INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sj axa 30-31
  • Nu Wɔwɔ Aduadu Kple Suku Ƒe Ðoɖoa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Wɔwɔ Aduadu Kple Suku Ƒe Ðoɖoa
  • Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzilawo ƒe Alɔdodo
  • Nu Vevi Siwo Hiã na Hehe Nyui Xɔxɔ
    Nyɔ!—1996
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Suku kple Yehowa Ðasefowo
sj axa 30-31

Nu Wɔwɔ Aduadu Kple Suku Ƒe Ðoɖoa

Yehowa Ðasefowo xɔe se be suku dede nyuie le domenyinu vevitɔ kekeake siwo woate ŋu ana ɖeviwo la dome. Gake ameka dzie nu fiafia ɖevi ƒe agbanɔamedzia le gbã? Suku me nufialawo ɖeɖe koea?

Edze ƒã be ame aɖewo bui nenema. Gake dzilawoe dzia ɖeviwo eye wole ƒomewo me. Menye Dukɔa alo dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe aɖeke ye wɔ wo o. Eyata enye dzilawo ƒe agbanɔmedzi si Mawu na wo be woatso nya me le nusi woafia woƒe viwo ŋu.

Gake le ɣeyiɣi ma ke me la suku ƒe nufialawo wɔa dɔ vevi aɖe si ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo ŋutɔ. Eye míekpɔe dze sii be le hehe si le to yim ƒe ŋkeke siawo me la, woƒe dɔ la mele bɔbɔe o. Nukae dzilawo ate ŋu awɔ be woawɔ nu aduadu kpli wo?

Dzilawo ƒe Alɔdodo

Gbã la, ele vevie be dzilawo nanya wo viwo ƒe nufialawo—woawɔ ɖoɖo be woakpe kpli wo ahaƒo nu kpli wo. Mele be woakpe kple tameɖoɖo be woaʋli nya o, ke boŋ be woakpɔ alesi dzilawo kple nufialawo ate ŋu awɔ nu aduadu be woana kpekpeɖeŋu le ɖevi ƒe tsitsi me. Edzɔa dzi na dzilawo be woaɖo to ne nufiala la le nu ƒom, eye woagblɔ nusi wodi na wo viwo la eme nakɔ nyuie.

Le kpekpe ma me la ele be vifofo alo vidada Ðasefo la nana nufiala la nanya be dzilaawo kpɔa mɔ be yewoƒe viwo anɔ Kristotɔwo ƒe agbe nyui, eye ne ɖeviawo wɔ nu gbegblẽ la yewodi be woagblɔe na yewo. Ele be dzilawo naka ɖe edzi na nufialawo be yewoakpe asi ɖe wo ŋu le tohehe ɖesiaɖe si sɔ si woana me, eye yewoayi edzi le aƒeme kura gɔ̃ hã.

Mɔ bubu siwo nu dzilawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le: Mikpɔ egbɔ be mia viwo kpɔ ŋdinu nyui ɖu hafi adzo ayi suku. Mikpɔ egbɔ be wowɔ dɔ siwo katã wona wo tso suku la vɔ eye woƒe agbalẽwo katã le wo si. Mide bubu suku ƒe sewo ŋu ɣesiaɣi eye mikpɔ mɔ be ɖeviawo hã ade bubu esiawo ŋu. Mina ɖeviawo naƒo nu tso suku me nuwɔnawo kple kuxi siwo me woɖo le afima la ŋu le aƒeme.

Le U.S. Lãmesẽ, Agbalẽsɔsrɔ̃ kple Nyonyo ƒe Dɔwɔƒea ƒe agbalẽ si nye Helping Children Make Career Plans: Tips for Parents me la, egblɔ alesi dzilawo ate ŋu aʋã wo viwo be woasrɔ̃ nui la na wo be: “Mikpe ɖe mia via ŋu wòase alesi nusiwo srɔ̃m wòle le suku la anɔ vevie le dɔwɔɖui ŋuti nyametsotsowo me emegbe la gɔme. Mifia alesi wowɔa nusɔsrɔ̃wo abe nuxexlẽ, akɔntabubu kple kadodo ene ŋudɔ le dɔwɔɖuwo katã kloe mee la wo. Kpuie ko la, mikpe ɖe wo ŋu be woase egɔme be susu siwo le vevie wu le sukuyiyi ŋu wu sukudede dzro ko.”

Míele mɔ kpɔm vevie be nya si le agbalẽ gbadza sia me la ana nuwɔwɔ aduadu si me vivisese le la nanɔ sukumegãwo kple Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomewo dome.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]

Dzilawo dzie nu fiafia wo viwo ƒe agbanɔamedzia le gbã

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Wodea dzi ƒo na dzila Ðasefowo be woanya wo viwo ƒe nufialawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe