INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sh ta 15 axa 344-365
  • Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Kple Akpaɖekedzimademade
  • Mawu ƒe Ðasefo Gbogbowo tso Blema Ke
  • Ðekakpui aɖe si Le Mawu Dim
  • Wotrɔ Va Biblia ƒe Nyateƒe la Gbɔ
  • Dodokpɔwo Kple Tɔtrɔwo
  • Dzonɔameme Yeye Kple Ŋkɔ Yeye
  • Mawu Dilawo Didi le Xexeame Katã
  • Biblia Fiafia Habɔbɔ
  • Ðoɖo Ka Nue Ðasefowo Wɔa Nu Ðo?
  • Zi Ƒoƒo Va Mawu Vavã la Gbɔ
  • Wodzi Fiaɖuƒea Le Dziƒo
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Yehowa Ƒe Habɔbɔa Kpea Asi Ðe Wò Subɔsubɔdɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
sh ta 15 axa 344-365

Ta 15

Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ

“Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35.

1, 2. Dɔ kae wòle be lɔlɔ̃ nawɔ le Kristotɔ vavãtɔwo dome?

YESU zã nya mawo tsɔ ɖo dzidzenu si woatsɔ akpɔ amesiwo gblɔna be eyomedzela vavãtɔwoe yewonye adze sii la anyi. Ele be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ nayi ŋgɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ŋutigbalẽ ƒe amadede, to, kple dukɔ si me wotso ƒe memamã ɖesiaɖe dzi. Abia be Kristotɔ vavãwo naganye “xexeame ƒe akpa aɖeke o,” abe alesi Yesu hã “menye xexeame ƒe akpa aɖeke o” ene.—Yohanes 17:14, 16, NW; Romatɔwo 12:17-21.

2 Aleke Kristotɔ ɖenɛ fianae be yemenye “xexeame ƒe akpa aɖeke o”? Le kpɔɖeŋu me, aleke wòle be wòawɔ nu le míaƒe ɣeyiɣia me dunyahehe, tɔtrɔ kpatawo, kple aʋawɔwɔwo ƒe zitɔtɔwo mee? Kristotɔ apostolo Yohanes ŋlɔ nya si wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya siwo dze le etame la be: “Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene míalɔ̃ mía nɔewo.” Eye Yesu ŋutɔ ɖe nusitae eƒe nusrɔ̃lawo meʋli eta heɖee o la me be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, . . . ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” Esi Yesu kura gɔ̃ hã ƒe agbe ɖo afɔku me la, dɔla mawo mege ɖe ʋiʋlia me be yewoalé avu abe alesi aʋawɔxexe sia wɔnɛ ene o.—Yohanes I, 3:10-12; Yohanes 18:36.

3, 4. (a) Nya kae Yesaya gblɔ ɖi ɖe “ŋkeke mlɔeawo” ŋu? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖoe hiã?

3 Ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ na Kristo la, Yesaya gblɔ nya ɖi be dukɔwo katã me tɔwo aƒo ƒu ɖe Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ ŋu eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ o. Egblɔ be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, . . . eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem. Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”a—Yesaya 2:2-4.

4 Subɔsubɔha siwo katã le xexeame dometɔ kae ɖe dzesi le alesi wòɖoa nudidi siawo gbɔe me? Amekawoe gbe aʋawɔwɔ sɔsrɔ̃ togbɔ be wodea wo gaxɔ kple ŋutasẽgaxɔwo me eye wowua wo gake?

Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ Kple Akpaɖekedzimademade

5. Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nuŋlɔɖi kae Yehowa Ðasefowo wɔ abe ame ɖekaɖekawo ene, eye nukatae?

