INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • re ta 3 axa 15-17
  • Nusiwo Gbɔna Dzɔdzɔ Ge Kpuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusiwo Gbɔna Dzɔdzɔ Ge Kpuie
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ si Dzi Woto Ðee Fia
  • Minye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Xlẽla Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyaɖeɖefia—Alesi Wòka Wòe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Yesu Va Kple Dzideƒonya
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
re ta 3 axa 15-17

Ta 3

Nusiwo Gbɔna Dzɔdzɔ Ge Kpuie

1. Aleke nawɔ asi le ʋɔnu si Mawu adrɔ̃ xexeme sia la nu?

ELE be nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame egbea nanɔ vevie ŋutɔ na wò. Nukata? Elabena xexeme sia mate ŋu asi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si Mawu ahe va edzi la nu o. Gake wò ya àte ŋu asi le enu. Àte ŋu awɔ esia ne mènye xexeme si le tsɔtsrɔ̃ ge la “ƒe akpa aɖeke” o. Esia mefia be nanɔ agbe si me vivisese aɖeke mele o abe saɖagaxɔmenɔla ene o. Efia be esime nele vivi sem le agbe nyui si ɖea vi me la, naɖe ɖokuiwò ɖa le dunyahehe ƒe gbegblẽ, asitsatsa ƒe ŋukeklẽ kple mawusubɔsubɔ si doa vlo Mawu, kpakple ʋunyaʋunyawɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be nawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu deŋgɔ siwo ku ɖe agbenɔnɔ ŋu la dzi eye nadi be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Yohanes 17:14-16, New World Translation; Zefanya 2:2, 3; Nyaɖeɖefia 21:8) Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia la ɖe alesi wòle vevie be nado vevie nu le go siawo me ahawɔ tɔtrɔ siwo hiã le wò agbenɔnɔ mee la fia.

2. Aleke apostolo Yohanes dze Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖi wɔnuku la gɔmee, eye amekae Mawu tsɔ gbedasi vevi sia na?

2 Apostolo Yohanes tsɔ nya siawo dze nyagblɔɖi wɔnuku sia gɔmee: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi.” (Nyaɖeɖefia 1:1a) Eyata Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre ye xɔ gbedasi vevi sia tso Mawu gbɔ. Le esi teƒe be Yesu nanye Mawuɖekaetɔ̃ si nye nya ɣaɣla aɖe ƒe akpa aɖe la, woɖee fia le afisia be ele Fofoa te. Le mɔ ma ke nu la, ‘dɔla’ siwo le Kristo-hamea me la le Yesu Kristo te ale be ‘wodzea eyome yia afisiafi si wòyina.’ (Nyaɖeɖefia 14:4; Efesotɔwo 5:24) Gake amekawoe nye Mawu ƒe “dɔlawo” vavã egbea, eye aleke Nyaɖeɖefia ɖea vi na woe?

3. (a) Amekawoe nye ‘dɔla’ siwo le Yesu Kristo te la? (b) Dɔ ka wɔm ‘dɔla’ wɔnuteƒeawo le le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te?

3 Apostolo Yohanes si ŋlɔ Nyaɖeɖefia la ƒo nu tso eɖokui ŋu be yele dɔla mawo dome. Eyae nye apostolo mamletɔ eye wònye “dɔlawo” ƒe habɔbɔ tiatia si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na eye woanyi makumakugbenɔnɔ le dziƒo ƒe dome la me tɔ. Egbea amesiawo dometɔ akpe ʋee aɖewo koe susɔ ɖe anyigba dzi. Subɔla bubu siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo ƒe ameha gã aɖe si nye ame miliɔn geɖe fifia la le Mawu si. Le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te la amesiawo le gome kpɔm kple ‘dɔla’ amesiaminawo le nya nyui mavɔ la gbɔgblɔ na ameƒomea katã la me. Oo, aleke ‘dɔla’ siawo katã le kutri kum be yewoakpe ɖe ame fatu siwo le anyigba dzi la ŋu be woakpɔ ɖeɖe enye si! (Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 14:6) Nyaɖeɖefia ɖe nusiwo wòle be nawɔ be nakpɔ viɖe tso nya nyui dodzidzɔnamea me la fia.

4. (a) Esi wònye ƒe 1,900 kloe nye sia si Yohanes ŋlɔ Nyaɖeɖefia ta la, nukatae wògblɔ be “nusiwo lava ve me kaba”? (b) Nukae ɖaseɖiɖia ɖe fia fifia ku ɖe nusiwo ŋu nya wògblɔ ɖi la ŋuti?

