Ta 10
Fiaɖuƒe “Si Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
1, 2. (a) Nyateƒenya ka dzie xexemenudzɔdzɔwo tea gbe ɖo gbesiagbe, eye alekee? (b) Nukae nye egbɔkpɔnu ɖeka kolia la?
NUSIWO dzɔna le xexeame gbesiagbe ɖo kpe nyateƒea dzi be amegbetɔwo meke ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu to Yehowa ƒe fianyenye gbegbe kple agbagba dzedze be yewoaɖu yewo ɖokui dzi ɖe ema teƒe la dzi o. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke mehe viɖewo vɛ na ameƒomea ameŋkumemakpɔmakpɔe o. Togbɔ be amegbetɔwo dzi woƒe dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe edzi wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe hã la, womete ŋu ɖe nuvɔ̃ ɖa, ɖu dɔléle dzi hetsi ku nu na wo te viwo dometɔ ɖeka teti gɔ̃ hã o. Ðe ema teƒe la dukɔwo yi edzi le aʋawɔnu yeye siwo dzi ŋɔ wu wɔm. Nuvlowɔlawo ƒe ŋutasesẽ bɔ. Mɔ̃ɖaŋu, ŋukeklẽ kple numanyamanya wɔ ɖeka hele ɖi ƒom anyigba, tsi kple ya. Nuwo ƒe asixɔxɔ kabakaba kple dɔwɔɖumanɔmesi na wòle sesẽm ŋutɔ na ame geɖe be agbemenuhiahiãwo nasu wo si. Amewo le mɔ si dzi woato ado le eme la dim vevie.—Nyagb. 8:9.
2 Nukae nye egbɔkpɔnua? Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia lae. (Mat. 6:9, 10) Aleke wòle be míada akpe enye si be eteƒe madidi kura o míakpɔ gbɔdzɔe si wòahe vɛ la!
3. (a) Nukae dzɔ le dziƒo le ƒe 1914 M.Ŋ. me ku ɖe Fiaɖuƒe sia ŋu? (b) Nukatae ema le vevie na mí?
3 Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me la le dɔ wɔm xoxo tso ƒe 1914 M.Ŋ. me.a Le ƒe ma me la nusiwo Daniel kpɔ le nyagblɔɖi ƒe ŋutega me la dzɔ ŋutɔŋutɔ le dziƒo. “Amegã Ðeɖi” Yehowa Mawu tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” na Amegbetɔvi Yesu Kristo be “dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo [nasubɔe].” Esi Daniel nɔ nya ta kam ku ɖe ŋutegaa ŋu la, eŋlɔe bena: “Eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.” (Dan. 7:13, 14) Fiaɖuƒe sia dzie Mawu ato ana dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo nase vivi le nu nyui manyaxlẽ siwo ŋu wòɖo tame ɖo esime wòda mía dzila gbãtɔwo ɖe Paradiso me la me.
4. Fiaɖuƒea ŋuti nya kawo mee míetsɔ ɖe le vevie, eye nukatae?
4 Fiaɖuƒea te vi nuteƒewɔlawo tsɔ ɖe vevie le alesi dziɖuɖu sia le kple eƒe dɔwɔwɔ me. Wodi be yewoanya nusi wɔm wòle fifia, nusi wòawɔ le etsɔ me kple nusi wòdi tso yewo si. Wodzroa eme nyuie eye esime wole esia wɔm la woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu dzina ɖe edzi eye wodzrana wo ɖokui ɖo be yewoaƒo nu tso eŋu na ame bubuwo.—Ps. 48:13, 14.
Kpɔkpɔɖa Ʋãdziname
5. (a) Aleke Ŋɔŋlɔa ɖe amesi ƒe fianyenye ƒe ɖeɖefiae Mesia Fiaɖuƒea nye la fiae? (b) Eyata aleke nusi míesrɔ̃na ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu la wɔa dɔ ɖe mía dzie?
5 Nu gbãtɔ siwo ŋkuléɖeŋu ma ɖena fiana la dometɔ ɖekae nye be Mesia Fiaɖuƒe sia nye Yehowa ŋutɔ ƒe fianyenye ɖeɖefia. Eyae tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu” na Via. Eyata esime Fiaɖuƒe sia dze dziɖuɖu gɔme megbe la, gbe aɖewo gblɔ le dziƒo wòsɔ be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [Yehowa Mawu] kple eƒe Kristo la tɔ, eye [Yehowa aɖu] fia tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Nyaɖ. 11:15) Eyata nusianu si míekpɔna ku ɖe Fiaɖuƒe sia kple nusi wòwɔna ŋu la hea mí ɖe Yehowa ŋutɔ ŋu kplikplikpli. Edea didia mía me be míabɔbɔ ɖe eƒe fianyenye te tegbee.
6. Nukatae wòdoa dzidzɔ na mí vevie be Yesu Kristoe nye fia si nye Yehowa ƒe kpeɖeŋutɔ?
6 Aleke wòhenyo enye si be Yehowa ɖo Yesu Kristo zi dzi abe fia si nye Eƒe kpeɖeŋutɔ ene! Abe dɔnunɔla si ŋudɔ Mawu wɔ le anyigba kple amegbetɔ wɔwɔ me ene la, Yesu nya míaƒe nuhiahiãwo nyuie wu mía dometɔ ɖesiaɖe. Gawu la, eɖe eƒe ‘dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe amegbetɔviwo ŋu’ fia tso amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. (Lod. 8:30, 31; Kol. 1:15-17) Lɔlɔ̃ ma lolo ale gbegbe be eya ŋutɔ va anyigba dzi eye wòtsɔ eƒe agbe na abe tafe ene ɖe wo ta. Eyata ena nusi dzi woato aɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku si me kpakple agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la mí.—Mat. 20:28.
7. (a) Abe nusi to vovo tso amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe dziɖuɖu gbɔ ene la, nukatae dziɖuɖu sia anɔ anyi ɖaa? (b) Ƒomedodo kae le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kple dziƒodziɖuɖua dome?
7 Esia nye dziɖuɖu like si nɔa anyi ɖaa. Nusi na kakaɖedzi le eƒe anyinɔnɔ ɖaa ŋu enye be Yehowa ŋutɔ mekuna o. (Xab. 1:12; Ps. 146:3-5, 10) Le vovo si wòto tso fia amegbetɔwo gbɔ me la, Yesu Kristo, amesi Mawu tsɔ fianyenyea de asi na la hã mekuna o. (Rom. 6:9; Tim. I, 6:15, 16) Ame 144,000 bubu siwo nye Mawu ƒe subɔla nuteƒewɔla siwo tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ” me la akpe ɖe Kristo ŋu le dziƒofiazikpuiwo dzi. Woana makumaku ƒe agbe amesiawo hã. (Nyaɖ. 5:9, 10; Kor. I, 15:42-44, 53) Wo dometɔ akpa gãtɔ le dziƒo xoxo, eye woƒe ame susɔe siwo kpɔtɔ le anyigba dzi lae nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” habɔbɔ si doa Fiaɖuƒe ma ƒe nuwo ɖe ŋgɔ nuteƒewɔwɔtɔe le afisia.—Mat. 24:45-47.
8, 9. (a) Nusiwo hea mamã kple gbegblẽ vɛ kawoe Fiaɖuƒea aɖe ɖa? (b) Eyata ne míaƒo asa na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe futɔwo zuzu la, habɔbɔ kple nuwɔna kawo mee míaƒo mía ɖokui ɖo o?
8 Eteƒe madidi o, le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la eƒe nutsrɔ̃lawo aho ahakɔ anyigba la ŋu. Woatsrɔ̃ amegbetɔ siwo le tiatia si woa ŋutɔwo wɔ ta womenya Mawu o, wogbe lɔlɔ̃ ɖe eƒe fianyenye dzi, eye wodoa vlo lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ to Yesu Kristo dzi la ɖa tegbee. (Tes. II, 1:6-9) Esiae anye Yehowa ƒe ŋkeke la, si nye ɣeyiɣi si wokpɔ mɔ na ɣeyiɣi didi aɖe be wòakɔ eɖokui ŋu abe Xexeame Katã ƒe Fiagã ene la.
9 Woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ katã kple amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo kpakple woƒe asrafo siwo katã xexeme sia ƒe dziɖula makpɔmakpɔ vɔ̃ɖi la zã la ɖa tegbee. Woatsrɔ̃ amesiwo katã ɖea wo ɖokui fiana be yewonye xexeme sia ƒe akpa aɖe to ɖokuitɔdidi, anukwaremaɖimaɖi kple agbegbegblẽnɔnɔ dzi la ɖa le ku me. Woaxe mɔ na Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ahasika wo nyuie ƒe akpe ɖeka be woagate ɖe anyigbadzinɔlawo ŋu o. Gbɔɖeme kae nye si esia anye na amesiwo katã lɔ̃ dzɔdzɔenyenye!—Nyaɖ. 18:21, 24; 19:11-16, 19-21; 20:1, 2.
Eƒe Taɖodzinuwo—Alesi Wòaɖo Wo Gbɔe
10. (a) Aleke Mesia Fiaɖuƒea ana Yehowa ƒe tameɖoɖo ɖe anyigbaa ŋutɔ ŋu la nava emee? (b) Nukae esia afia na amesiwo le agbe le anyigba dzi ɣemaɣi?
10 Mesia Fiaɖuƒe sia ana Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔ ɖe anyigba ŋu la nava me bliboe. (Mose I, 2:8, 9, 15; 1:28) Vaseɖe egbea la amegbetɔ mete ŋu na tameɖoɖo ma va eme o. Gake wotsɔ “xexeme, si le vava ge” la de Amegbetɔvi Yesu Kristo te. Amesiwo katã atsi agbe ne wohe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi xoxo sia dzi la awɔ dɔ ɖekawɔwɔtɔe le Kristo si nye woƒe Fia la te, eye woawɔ nusianu si wògblɔ la dzidzɔtɔe be anyigba bliboa nava zu Paradiso. (Heb. 2:5-9) Ameƒomea me tɔwo katã ase vivi le woƒe asinudɔwɔwɔwo me eye woakpɔ viɖe blibo tso anyigba ƒe nuku gbogbo la me.—Ps. 72:1, 7, 8, 16-19; tsɔe sɔ kple Yesaya 65:21, 22.
11. (a) Aleke woana Fiaɖuƒea te viwo nade blibo le susu kple ŋutilã mee? (b) Nukae esia alɔ ɖe eme?
11 Esime wowɔ Adam kple Xawa la wode blibo, eye enye Mawu ƒe tameɖoɖo be woƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba la dzi, eye wo katã woase vivi le susu me kple ŋutilã me blibodede me. Le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, tameɖoɖo ma ava me ŋutɔŋutɔ le ŋutikɔkɔe me. Esia bia be woaɖe nuvɔ̃ ƒe dɔwɔwɔwo katã ɖa, eye le ema ta Kristo masubɔ abe Fia ɖeɖeko ene o ke boŋ abe Nunɔlagã hã ene. Dzigbɔɖitɔe la akpe ɖe etevi toɖolawo ŋu be woakpɔ viɖe tso eya ŋutɔ ƒe amegbetɔ ƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe la ƒe nuvɔ̃ɖeɖeɖa ƒe asixɔxɔ la me. Woaʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo. Tokunɔwo ase nu. Ŋutilã si tsitsi alo dɔléle gblẽ ava zrɔ̃ wu ɖevi tɔ. Lãmesẽ blibo ava xɔ ɖe lãmegbɔdzɔgbɔdzɔ teƒe. Ɣeyiɣia ava esime susu aɖeke manɔ anyi si ta ame aɖe nagblɔ be ‘Mele dɔ lém’ o, elabena woaɖe nuvɔ̃ ƒe agba la kple eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃ɖi ɖe ame dzi la ɖa le amegbetɔ Mawu-vɔ̃lawo dzi.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 33:22, 24; 35:5, 6; Hiob 33:25; Luka 13:11-13.
12. (a) Nu bubu ka hãe amegbetɔ ƒe blibodede bia? (b) Aleke woawɔ emae, eye nukae ado tso eme?
12 Gake blibodede gbɔ ɖoɖo la lɔ nu geɖe ɖe eme wu ŋutilã kple susu me lãmesẽ si anɔ ame si. Elɔ Yehowa ƒe amenyenye ƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia nyuie ɖe eme, elabena wowɔ ame ‘ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, wòɖi Mawu.’ (Mose I, 1:26) Le ema ta la hehenana geɖe ahiã. Nuɖoanyi Yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” enye sia, eyata abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene la, ‘xexeametɔwo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye.’ (Pet. II, 3:13; Yes. 26:9) Nɔnɔme sia hea ŋutifafa vɛ—le dukɔwo katã me tɔwo dome, le zɔhɛ kplikplikpliwo dome, le ame ŋutɔ ƒe ƒome me kple, ƒo ye katã ta la, le wo kple Mawu ŋutɔ dome. (Yes. 32:17; Ps. 85:11-14) Woayi edzi anɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu fiam amesiwo asrɔ̃ dzɔdzɔenyenye la. Esime Yehowa ƒe mɔwo lɔlɔ̃ va le aƒe xɔm ŋutɔ ɖe woƒe dzi me la, woawɔ ɖe esiawo dzi le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖe me. Yesu ame deblibo la te ŋu gblɔ be, ‘Nye la mewɔa nusi dzea Fofonye ŋu ɖaa.’ (Yoh. 8:29) Aleke agbe nɔnɔ avivi enye si ne eva le alea le amegbetɔƒomea katã gome!
Nusiwo Wòwɔ Le Dzedzem Xoxo
13. Mitsɔ nyabiabia siwo le etame la te gbe ɖe nusiwo Fiaɖuƒea wɔ kple nusi wòle be míanɔ wɔwɔm le ema ta la dzi.
13 Fiaɖuƒea ƒe nuwɔna wɔdɔɖeamedziawo le dzedzem ƒã xoxo na amesiwo si xɔse ƒe ŋkuwo le. Nyabiabia kple Ŋɔŋlɔa ƒe kpukpui siwo gbɔna la aɖo ŋku esiawo dometɔ aɖewo kpakple nusiwo Fiaɖuƒea te viwo katã ate ŋu awɔ eye wòle be woanɔ wɔwɔm fifia la dzi na wò:
Amekawo ŋue Fia la ho ɖo gbã, eye nukae do tso eme? (Nyaɖ. 12:7-10, 12)
Habɔbɔ ka me tɔ mamleawo nu ƒoƒo ƒu ŋue Kristo lé ŋku ɖo enumake le esi woɖoe zi dzi la megbe? (Mat. 24:31; Nyaɖ. 7:1-4)
Le Mateo 25:31-33 me la, dɔ bubu kae Yesu gblɔ ɖi be yeawɔ ne yeva le yeƒe fiazikpuia dzi, hafi yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo?
Aleke wowɔa dɔ siae? Amekawoe le gome kpɔm le eme? (Mat. 24:14; Ps. 110:3; Nyaɖ. 14:6, 7)
Nukatae dunyahehe kple mawusubɔsubɔ ƒe tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu tsi enu o? (Dɔw. 5:38, 39; Zax. 4:6)
Abe hehenanadɔ si wɔm wole la ƒe emetsonu ene la, tɔtrɔ kawoe va xoxo le amesiwo bɔbɔ ɖe Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la ƒe agbe me? (Yes. 2:4; Kor. I, 6:9-11)
Fiaɖuƒea Ƒe Anyinɔnɔ Ðaa
14. (a) Ɣeyiɣi didi kae Kristo aɖu dzi? (b) Nukae wòawɔ le ɣeyiɣi ma me?
14 Ne wode Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me vɔ la, Yesu Kristo kple eƒe hadomenyila 144,000 la aɖu dzi ƒe akpe ɖeka. (Nyaɖ. 20:6) Le ɣeyiɣi ma me la woana ameƒomea naɖo blibodede gbɔ. Woaɖe dziɖuɖu kple nɔƒe kpakple ŋusẽ siwo katã tsi tre ɖe Yehowa ŋu la ɖa. Ne wowɔ ema vɔ la, Yesu agatsɔ Fiaɖuƒea na Fofoa “bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.”—Kor. I, 15:24, 28.
15. Aleke wònye nyateƒe be Fiaɖuƒe sia ‘magbã gbeɖe o’?
15 Eyata Yesu ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe anyigba la ŋu la atrɔ. Gake eƒe dziɖuɖu la anɔ anyi “tegbee” eye eƒe Fiaɖuƒe “magbã o.” (Dan. 7:14) Le mɔ ka nu? Le gɔmesese sia nu be dziɖuŋusẽ la mava yi ɖe ame bubu siwo ƒe taɖodzinuwo to vovo la si me o. Nusiwo Fiaɖuƒea awɔ la ‘nu mayi gbeɖe o.’ Nusi Fiaɖuƒea awɔ be wòakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo ɖe anyigba sia ŋu ŋuti la anɔ anyi tegbee.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
Numetoto
● Nukatae Mawu ƒe Fiaɖuƒe lae nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ɖeka kolia? Ɣekaɣie wòdze dziɖuɖu gɔme?
● Nukae dzro wò koŋ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple nusiwo wòawɔ la ŋu? Nukatae?
● Fiaɖuƒea ƒe nuwɔna kawoe míate ŋu akpɔ xoxo? Gome ka kpɔm míele le esiawo me?
[Nɔnɔmetata si le axa 84, 85]
Dzɔdzɔenyenye enye nusi amewo asrɔ̃