5 Wonya alesi Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖesiaɖe medea nu dunya me o le woƒe dzitsinya ta la le xexeame ƒe afisiafi. Le ƒe alafa 20 lia la katã me la, wodo dzi le gaxɔwo, fuwɔamegaxɔwo, funyafunyawɔame, nyanyãwo, kple yometiti me le esi wogbe be yewomagblẽ yewoƒe lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ abe xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si te ɖe Mawu ŋu o la ta. Le Nazi Germania le ƒe 1933-45 me la, wo dometɔ siwo ade akpe ɖeka ku eye wode akpe geɖe game, le esi wogbe be yewomakpe asi ɖe Hitler ƒe aʋawɔwɔ ƒe agbagbadzedzewo ŋu o ta. Nenema ke le Franco ƒe dziɖuɖu te le Spania si nɔ Fasitɔwo ƒe dziɖuɖu te me la, wode ɖekakpui siwo nye Ðasefo alafa geɖe game eye wo dometɔ geɖe nɔ asrafogaxɔwo me ƒe ewo le mamã dedie nu ɖe aʋawɔwɔ masrɔ̃masrɔ̃ ta. Vaseɖe egbegbe le dukɔ geɖe me la, ɖekakpui geɖe siwo nye Ðasefowo le fu kpem le gaxɔwo me le woƒe akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔ la ta. Gake Yehowa Ðasefowo medoa kplamatse dziɖuɖuwo le woƒe asrafonyawo me o. Ðasefoawo ƒe akpaɖekedzimademade le dunyahenyawo me maʋãmaʋãe la nye woƒe dzixɔse me nu matrɔmatrɔwo dometɔ ɖeka le ƒe alafa 20 lia me dzre kple aʋawɔwɔwo katã me. Esia ɖo kpe edzi ŋusẽtɔe be woawoe nye Kristo yomedzela vavãwo eye wòde vovototo wo kple Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo me.—Yohanes 17:16; Korintotɔwo II, 10:3-5.

6, 7. Nuka gɔmee Yehowa Ðasefowo se ku ɖe Kristotɔnyenye ŋu?

6 Esi Yehowa Ðasefowo ku ɖe Biblia kple Kristo ƒe kpɔɖeŋu ŋu ta la, woɖenɛ fiana be yewole ta dem agu na Yehowa, Mawu vavã la. Wokpɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃ si Yesu ɖe fia le eƒe agbenɔnɔ kple eƒe vɔsa me la dzea sii. Wokpɔe dze sii be Kristotɔ vavãwo ƒe lɔlɔ̃ hea xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me womate ŋu amã o la vɛ—si ƒe ŋusẽ ƒo dunyahehe, ŋutigbalẽ ƒe dzedzeme, kple dukɔwo me memamãwo ta. Nya sia gbɔgblɔ bubue nye be Kristotɔnyenye de ŋgɔ wu dukɔwo dome habɔbɔ ko; eƒo dukɔwo dome habɔbɔwo ta, eye wògbɔ dukɔwo ƒe liƒowo, woƒe dziɖuŋusẽ kple nudidiwo ŋu. Wobua amegbetɔƒomea be enye ƒome ɖeka eye wodzɔ tso ame ɖeka me henye Wɔla ɖeka, Yehowa Mawu ƒe viwo.—Dɔwɔwɔwo 17:24-28; Kolosetɔwo 3:9-11.

7 Togbɔ be subɔsubɔha bubuwo katã de nu aʋawɔwɔ me—le woawo ŋutɔwo nɔviwo kple ame bubuwo wuwu me—hã la, Yehowa Ðasefowo ɖee fia be Yesaya 2:4 ƒe nya siwo míeyɔ va yi la de dzi gbɔ na yewo. Àbia be, ‘Gake afikae Yehowa Ðasefowo dzɔ tso? Aleke wowɔa dɔe?’

Mawu ƒe Ðasefo Gbogbowo tso Blema Ke

8, 9. Nukae Mawu le ameƒomea kpem be woava wɔ?

8 Ƒe siwo wu 2,700 enye sia si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ amekpekpe sia be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe. Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.”—Yesaya 55:6, 7.

9 Le ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo ɖe nu me na Helatɔ siwo nɔ Atene siwo “vɔ̃a [glime-] mawuwo” la be: “[Mawu wɔ] bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba la ƒe ŋku me; eye wòɖo woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe mahĩ, wònye mele adzɔge tso mia dome amesiame gbɔ hafi o.”—Dɔwɔwɔwo 17:22-28.

10. Aleke míewɔ nya be Mawu gbɔ medidi tso Adam kple Xawa kple wo viwo gbɔ o?

10 Kakaɖedzitɔe la, Mawu menɔ adzɔge tso eƒe nuwɔwɔ amegbetɔ siwo nye Adam kple Xawa gbɔ o. Eƒo nu na wo eye wògblɔ eƒe sewo kple nusiwo nye eƒe didiwo na wo. Hekpe ɖe eŋu la, Mawu meɣla eɖokui ɖe wo vi Kain kple Abel o. Exlɔ̃ nu Kain fuléamela la esime eƒe ŋku biã ɖe vɔ si nɔvia sa na Mawu la ŋu. Gake le esi teƒe be Kain naɖɔ eƒe mawusubɔsubɔ ɖo la, eɖe ŋubiabiã ƒe subɔsubɔ ƒe dzimagbɔɖi fia eye wòwu nɔvia Abel.—Mose I, 2:15-17; 3:8-24; 4:1-16.

11. (a) Nya “xɔsetakukula” gɔme ɖe? (b) Aleke Abel wɔ va zu xɔsetakukula gbãtɔ?

11 To Abel ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu vaseɖe ku me dzi la, etrɔ zu xɔsetakukula gbãtɔ.b Enye Yehowa ƒe ɖasefo gbãtɔ hã kple ɖasefo gbogbo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le ŋutinya katã me la ƒe gbãtɔ. Eyatae Paulo te ŋu ŋlɔe be: “Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye, elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.”—Hebritɔwo 11:4.

12. Amekawo hãe nye Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔla bubuwo ƒe kpɔɖeŋuwo?

12 Le lɛta ma ke si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, eyɔ ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ gbogbo aɖewo, abe Noa, Abraham, Sara, kple Mose ene, amesiwo to woƒe nuteƒewɔwɔ me va zu ‘ɖasefowo [Helagbe, mar·tyʹron] ƒe alilikpo gã’ aɖe siwo nye kpɔɖeŋu kple dzideƒo na ame bubu siwo di be yewoanya nyateƒe Mawu la ahasubɔe. Wonye ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ ƒomedodo me kple Yehowa Mawu. Wodi eyama eye woke ɖe eŋu.—Hebritɔwo 11:1–12:1.

13. (a) Nukatae Yesu nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia si ɖe dzesi? (b) Mɔ tɔxɛ ka nue Yesu nye kpɔɖeŋu na eyomedzelawo le?

13 Woyɔ amesi ɖe dzesi wu le ɖasefo mawo dome le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be, “Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ.” Yesu nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti ɖaseɖiɖi bubu si dze ƒã, elabena Yohanes ŋlɔ bena: “Míawo míekpɔe, eye míeɖia ɖase bena, Fofo la dɔ Via ɖo ɖa, be wòanye xexeame xɔla. Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hã nɔa Mawu me. Eye míawo míedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se.” Esi Yesu nye Yuda-vi dzidzi ta la, enye ɖasefo nyateƒetɔ eye eku xɔsetaku le nuteƒewɔwɔ na Fofoa, Yehowa, me. Kristo yomedzela akuakuawo le ŋutinya katã me hã anye eya kple Mawu vavã, Yehowa, ƒe ɖasefowo nenema ke.—Nyaɖeɖefia 1:5; 3:14; Yohanes I, 4:14-16; Yesaya 43:10-12; Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.

14. Nyabiabia kae hiã ŋuɖoɖo azɔ?

14 Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be “ŋkeke mlɔeawo,” alo nusi woyɔ le Biblia ƒe akpa bubuwo be “ŋkeke mamleawo,” la ƒe dzesi la ƒe akpa aɖe anye be woatrɔ ava Yehowa, Mawu vavã la gbɔ.c Le subɔsubɔha vovovowo kple tɔtɔ siwo le wo me siwo ŋu míeƒo nu le le agbalẽ sia me ta la, nyabiabia la fɔ ɖe te be: Amekawoe di Mawu vavã la nyateƒe le ŋkeke mamle siawo siwo me míele la be yewoasubɔe le “gbɔgbɔ kple nyateƒe” me? Be míaɖo nya ma ŋu la, ele be gbã míatrɔ míaƒe susu ɖe ƒe alafa 19 lia me nudzɔdzɔwo ŋu.—Yesaya 2:2-4; Timoteo II, 3:1-5; Yohanes 4:23, 24.

Ðekakpui aɖe si Le Mawu Dim

15. (a) Amekae nye Charles Taze Russell? (b) Nukawo ŋue wònɔ ɖi kem le le mawusubɔsubɔ me?