4 Gake nukatae Yohanes gblɔ be woaɖe “nusiwo lava ve me kaba” la afia ‘dɔla’ siawo? Ðe womegblɔ nya mawo anɔ abe ƒe 1,900 ene enye sia oa? Le Yehowa, amesi ƒe akpe ɖeka le na abe “etsɔ ŋkeke, si nu va yi” ene ƒe nukpɔsusu nu la, ƒe 1,900 nye ɣeyiɣi kpui aɖe ne wotsɔe sɔ kple ƒe akpe teƒe akpe geɖe siwo wòtsɔ wɔ anyigba hedzrae ɖo be amegbetɔwo nanɔ edzi la. (Psalmo 90:4) Apostolo Paulo ŋlɔ nu tso eya ŋutɔ ƒe “lala vevie kple mɔkpɔkpɔ” ŋu, elabena ɖikekemanɔmee la eƒe teƒeɖoɖofetu la ƒe vava ŋutɔŋutɔ dze abe nusi tu aƒe ŋutɔ ene nɛ. (Filipitɔwo 1:20) Gake egbea ɖaseɖiɖia bɔ be nusiwo katã wogblɔ ɖi la ava eme ɖe game dzi. Medzɔ kpɔ le ŋutinya me be ameƒomea ƒe agbetsitsi ɖo afɔku me o. Mawu ɖeka si koe egbɔkpɔnua le!—Yesaya 45:21.

Mɔ si Dzi Woto Ðee Fia

5. Mɔ ka dzie woto be Nyaɖeɖefia ɖo apostolo Yohanes, kple emegbe la hameawo, gbɔ?

5 Nyaɖeɖefia 1:1b, 2 yi edzi be: “Eye [Yesu to] eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo [si nye Nyaɖeɖefia] me fia eƒe dɔla Yohanes, amesi ɖi ɖase le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti, abe alesi wòkpɔ nuawo katãe ene.” Eyata Yohanes xɔ nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la to mawudɔla si wodɔ dzi. Eŋlɔe ɖe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ aɖe me heɖoe ɖe hame siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la. Enye dzidzɔ na mí be Mawu kpɔ eta be wòanye dzideƒonya na esubɔla siwo wɔ ɖeka le anyigba dzi egbea ƒe hame siwo wu 65,000 la.

6. Aleke Yesu ɖe mɔ si dzi wòato ana gbɔgbɔ me nuɖuɖu eƒe ‘dɔlawo’ egbea la fiae?

6 Mɔ aɖe nɔ Mawu si, si dzi wòto tsɔ Nyaɖeɖefia na le Yohanes ƒe ŋkekea me, eye Yohanes nye mɔ ma ƒe akpa si nɔ anyigba dzi. Nenema kee mɔ le Mawu si si dzi wòtona naa gbɔgbɔ me nuɖuɖu eƒe ‘dɔlawo’ egbea. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ŋu me la, eyɔ mɔ sia ƒe akpa si le anyigba dzi la be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:3, 45-47) Ewɔa Yohanes habɔbɔ sia ŋudɔ le nyagblɔɖia ƒe gɔmesese ɖeɖe ɖe go me.

7. (a) Aleke wòle be dzesi siwo le Nyaɖeɖefia me la nawɔ dɔ ɖe mía dzie? (b) Ɣeyiɣi didi kae Yohanes habɔbɔa me tɔ aɖewo kpɔ gome le Nyaɖeɖefia ƒe ŋutegawo ƒe emevava me?

7 Apostolo Yohanes ŋlɔe bena Yesu ɖe Nyaɖeɖefia la fia ‘le dzesiwo’ alo kpɔɖeŋuwo me. Esiawo me kɔ eye wo me dzodzro doa dzidzɔ na ame. Wowɔ dɔ ŋusẽtɔe eye ele be wòaʋã míawo hã be míado vevie nu agblɔ nyagblɔɖia kple eƒe gɔmesese na ame bubuwo. Nyaɖeɖefia ɖe ŋutega dedzoameme geɖe fia mí, eye Yohanes kpɔ gome le wo dometɔ ɖesiaɖe me abe nuwɔla alo eteƒekpɔla ene. Yohanes habɔbɔa me tɔ siwo dometɔ aɖewo kpɔ gome le ŋutega siawo ƒe emevava me ƒe 70 kple vɔ la, kpɔa dzidzɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖe gɔmesesea ɖe go be woate ŋu aɖe eme na ame bubuwo.

8. (a) Nukae ɖe dzesi le Nyaɖeɖefia ƒe ŋutegawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu? (b) Aleke Daniel ƒe nyagblɔɖia kpe ɖe mía ŋu be míase nusiwo lã siwo ŋu woƒo nu le le Nyaɖeɖefia me nye la gɔmee?

8 Womeɖo Nyaɖeɖefia ƒe ŋutega siawo ɖe ɣeyiɣi ƒe ɖoɖo nu o. Ɣeyiɣi si me wo dometɔ ɖesiaɖe ava eme la li. Ŋutegaawo dometɔ geɖe gagblɔa nyagblɔɖi siwo do ŋgɔ me nyawo eye emawo nana míenyana nusi wofia. Le kpɔɖeŋu me, Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso lã dziŋɔ ene ŋu heɖe eme be esiawo tsi tre ɖi na dziɖuŋusẽwo le anyigba dzi. Eyata ekpe ɖe mía ŋu be míase egɔme be lã siwo ŋuti woƒo nu le le Nyaɖeɖefia me la tsi tre ɖi na dunyahenuɖoanyiwo, eye esiwo li egbea le wo dome.—Daniel 7:1-8, 17; Nyaɖeɖefia 13:2, 11-13; 17:3.

9. (a) Abe Yohanes ene la, nɔnɔme kae Yohanes habɔbɔ la ɖe fia? (b) Aleke Yohanes ɖe mɔ si dzi míato akpɔ dzidzɔ la fia míe?

9 Yohanes ɖi anukware be wòɖi ɖase le gbedasi si Mawu tsɔ nɛ to Yesu Kristo dzi la ŋu. Eƒo nu tsitotsito tso ‘nusiwo katã wòkpɔ’ la ŋuti. Yohanes habɔbɔa di mɔfiafia tso Mawu kple Yesu Kristo gbɔ vevie be woase nyagblɔɖia gɔme bliboe eye woana Mawu ƒe amewo nanya eme nya sueawo gɔ̃ hã. Be wòaɖe vi na amesiaminawo ƒe hamea (kple ameha gã si tso dukɔ vovovowo me, si ta Mawu akpɔ be woatsi agbe le xaxa gã la me hã) la, Yohanes ŋlɔe bena: “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi [ɖoɖi] la tu aƒe.”—Nyaɖeɖefia 1:3.

10. Nukae wòle be míawɔ le Nyaɖeɖefia ŋu be míakpɔ dzidzɔ?

10 Àkpɔ viɖe geɖe ŋutɔ le Nyaɖeɖefia xexlẽ me eye àkpɔe geɖe wu ne èwɔ ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe eme la dzi. Yohanes ɖe eme le eƒe agbalẽawo dometɔ ɖeka me be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o. Elabena nusianu, si wodzi tso Mawu me la, ɖua xexeame dzi, eye dziɖuɖu, si ɖu xexeame dzi la, eyae nye míaƒe xɔse.” (Yohanes I, 5:3, 4) Àte ŋu akpɔ dzidzɔ si ƒo ɖesiaɖe ta ne ètu xɔse ma tɔgbe ɖo!

11. (a) Nukatae wòhiã be míawɔ ɖe nyagblɔɖia me nyawo dzi kaba? (b) Ɣeyiɣi kae tu aƒe ŋutɔ afɔkutɔe?

11 Ele be míawɔ ɖe nyagblɔɖia me nyawo dzi kaba, “elabena ɣeyiɣi [ɖoɖi] la tu aƒe.” Ɣeyiɣi ɖoɖi hena nuka wɔwɔ? Hena Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖi siwo ŋu Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kpe ɖo la ƒe emevava. Ɣeyiɣi la tu aƒe be Mawu kple Kristo nahe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlea ava Satana ƒe xexemenuɖoanyia dzi. Esime Yesu nɔ anyigba dzi afisia la, egblɔ be ye Fofo ɖeka koe nya “ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma.” Esime Yesu nɔ kuxi siwo dzi ɖe edzi le anyigba dzi tso Xexemeʋa I dzi la ƒe nya gblɔm ɖi la, egblɔ hã be: “Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o.” Eyata ɣeyiɣi ɖoɖi hena Mawu ƒe nyametsotsoa ŋudɔ wɔwɔ le aƒe tum ŋutɔ afɔkutɔe. (Marko 13:8, 30-32) Abe alesi Xabakuk 2:3 gblɔe ene la: “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.” Ðeɖe si míakpɔ le xaxa gã la me la nɔ te ɖe Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la dzi si míawɔ ɖo la dzi.—Mateo 24:20-22.

[Aɖaka si le axa 15]

Be míase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme la, ehiã be

● Yehowa ƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe mía ŋu

● Míanya ɣeyiɣi si me Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme

● Míadze si amesi dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela nye egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe