɛpɛpɛ le la dzi. (Tsɔ Mateo 24:3, 15, 21, 30 sɔ kple Daniel 9:27; 11:31; 12:1; 7:13.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖe “kwasiɖa blaadrẽ” ŋuti nyagblɔɖi si le Daniel 9:24-27 la megblɔ Mesia la ƒe vava zi gbãtɔ ɖi wòsɔ ɖe edzi oa? Ðe masɔ be nyagblɔɖila ma ke nagblɔ Mesia la ƒe vava evelia ɖi oa? Daniel ƒe agbalẽa ƒe ta enelia mee míekpɔ nyagblɔɖi sia si ka mí tẽ la le.
EMEVAVA GÃTƆ
18. (a) Anye nukatae xexemeŋutinyawo meƒo nu tso Nebukadnezar ƒe tsukuku ŋu o? (b) Nukatae wòle be míawɔ ɖe nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ le afisia dzi?
18 Míedzro Daniel ƒe “azã adrẽ” ƒe nyagblɔɖi si nye kpɔɖeŋu la me vava gbãtɔ me va yi xoxo eye míede dzesii be ƒe adrẽ ŋutɔŋutɔ si me Nebukadnezar ku tsu le la ŋue wòku ɖo. Mele be nyateƒe si wònye be xexemeŋutinya meƒo nu tso ƒe adrẽ siwo me Nebukadnezar meganɔ zi dzi ŋu o la nawɔ nuku na mí o. Le Egipte, Asiria, kple Babilon ƒe blemaŋutinyawo me la, woɖea nya sia nya si nye ŋukpenya na dziɖula la le eme, esi nye susu siwo ta kakaɖedzi mele wo ŋu abe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ene o la dometɔ ɖeka. Mawu ƒe Nya lae ka ɖe edzi na mí be drɔ̃e ƒe ŋutega ma va eme. Nyagblɔɖia me nyawo ɖee fia hã be agava eme le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, eye ema hã va eme nenema ke. Le mɔ ka nu?
19. Nukatae wòsɔ be ŋutega sia nakpe ɖe mía ŋu míanya Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ƒe didime?
19 Ele be míade dzesii be Babilon-fia si tututu wozã tsɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ɖa le anyigba dzi eye woto ema dzi ɖo Trɔ̃subɔlawo ƒe dziɖuɖu anyi la kee ku drɔ̃e sia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edze ƒã be wona wòkpɔ ŋutega sia le tɔtrɔ si nye ŋkuɖodzinu la ƒe ƒe ʋee aɖewo megbe—esime kpɔɖeŋufiaɖuƒe si dzi Yehowa ɖu dzi toe aɖeke meganɔ anyi o. Azɔ hã, Daniel ta 4 te gbe ɖe nya vevi sia dzi enuenu be ‘Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana.’ (Daniel 4:14, 23, 31, 32) Eyata esɔ be míalé ŋku ɖe ŋutega sia ŋu adi ɣeyiɣi ƒe didime si Trɔ̃subɔlawo atsɔ ɖu anyigba la dzi.
20. Nya kae míabia, eye afikae míakpɔ ŋuɖoɖoa le?
20 Ne míebui tso ɣeyiɣi si me woɖe Mawu ƒe kpɔɖeŋufiaɖuƒea kple eƒe fia siwo tso Dawid ƒe ƒomea me ɖa dzi la, ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi Mawu nagaɖe eƒe dziɖulanyenye afia to Fiaɖuƒe si tso Dawid ƒe fiaƒomea me, si me Mesia aɖu dzi le la dzi? Daniel ta 4 lia na mí nusiwo dzi míanɔ te ɖo anya Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣi alo “[dukɔwo] ƒe ɣeyiɣi” ƒe didime, si nye ɣeyiɣi si me dukɔwo atu afɔ “Yerusalem,” alo Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi.—Luka 21:24.
21. Nukae Daniel 4:12-14 kple Hiob 14:7 ɖe fia le alesi nɔnɔmea nɔ le Zedekiya ɖeɖeɖa le zi dzi megbe ŋu?
21 Afɔtutu edzi sia dze egɔme tso ɣeyiɣi si me Nebukadnezar ɖe Fia Zedekiya le zi dzi le Yerusalem. Tso ɣemaɣi dzi la, ‘wolã’ Yehowa ƒe dziɖulanyenye si Yuda-fiawo tsi tre ɖi na la ƒu anyi. Woɖo asi edzi abe alesi wobla ati takpoe la le Nebukadnezar ƒe drɔ̃e la me ene. Trɔ̃subɔlawo ƒe dziɖuɖu siwo le abe lã ene la ɖu anyigba katã dzi. Gake mɔkpɔkpɔ nɔ anyi be “ati” la ‘agato.’ Eye agbagbeawo “adze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi.”—Daniel 4:12-14; Hiob 14:7; tsɔe sɔ kple Yesaya 11:1, 2; 53:2.
22. Ɣekaɣie Fiaɖuƒe ƒe “ati” la gato, eye le mɔ ka nu?
22 Le Fiaɖuƒe sia si woagaɖo anyi me la, Dziƒoʋĩtɔ la aɖu dzi to eƒe Mesia la dzi. Ao, menye ɣeyiɣi si me Ame ma do zi gbãtɔ abe amegbetɔ ene, esime Yudatɔwo do vloe eye wogbee be menye fia o la mee o. Gake woatu ati takpoea ƒe bablawo eye Fiaɖuƒe ƒe “ati” la agato, esime “ame tsɛ” sia ava le eƒe ŋutikɔkɔe me wòanye Dziƒofia na dukɔwo katã me tɔwo. Ekema ne Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia wu enu la, Fiaɖuƒea azu “mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ.”—Nyaɖeɖefia 11:15; Daniel 4:14, 22.
“AZÃ ADRE” LA—ALEKE EƑE DIDIME LE?
23. Nukatae wòle be Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia nadidi ava ɖo míaƒe ɣeyiɣia me?
23 Eyata edze ƒã be “azã adre” si nye Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣi la adidi sã wu ƒe adre ŋutɔŋutɔ. Ðo ŋku edzi be Yesu ƒo nu le Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣiawo ‘me vava’ alo woƒe nuwuwu ŋu tsɔ wɔ ɖeka kple ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.’ (Luka 21:7, 24; Mateo 24:3) Eyata ele be woayi edzi ava ɖo míaƒe ŋkekea me. Aleke koŋ woƒe didime le?
24. Aleke míaɖe “azã adre” la ƒe didime mee?
24 Ne míetrɔ ɖe Nyaɖeɖefia ta 12 ŋu la, míade dzesii be kpukpui 6 kple 14 gblɔ be ŋkeke 1,260 nye “ɣeyiɣi aɖe kple ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã,” alo ɣeyiɣi 1 + 2 + 1/2 siwo katã nye ɣeyiɣi 31/2. Eyata “ɣeyiɣi aɖe” asɔ kple ŋkeke 360, alo ɣleti 12 si dometɔ ɖesiaɖe nye ŋkeke 30 le mamã dedie nu. “Azã adre” anye ŋkeke 2,520; eye alesi Biblia bua ‘ŋkeke ɖeka ƒe ɖekae’ le nyagblɔɖi me la fia be esiawo anye ƒe 2,520. (Mose IV, 14:34; Xezekiel 4:6) Eyata esiae nye “azã adre” ƒe didime—Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣi la.
25. Aleke “ƒe blaadre” si woyɔ le Yeremya 25:11 kpe ɖe mía ŋu míenya Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze?
25 Wozã Mawu ƒe Nya la tsɔ kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ɣeyiɣi si me tututu Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia dze egɔme. Abe alesi míede dzesii va yi ene la, Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo ɖu eƒe amewo dzi, wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa, woɖe Zedekiya le ‘Yehowa ƒe fiazikpui’ dzi, eye wokplɔ Yudatɔwo yi aboyo me le Babilon. (Kronika I, 28:5) Nusiwo dzɔ le “dzinu adrelia me” la na Yudatɔ ʋee siwo susɔ ɖe anyigba la dzi si yi Egipte, ale be Yuda zu aƒedo keŋkeŋ ɣemaɣi. (Fiawo II, 25:1-26; Yeremya 39:1-10; 41:1–43:7) Yehowa ƒe nyagblɔɖila Yeremya gblɔe ɖi be aƒedozuzu la anɔ anyi ƒe 70. (Yeremya 25:8-11) Emegbe Yehowa ‘ahe to na Babilon-fia le eƒe vodada ta’ eye ‘woakplɔ Eƒe dukɔ ava teƒe sia’ si nye wo denyigba dzi.—Yeremya 25:12; 29:10.
26. (a) Nuka teƒee Daniel kpɔ, eye nukae wòkpɔ dze sii? (b) Aleke míawɔ anya ɣleti kple ƒe si me Daniel ƒe nyagblɔɖi le dukɔa gbugbɔgaɖoanyi ŋu va eme? (d) Ɣeyiɣi ka me koŋ wòva eme?
26 Daniel ŋutɔ nɔ aboyo me le Babilon ƒe geɖe. Le zã si me Babilon ge ɖe Medo-Persiatɔwo si me la, ekpɔ eya ŋutɔ ƒe nyagblɔɖi kple nya bubu siwo wogblɔ ɖi ɖe dugã ma ŋu teƒe. (Daniel 5:17, 25-30; Yesaya 45:1, 2) Ŋutinyaŋlɔlawo bu akɔnta be Babilon dze anyi le ƒe 539 D.M.Ŋ. ƒe October ƒe gɔmedzedze. Ema megbe kpuie la, Daniel kpɔe tso Yeremya ƒe nyagblɔɖia me be aboyomenɔnɔ kple Yerusalem ƒe aƒedozuzu ƒe 70 la ƒe nuwuwu tu aƒe. (Daniel 9:2) Eye enye nyateƒe hã! Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ si ŋutinyaŋlɔlawo ƒe akpa gãtɔ gblɔ be enye ƒe 538 D.M.Ŋ. ƒe adame la, Kores de se be woaɖe mɔ na Yudatɔwo woatrɔ yi wo denyigba dzi be woagava nɔ afima eye woagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa atu ɖe afima. (Kronika II, 36:20-23; Ezra 1:1-5) Ŋutinya ƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ na mí be Yudatɔwo wɔ ɖe Kores ƒe sededea dzi enumake, ale be esi “dzinu adrelia ɖo la, [Israel-viwo] va kpe ta ɖe [woƒe duwo me].” (Ezra 3:1) Ema anye ƒe 537 D.M.Ŋ. ƒe October me le míaƒe ɣletigbalẽ dzi, si nye ƒe 70 si wogblɔ ɖi ƒe nuwuwu.
27. (a) Ekema ɣekaɣie ƒe 70 la dze egɔme, eye nukae dzɔ? (b) Aleke “azã adre” la ƒe didime le, eyata ɣekaɣie wòwu enu? (d) Nyagblɔɖi gã kae dze emevava gɔme le ɣeyiɣi ma dzi tututu? (ɖ) Nya kae Gbetakpɔxɔ yi edzi gblɔ ƒe 100 kple edzivɔe nye sia?
27 Ŋutinya sia le vevie na mí be míanya “[dukɔwo] ƒe ɣeyiɣi la” ƒe gɔmedzedze. Esi Yuda kple Yerusalem ƒe aƒedozuzu ƒe 70 la wu enu le ƒe 537 D.M.Ŋ. me ta la, wodze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Emae anye ƒe si me woɖe Zedekiya ɖa be maganɔ ‘Yehowa ƒe fiazikpui’ dzi o le Yerusalem. Eyata ƒe ma hãe nye Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ƒe gɔmedzedze. Ne míebu ƒe 2,520 tso ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October me la, akplɔ mí ava ɖo ƒe 1914 M.Ŋ. ƒe October ƒe gɔmedzedze, esi Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ŋu dze emevava gɔme abe alesi míekpɔe xoxo ene. Nya sia si ŋu Gbetakpɔxɔ ƒe magazine ƒoa nu tsoe ƒe 100 kple edzivɔe nye sia la tso nya siwo dzi woate ŋu aka ɖo siwo le Mawu ƒe Nya si dzi míenɔ te ɖo ƒo nya ta alea la me.