15 Le ƒe 1870 me la, ɖekakpui veviedola aɖe si ŋkɔe nye Charles Taze Russell (ƒe 1852-1916), dze nya geɖe biabia tso Kristodukɔa ƒe blemanufiafiawo ŋu. Le eƒe ɖekakpuime la, ewɔ dɔ kple fofoa le fofoa ƒe fiase me le Allegheny (si nye Pittsburgh ƒe akpa aɖe fifia), Pennsylvania, U.S.A. si nye mɔ̃ɖaŋuwɔdu si me asitsatsa tsɔa afɔ le la me. Ha siwo me wònɔe nye Presbyteria kple Congregational. Gake nufiafia siawo tɔgbe abe xɔvɛ kple funyafunyawɔame le dzomavɔ me ene ɖe fu nɛ ale gbegbe. Nukawo tae wòke ɖi nufiafia mawo siwo nye gɔmeɖokpe na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha aɖewo? Eŋlɔ be: “Mawu si azã eƒe ŋusẽ atsɔ awɔ amegbetɔ siwo wònya do ŋgɔ eye wòɖoe ɖi na wo be woawɔ funyafunya wo mavɔmavɔe la mate ŋu anye nunyala, dzɔdzɔetɔ kple amesi lɔ̃a ame o. Eƒe dzidzenu abɔbɔ ɖe anyi wu amegbetɔ geɖe tɔ.”—Yeremya 7:31; 19:5; 32:35; Yohanes I, 4:8, 9.

16, 17. (a) Nufiafia kawo mee Russell ƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo la tsɔ ɖe le vevie? (b) Nyaʋiʋli vevi kae do mo ɖa, eye aleke Russell ɖo eŋui?

16 Esi Russell ganɔ eƒe ƒewui mamleawo me la, edze kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple sɔhɛ bubuwo. Wodze ŋku léle ɖe Biblia ƒe nufiafia bubuwo, abe luʋɔ makumaku kple Kristo ƒe tafevɔsa la kple eƒe vava evelia ene ŋu tsitotsito. Le ƒe 1877 me esi Russell xɔ ƒe 25 la, edzra eƒe gome si le fofoa ƒe asitsadɔa me eye wòdze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ gɔme.

17 Le ƒe 1878 me la, nyaʋiʋli vevi aɖe ɖo Russell kple eƒe hadɔwɔla ɖeka si gbe nufiafia si nye be Kristo ƒe ku nye avuléle ɖe nuvɔ̃wɔlawo ta la dome. Le tsitre tsitsi ɖe eŋu me la, Russell gblɔ be: “Kristo wɔ nu nyui geɖe na mí le eƒe ku kple tsitretsitsi me. Exɔ ɖe mía teƒe le ku me; eya amesi nye ame dzɔdzɔe la ku ɖe ame madzɔmadzɔwo ta—ame ɖesiaɖe nye ame madzɔmadzɔ. Le Mawu ƒe amenuveve me la, Yesu Kristo ɖɔ ku kpɔ ɖe amesiame ta. . . . Ezu ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ nala na amesiwo katã ɖoa toe.” Eyi edzi be: “Be woaɖe ame fia be woagbugbɔ ame aƒle. Nukae Yesu gbugbɔ ƒle na amewo katã? Agbee. Míebui to Adam gbãtɔ ƒe tomaɖomaɖo dzi. Adam evelia [Kristo] gaƒlee kple eya ŋutɔ ƒe agbe.”—Marko 10:45; Romatɔwo 5:7, 8; Yohanes I, 2:2; 4:9, 10.

18. (a) Nukae dzɔ le tafe ŋuti nyaʋiʋlia megbe? (b) Ðoɖo ka dzie Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ ɖo le nudzɔdzɔ gome?

18 Russell si nye tafe nufiafia la taʋlila sesẽ ɣeawokatãɣi la tso kadodo siwo katã nɔ wo kple hadɔwɔla xoxo sia dome la me. Le July 1879 me la, Russell dze Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence si woyɔna egbea le xexeame katã be Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe la tata gɔme. Le ƒe 1881 me la, wo kple Kristotɔ bubu siwo tsɔ wo ɖokui ke la ƒo ƒu ɖo Biblia habɔbɔ aɖe si media viɖe o la anyi. Woyɔe be Zion’s Watch Tower Tract Society eye egbea woyɔnɛ be Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania si nye dɔwɔha si Yehowa Ðasefowo zãna le se nu. Tso eƒe gɔmedzedzea teti ko la, Russell te gbe ɖe edzi be womadzɔ ga le amewo si le hame ƒe kpekpewo me o eye womabia ga hã le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me o. Woyɔ amesiwo va kpe ɖe Russell ŋu le Biblia nusɔsrɔ̃ detoa wɔwɔ me la kpuie ko be Biblia Nusrɔ̃viwo.

Wotrɔ Va Biblia ƒe Nyateƒe la Gbɔ

19. Kristodukɔa ƒe nufiafia kawoe Biblia Nusrɔ̃viwo gbe?

19 Le Russell kple eƒe zɔhɛwo ƒe Biblia sɔsrɔ̃a ta la, wova gbe Kristodukɔa ƒe nufiafia ɣaɣla siwo nye “Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔetɔ Kekeake” la, luʋɔ makumaku si wobe ele ame me, kple funyafunya mavɔ wɔwɔ ame le dzomavɔ me. Wogbe hã be osɔfo siwo de osɔfosuku siwo ɖe wo ɖokui ɖe vovo tso hameviwo gbɔ mehiã o. Wodi be yewoatrɔ ayi Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzedze si bɔbɔ ɖe anyi la, esi me hamemegã siwo dze le gbɔgbɔ me la xɔa ŋgɔ le hameawo me eye womebua fetu alo teƒeɖoɖo xɔxɔ aɖeke ƒe tame o la gbɔ.—Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9.

20. Nukae Biblia Nusrɔ̃vi mawo kpɔ ku ɖe Kristo ƒe pa·rou·siʹa kple 1914 la ŋu?

20 Le woƒe Mawu ƒe Nya la me kuku me la, Biblia Nusrɔ̃vi mawo tsɔ ɖe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi siwo ku ɖe “xexeame ƒe nuwuwu” kple Kristo “ƒe vava” ŋu la me vevie. (Mateo 24:3) Esi wotrɔ ɖe Helagbe me nuŋɔŋlɔa ŋu la, wokpɔe be le nyateƒe me la, Kristo ƒe “vava” la nye “pa·rou·siʹa,” alo anyinɔnɔ makpɔmakpɔ. Eyata nusiwo aɖe eƒe anyinɔnɔ si womakpɔ o le nuwuɣia me afia lae Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ke menye eƒe vava si woakpɔ kple ŋkue o. Hekpe ɖe nusɔsrɔ̃ sia ŋu la, Biblia Nusrɔ̃vi mawo di vevie be yewoase Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu si ku ɖe Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu la gɔme. Togbɔ be womese nya sia nya me o hã la, Russell kple eƒe zɔhɛwo kpɔe dze sii be ƒe 1914 anye ƒe dziŋɔ aɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me.—Mateo 24:3-22; Luka 21:7-33, Int.

21. Agbanɔamedzi kae Russell kple etɔwo se le wo ɖokui me be ele yewo dzi?

21 Russell nya be gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe li woawɔ. Etsɔ ɖe le Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo me la me: “Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14; Marko 13:10) Hiahiã kpata aɖe nɔ anyi hena Biblia Nusrɔ̃vi mawo ƒe dɔa wɔwɔ do ŋgɔ na ƒe 1914. Woxɔe se be yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔa awu enu le ƒe ma me, eyata wose le wo ɖokui me be ele be yewoadze agbagba ɖesiaɖe akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.” Eyata wova nɔ C. T. Russell ƒe Biblia me nuƒowo tam ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ akpe geɖe me le xexeame godoo.

Dodokpɔwo Kple Tɔtrɔwo

22-24. (a) Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe akpa gãtɔ wɔ nui esi C. T. Russell ku? (b) Amekae nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla si xɔ ɖe Russell teƒe?

22 Le ƒe 1916 me, esi Charles Taze Russell xɔ ƒe 64 la, eku kpata le eƒe gbeƒãɖeɖemɔzɔzɔ le United States katã la me. Ke nukae adzɔ ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo dzi azɔ? Ðe woadzudzɔ abe amegbetɔ dzro aɖe yome ko dzem wole enea? Aleke woadze ŋgɔ Xexemeʋa I (ƒe 1914-18) ƒe dodokpɔwo, si nye amewuwu si me eteƒe madidi o, United States hã ade nui lae?

23 Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe akpa gãtɔ ƒe nuwɔna dze le nya siwo W. E. Van Amburgh si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔla aɖe gblɔ la me be: “Xexeame katã ƒe dɔ gã sia menye ame ɖeka aɖe ƒe dɔ o. Elolo sãa wu ema. Mawu ƒe dɔe eye metrɔna o. Mawu zã subɔla geɖewo le blema eye ɖikekemanɔmee la, Azã wo dometɔ geɖe le ɣeyiɣi siwo gbɔna me. Menye amegbetɔ aɖee míeɖe adzɔgbe na alo amegbetɔ aɖe ƒe dɔe míeɖee na o, ke boŋ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, si Wòaɖe afia mí to Eƒe Nya la kple eƒe mɔfiafiawo dzie míeɖee na. Mawue gale mɔ fiafia dzi kokoko.”—Korintotