Ta 11
‘Miyi Edzi Miadi Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã’
1. (a) Nukatae ƒe 1,900 enye si va yi la Yesu gblɔ be woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã? (b) Nya kae wòle be míabia mía ɖokui?
LE NUƑO aɖe si Yesu ƒo ƒe 1,900 kple vɔe nye si le Galilea la me la, ede dzi ƒo na eƒe nyaselawo be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” Gake nukatae? Ðe ƒe alafa geɖe mava yi hafi ɣeyiɣia nade be woaɖo Kristo fiae oa? Ẽ. Gake Mesia Fiaɖuƒe mae nye nusi dzi woato akɔ Yehowa ŋutɔ ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu eye eƒe tameɖoɖo gã ɖe anyigba ŋu la nava eme. Amesiame si kpɔa ŋudzedze ɖe esia ƒe vevienyenye ŋu vavã la atsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me. Nenemae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me eye nenema kee wòle fifia esime Fiaɖuƒea le dzi ɖum. Ðe wò agbenɔnɔ ɖee fia be ele Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã?—Mat. 6:33.
2. Nukawoe nye nusiwo yome ame akpa gãtɔ nɔna vevie?
2 Ame akpa gãtɔ tsɔa ɖe le nu bubuwo me wu. Wonɔa kesinɔnuwo kple awu, nuɖuɖu kple ŋutilãmenunɔamesi kpakple vivisese bubu siwo woate ŋu atsɔ ga aƒle la yome vevie. (Mat. 6:31, 32) Woƒe agbenɔnɔ ɖea ɖokuitɔdidi kple vivisese didi fũ akpa fiana. Le woƒe agbe me la, ne woxɔ Mawu dzi se kura gɔ̃ hã la, wotsɔnɛ ɖoa nɔƒe evelia.
3. (a) Kesinɔnu ka ƒomeviwoe Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woadi, eye nukatae? (b) Nukatae mehiã be woatsi dzimaɖi fũ ɖe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu o?
3 Gake Yesu ɖo aɖaŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi . . . o” elabena nunɔamesi mawo dometɔ aɖeke menɔa anyi tegbee o. Egblɔ be, “Ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo,” to Yehowa subɔsubɔ dzi. Eƒoe ɖe eyomedzelawo nu be woana woƒe ŋku dzi ‘nadza’ esi fia be woƒe susu nanɔ nu ɖeka ko si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi. Egblɔ na wo be: “Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo [Kesinɔnuwo] o.” Ke ŋutilã me nuhiahiãwo, esiwo nye nuɖuɖu, avɔtata kple dɔƒe ya ɖe? Yesu ɖo aɖaŋu be “migatsi dzimaɖi” o. Ehe woƒe susu yi xeviwo dzi be Mawu nyia wo. Ede dzi ƒo na eyomedzelawo be woasrɔ̃ nu tso seƒoƒowo gbɔ—Mawu ɖoa atsyɔ̃ na wo nyuie. Ðe Yehowa ƒe subɔla amegbetɔ nyanuwo mexɔ asi wu esiawo katã oa? Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nu [vevi] siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mat. 6:19-34) Èxɔ ema dzi sea? Ðe wò nuwɔnawo ɖee fia?
Migana Naneke Navu Atsyɔ Fiaɖuƒe Nyateƒea Dzi o
4. Ne ŋutilãmenuwo le vevie akpa na ame la, nukae ate ŋu ado tso eme? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu fia.