28, 29. (a) Nukae dze le xexemenuŋlɔɖiwo ŋu si ta míada akpe be wokpɔ nya siawo ta ɖe Mawu ƒe Nya la me? (b) Nukata kpeɖodzi sẽŋu li si ta míada asi ɖe October 1914 dzi be enye Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ƒe nuwuwu wu ɣeyiɣi bubuwo?
28 Míate ŋu ada akpe vavã be Yehowa kpɔ nya vevi siwo ku ɖe Yudatɔwo, Babilontɔwo, kple Medo-Persiatɔwo ŋu le ƒe alafa ade D.M.Ŋ. ta ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Ne menye nenema o la, anye ne asesẽ hafi mianya ɣeyiɣi siwo me tututu nuwo dzɔ ɣemaɣi, elabena edze ƒã be xexemenuŋlɔɖi siwo ku ɖe ɣeyiɣi ma ŋu la mede blibo o.
29 Gake ame aɖewo nɔ te ɖe xexemenuŋlɔɖi siawo tɔgbe dzi bui be wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 587/6 D.M.Ŋ. me eye be Yudatɔwo va nɔ Babilontɔwo ƒe ŋusẽ te le ƒe 605 D.M.Ŋ. si nye ƒe si wogblɔ be Nebukadnezar va zu fia la me.b Le esia ta wogblɔ be ƒe 605 D.M.Ŋ. mee Yeremya 25:11 dze emevava gɔme: “Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe, eye dukɔ sia asubɔ Babel-fia ƒe blaadre sɔŋ.” (Bagster ƒe Greek Septuagint) Ne nenemae wòle eye míebu Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia tso ɣeyiɣi ma dzi la, ekema “azã adre” si wogblɔ ɖi la awu enu le ƒe 1916 esime wonɔ Xexemeʋa wɔm. Gake abe alesi míegblɔ va yi ene la, susu vevi aɖe li si ta wòle be míalɔ̃ ɖe nya si le Mawu ƒe Nya siwo tso gbɔgbɔ me la dzi, esi ɖee fia be Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia dze egɔme le October, 607 D.M.Ŋ. hewu enu le ƒe 1914 M.Ŋ. ƒe October me.
30. Nudzɔdzɔ ƒokpli kawoe de dzesi ɣeyiɣi si dze egɔme tso ƒe 1914 me be enye “ŋkeke mamleawo”?
30 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be Mawu na woŋlɔ nyagblɔɖi siwo ɖe ɣeyiɣi si me Yesu ava nye Mesia le ƒe 29 M.Ŋ. me, kple eƒe ‘anyinɔnɔ’ abe ŋutikɔkɔe ƒe Dziƒofia ene tso ƒe 1914 M.Ŋ. me nyuie la hã ɖi ɖe eƒe Nya la me. Esi ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ va le gogom la, míekpɔe be nɔnɔme siwo ŋu Yesu gblɔ be míalé ŋku ɖo la nu le sesẽm ɖe edzi le mía dome. Xexemeʋawo, dɔwuamewo, dɔvɔ̃wo, anyigbaʋuʋuwo, sedzimawɔmawɔ, amemalɔ̃malɔ̃, fuléle amesiwo wɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ kple wo yome titi—esiawo katã ɖee fia be míele “ŋkeke mamleawo” me.—Timoteo II, 3:1; Mateo 24:3-12; Marko 13:7-13.
ƑE AKPE ÐEKA DZIÐUÐU LA—ƔEKAƔIE?
31. (a) Nuxlɔ̃ame kae Yesu na le míaƒe ɣeyiɣia ŋu, eye nukatae? (b) Nya kae míadi be míabia, eye aleke Yehowa ɖo eŋui?
31 Ɣekaɣie ŋɔdzinu siawo anɔ anyi ase ɖo? Esi woɖo Kristo Yesu zi dzi fifia wònye Fia Aʋadziɖula ta la, nunya le eme be míaxɔe ase be eteƒe madidi hafi wòadrɔ̃ ʋɔnu Mawu ƒe futɔwo o. “Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la ame aɖeke menyae o,” eyata maɖe vi be míatsɔ susu abu nuwoe o. Gake ele be míaɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia be: “Minɔ ŋudzɔ.” (Marko 13:32; Mateo 24:42) Esi míele anyigba dzi ƒe nɔnɔme siwo le gbegblẽm ɖe edzi kple alesi ame geɖe mele to ɖom Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la o teƒe kpɔm la, neʋã mí be míabia le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu abe alesi Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe bia ene be: “Aƒetɔ [Yehowa], vaseɖe ɣekaɣie?” Yehowa ɖo nya sia ŋu be:
“Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe.” (Yesaya 6:10-12)
Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, adrɔ̃ ʋɔnu Kristodukɔa gbã, eye emegbe adrɔ̃ ʋɔnu Satana ƒe xexea ƒe akpa mamleawo katã. Kristo ƒe ƒe 1,000 dziɖuɖu si me ŋutifafa anɔ la akplɔe ɖo enumake.—Nyaɖeɖefia 20:1-3, 6.
“DZIDZIME SIA”—KAE?
32. Biabia kawoe fɔ ɖe te le nya siwo le Mateo 24:34 ta?
32 Yesu na kakaɖedzi mí le “dzesi” la ŋuti nyagblɔɖi gã la me be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o.” (Mateo 24:34) Esi meyɔ ɣeyiɣi ƒe didime aɖeke ɖe dzidzime aɖeke ŋu o ta la, aleke míase “dzidzime sia” gɔmee?
33. (a) “Dzidzime” kae nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me? (b) Eyata nukae míagblɔ le ƒe 1914-1918 ƒe “dzidzime” la ŋu?
33 Le Yesu ƒe ŋkekea me la, nusrɔ̃la siwo se eƒe nyawo kple eŋɔlimetɔ bubuwo tsi agbe to “xaxa” mamletɔ si va Yudatɔwo ƒe nuɖoanyiawo dzi me. Woawoe nye “dzidzime” si nɔ anyi le Yesu ŋɔli. Esime wonɔ agbalẽ sia ŋlɔm la, amesiwo wu 10,000,000 siwo tsi nyuie be wokpɔ ‘fuɖuame ƒe gɔmedzedzea’ teƒe le ƒe 1914-1918 me la ganɔ agbe le United States ɖeɖeko. Amesiawo dometɔ aɖewo aganɔ agbe ƒe geɖe. Gake Yesu ka ɖe edzi na mí be hafi “dzidzime sia” nu nava yi la, yeava abe “Amegbetɔvi” ene ava drɔ̃ ʋɔ̃nu Satana ƒe nuɖoanyia. (Mateo 24:8, 21, 37-39) Ele be míanɔ ŋudzɔ ahakpɔ mɔ na ‘Fiaɖuƒe ma ƒe vava.’—Luka 21:31-36.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Word Pictures in the New Testament, Babla I, axa 188.
b Kpɔ Nya Bubuwo le axa 186.
[Aɖaka si le axa 135]
“AZÃ ADRE” LA BUBU
“Azã” 7 = 7 × 360 = Ƒe 2,520
(Biblia ƒe “azã” alo ƒe enye ɣeyiɣi si le ɣleti ƒe ƒe si me ŋkeke 354 le kple ɣe ƒe ƒe si me ŋkeke 365 1/4 le la domedome)
Tso ƒe 607 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 D.M.Ŋ.=Ƒe 606
Tso ƒe 1 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1 M.Ŋ.=Ƒe 1
Tso ƒe 1 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1914 M.Ŋ.=Ƒe1,913
Tso ƒe 607 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 1914 M.Ŋ.=Ƒe2,520
[Aɖaka si le axa 140]
“ƑE 1914 ƑE DZIDZIME LA”
Le agbalẽ si ƒe ŋkɔ míeyɔ ɖe etame me la, Robert Wohl “gblɔ be menye ƒe siwo amewo xɔ ye wotsɔ bua dzidzimee o, ke boŋ ŋutinya me tɔtrɔ gã siwo ƒe kpɔɖeŋu gã xexemeʋa gbãtɔ nye lae wotsɔ bunɛ.”—“The Economist,” March 15, 1980