4 Ne ame tsi dzimaɖi fũ akpa ɖe ŋutilãmenuwo ŋu la, dzɔgbevɔ̃e ate ŋu ado tso eme. Togbɔ be agblɔ be yedi Fiaɖuƒea hã la, ne etsɔ nu bubuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le eƒe dzi me la, woavu atsyɔ Fiaɖuƒe nyateƒea dzi. (Mat. 13:18, 19, 22) Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka la dziɖula ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe bia Yesu be, “Nuka mawɔ, bena manyi agbe mavɔ la dome mahã?” Alesi wògblɔ le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa megbe la ɖee fia be enɔa agbe nyui eye wòwɔa nyui na ame bubuwo. Gake eƒe ŋutilãmenunɔamesiwo nɔ vevie nɛ akpa. Mete ŋu ɖe asi le wo ŋu be yeava zu Kristo yomedzela o. Eyata mewɔ mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòate ŋu ava nye dziɖula kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me hafi la ŋudɔ o. Abe alesi Yesu gblɔe ɣemaɣi ene la: “Aleke gbegbe wòsẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena woayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!”—Mar. 10:17-23.
5. (a) Nukawoe Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòana woadze eŋu, eye nukatae? (b) Aleke Satana wɔa “galɔlɔ̃” ŋudɔ abe mɔ̃ si tsrɔ̃a nu ene?
5 Le ƒe aɖewo megbe la apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo, amesi nɔ Efeso si nye asitsadu si me kesinɔnuwo le ɣemaɣi la me. Eɖo ŋku edzi nɛ be: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayi hã o, ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” Dɔ wɔwɔ be woakpɔ “nunyiame kple avɔtata” si sɔ na ame ɖokui kple ame ƒe ƒome la sɔ. Gake Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” Satana nye ayetɔ. Le gɔmedzedzea me la ato mɔ suesuewo dzi able ame. Zi geɖe la nyaƒoɖeamenu siwo sesẽ wu vana ɖe esia yome—ɖewohi̇̃ anye ame dodo ɖe ŋgɔ wòawɔ dɔ si me fetu sɔ gbɔ le wu gake wòaxɔ ɣeyiɣi si wòɖo ɖi tsã hena gbɔgbɔmenuwo le esi la ƒe mɔnukpɔkpɔ. Ne míele ŋudzɔ o la “galɔlɔ̃” ate ŋu avu atsyɔ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le vevie wu ɖesiaɖe la dzi. Abe alesi Paulo gblɔe ene la, “Galɔlɔ̃ [sia] yome mɔ ame aɖewo di, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Tim. I, 6:7-10.
6. (a) Be mɔ̃ magaɖe mí o la, nukae wòle be míawɔ? (b) Le alesi xexeame ƒe ganyawo le egbea nu la, ɖe nunya le ema mea?
6 Le lɔlɔ̃ vavã na nɔvia Kristotɔ Timoteo ta la, Paulo de dzi ƒo nɛ be: “Si le nusiawo nu,” eye “Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la.” (Tim. I, 6:11, 12) Agbagbadzedze vevie hiã nenye be míana xexeme si ƒo xlã mí la ƒe ŋutilãmenudidi ƒe agbenɔnɔ la nava nɔ míawo hã si o. Gake ne míedo vevie nu le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe xɔse la, Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Togbɔ be nuwo xɔ asi eye dɔwɔɖui manɔamesi bɔ hã la, akpɔ egbɔ be nusi míehiã na ŋutɔŋutɔ la su mía si!—Heb. 13:5, 6.
Nusrɔ̃la Gbãtɔwo Ðo Kpɔɖeŋu Ði
7. Esi Yesu dɔ apostoloawo ɖa be woaɖe gbe ƒã le Israel la, mɔfiafia kawoe wòna wo, eye nukatae esiawo sɔ?
7 Esi Yesu na hehe si sɔ la eƒe apostoloawo vɔ la, edɔ wo be woaɖe gbe ƒã nyanyuie le Israel. “Dziƒofiaduƒe la ɖo vɔ!” Gbedasi dodzidzɔname kae nye si wònye! Yesu Kristo, Mesia Fia la, nɔ wo dome. Esi wònye apostoloawo le wo ɖokui tsɔm na Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ta la, Yesu de dzi ƒo na wo be woaka ɖe dzi be Mawu akpɔ wo dzi. Eyata egblɔ be: “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o. Eye aƒe, si ke me miage ɖo la, minɔ afima, eye miagadze mɔ atso afima.” (Mat. 10:5-10; Luka 9:1-6; 10:4-7) Yehowa akpɔ egbɔ be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo to wo havi Israel-viwo dzi, amesiwo ƒe kɔnu amedzrowɔwɔ nye.
8. (a) Nukatae Yesu na mɔfiafia siwo to vovo la ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku? (b) Gake edze be nuka nakpɔtɔ axɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me?
8 Emegbe, do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku la, ehe eƒe apostoloawo ƒe susu yi nyateƒe si wònye be woava wɔ dɔ le nɔnɔme siwo trɔ me la dzi. Le dumegãwo ƒe tsitretsiɖeŋu ta la, ɖewohi̇̃ womagawɔ amedzro na wo kaba nenema le Israel o. Azɔ hã eteƒe madidi o woatsɔ Fiaɖuƒe gbedasia ayi Trɔ̃subɔdukɔwo me. Fifia ya la woatsɔ “gakotoku” kple “mɔzɔkotoku” ɖe asi. Gake ele be woayi edzi adi Yehowa ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woaka ɖe edzi be Mawu ayra yewoƒe agbagbadzedze la be nunyiame kple avɔtata si hiã nasu yewo si.—Luka 22:35-37.
9. (a) Aleke Paulo tsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔe? (b) Aleke wòwɔ kpɔ eƒe ŋutilãmenuhiahiãwoe? (d) Aɖaŋu kae wòɖo na ame bubuwo le nya siawo ŋu?
9 Apostolo Paulo ɖo alesi woawɔ Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋudɔe la ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Paulo na eƒe agbenɔnɔ ku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. (Dɔw. 20:24, 25) Ne eyi gbe ƒã ɖe ge le teƒe aɖe la, ekpɔa eya ŋutɔ ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ to avɔgbadɔ wɔwɔ dzi. Mekpɔ mɔ be ame bubuwo akpɔ ye dzi o. (Dɔw. 18:1-4; Tes. I, 2:9; Kor. I, 9:18) Gake exɔ amedzrowɔwɔ kple nunanawo akpedadatɔe esime ame bubuwo di be yewoaɖe yewoƒe lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ afia le mɔ sia nu. (Dɔw. 16:15, 34; Fil. 4:15-17) Mede dzi ƒo na ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo be woagblẽ woƒe ƒomedɔdasiwo ɖi be woayi gbeƒãɖeƒe o, ke boŋ be woakpɔ woƒe agbanɔamedzi vovovoawo gbɔ le mɔ si da sɔ nu. Eɖo aɖaŋu na wo be woatsɔ woƒe asiwo awɔ dɔ, woalɔ̃ woƒe ƒomewo eye woaʋu asi me ana nu ame bubuwo. (Ef. 4:28; Tes. II, 3:7-12; Tito 2:3-5) Azɔ hã ede dzi ƒo na wo be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ke menye ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu o, eye woazã woƒe agbe le mɔ si ɖee fia be wonya nusi tututu nye nu veviwo le agbe me la nu. Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nufiafiawo la, ema fia be woadi Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.—Fil. 1:9-11.
Tsɔ Fiaɖuƒea Ðo Nɔƒe Gbãtɔ Le Wò Agbe Me
10. (a) Be ‘woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã’ la gɔme ɖe? (b) Gake nukae mele be woagblẽ ɖi o?
10 Gome nenie mía ŋutɔwo míekpɔna le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuiea gbɔgblɔ na ame bubuwo me? Ema ƒe akpa aɖe nɔ te ɖe nɔnɔme si me míele dzi, eye akpa gãtɔ nɔ te ɖe alesi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ de toe la dzi. Miɖo ŋku edzi be Yesu megblɔ be, ‘Midi Fiaɖuƒea ne nu bubu aɖeke megale mia si miawɔ o.’ Eye megblɔ hã be, ‘Ne mieƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu ɣeaɖewoɣi ko la, miele nusi hiã la wɔm’ o. Megblɔ be, ‘Mitsɔ veviedodo Fiaɖuƒea ƒe nuwo dze egɔmee; gake ne edze abe ɖe Nuɖoanyi Yeyea mele vavam kaba o ene la, miyi edzi mianɔ nane wɔm le Mawu ƒe subɔsubɔ me gake minɔ agbe azɔ abe ame bubuwo ene,’ hã o. Esi wònya Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye nyuie ta la, egblɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu le nya la me be: “Minɔ eƒe fiaɖuƒe la didi dzi.” Alo abe alesi apostolo Mateo ŋlɔe ɖi ene la: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” (Luka 12:31, NW; Mat. 6:33) Togbɔ be mía dometɔ akpa gãtɔ kpɔe be ehiã be míawɔ dɔ aɖe ƒomevi be míakpɔ mía ɖokui kple míaƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ hã la, ne xɔse le mía si vavã la, míaƒe agbe aku ɖe dɔ si Mawu na mí le eƒe Fiaɖuƒea ŋu la ŋuti. Le ɣeyiɣi ma ke me la míagblẽ míaƒe ƒomegbanɔamedziwo ɖi o.—Tim. I, 5:8; Lod. 29:15.
11. (a) Aleke Yesu wɔ nyateƒe si wònye be menye amewo katãe ate ŋu awɔ dɔ agbɔsɔsɔme ma ke le Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ me o la ƒe kpɔɖeŋue? (b) Nukawoe kpɔa ŋusẽ ɖe esia dzi?
11 Mía dometɔ aɖewo te ŋu zãna ɣeyiɣi geɖe ɖe gbeadziyiyi ŋu wu ame bubuwo. Gake le Yesu ƒe lododo si ku ɖe anyigba ƒomevi vovovowo ŋu la me la, eɖee fia be amesiwo katã ƒe dzi le abe anyigba nyui ene la atse ku. Vaseɖe afika? Nɔnɔme siwo me amewo le la le vovovo. Tsitsime, lãmesẽ kple ƒomegbanɔamedziwo katã le nya la me. Gake ne ŋudzedzekpɔkpɔ vavã li la, woate ŋu awɔ dɔ geɖe.—Mat. 13:19, 23.
12. Gbɔgbɔ me taɖodzinu ɖɔʋu ka ŋue wole dzi dem ƒo na sɔhɛwo koŋ be woade ŋugble le?
12 Enyo be taɖodzinu siwo akpe ɖe mía ŋu be míadzi míaƒe gome si míekpɔna le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me ɖe edzi la nanɔ mía si. Ele be sɔhɛwo nabu Kristotɔ sɔhɛ veviedola Timoteo ƒe kpɔɖeŋu nyui la ŋu vevie. (Fil. 2:19-22) Nukae aganyo na wo wu be ne wowu suku nu la woage ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me? Amesiwo tsi wu hã akpɔ viɖe ne woɖo gbɔgbɔ me taɖodzinu nyuiwo na wo ɖokui.
13. (a) Amekae atso nya me le nusi wò ŋutɔ nate ŋu awɔ le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu? (b) Ne míedi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã vavã la, nuka ƒe ɖaseɖiɖie wònye?
13 Le esi teƒe be míaɖe ɖeklemi amesiwo míesusu be woate ŋu awɔ geɖe wu la, ele be xɔse naʋã mí be míadze agbagba be mía ŋutɔwo míayi ŋgɔ ale be míate ŋu asubɔ Mawu bliboe alesi mía ŋutɔwo míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe. (Rom. 14:10-12; Gal. 6:4) Abe alesi wòdze le Hiob ƒe nya la mee ene la, Satana gblɔna be míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo, mía ŋutɔwo míaƒe dzidzeme kple míaƒe nyonyo me koŋ ye míetsɔ ɖe le, eye be ɖokuitɔdidi ƒe susue míetsɔ le Mawu subɔmee. Gake ne míedi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã vavã la, míele gome kpɔm le kpe ɖoɖo edzi be Abosam nye aʋatsokala vɔ̃ɖi si wònye la me. Míele eɖem fia be nusi xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la menye ŋutilãmenunɔamesiwo alo mía ŋutɔwo míaƒe dzidzeme o, ke boŋ Mawu ƒe subɔsubɔe. Míetoa esia dzi ɖea míaƒe lɔlɔ̃ deto na Yehowa, eƒe fianyenye dzi si míede nuteƒewɔwɔtɔe kple míaƒe lɔlɔ̃ na mía havi amegbetɔwo la fiana le nuƒo kple nuwɔna me.—Lod. 27:11; Hiob 1:9-11; 2:4, 5.
14. (a) Nukatae gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowɔɖi ɖea vi? (b) Aleke Ðasefo geɖe le gome kpɔm le gbeadziyiyi mee, eye nukatae?
14 Ðoɖowɔɖi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu geɖe wu esi míawɔ hafi. ‘Ɣeyiɣi ɖoɖi’ le Yehowa ŋutɔ si hena eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ, eye anyo be mí katã míasrɔ̃ ema. (Mose II, 9:5; Mar. 1:15; Gal. 4:4) Ne anya wɔ la, anyo be woakpɔ gome le gbeadziyiyi me zi ɖeka alo esi wu ema kwasiɖa ɖesiaɖe le ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi. Yehowa Ðasefo akpe geɖe le xexeame katã zu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo eye wosea vivi le gaƒoƒo eve alo esi wu ema zazã gbesiagbe le mamã dedie me ɖe gbe ƒã ɖeɖe nyanyuiea ŋu la me. Ame aɖewo wɔa esia tsiãna ɖe enu; ame bubuwo wɔnɛ ɣeyiɣi ʋee aɖewo ƒe sia ƒe. Ame akpe geɖe bubuwo subɔna abe gbesiagbe mɔɖelawo ene, eye wozãna gaƒoƒo etɔ̃ teti gbesiagbe le mamã dedie me tsɔna ɖea gbe ƒã Fiaɖuƒe gbedasia. Ame bubu siwo nye mɔɖela veviwo kple dutanyanyuiegblɔlawo zãna ɣeyiɣi si sɔ gbɔ wu gɔ̃ hã le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me. Eye míeɖale gbeadzi ŋutɔŋutɔ alo míele gbeadzi o, míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔwo be míagblɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa na amesiame si aɖo to la le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si sɔ dzi. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 4:7-15.) Ele be mí katã míabu nusi Yesu ƒe nyagblɔɖi be “woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo” la fia la ŋu vevie. Ele be wòanye míaƒe didi be míakpɔ gome blibo le dɔ ma me ɖe míaƒe nɔnɔmewo nu.—Mat. 24:14; Ef. 5:15-17.
15. Le míaƒe subɔsubɔdɔa gome la, nukatae nesee le ɖokuiwò me be aɖaŋuɖoɖo si le Korintotɔwo I, 15:58 la sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi?
15 Eɖanye dukɔ ka mee Yehowa Ðasefowo le le anyigba ƒe akpawo katã o, wowɔ ɖeka hele subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ gã sia ŋudɔ wɔm vevie. Wowɔa Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me la ŋudɔ ɖe wo ɖokui ŋu be: “Minɔ te sesi̇̃e, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.”—Kor. I, 15:58.
Numetoto
● Esime Yesu gblɔ be woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã la, efia be ele be woatsɔ nuka aɖo nɔƒe evelia?
● Nukpɔsusu kae le be wòanɔ mía si ɖe mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu? Kpekpeɖeŋu kae Mawu ana mí?
● Ne míenya kpɔ gome aɖe le Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me ko la, ɖe dɔ si míawɔ la ƒe agbɔsɔsɔ le veviea? Nukatae?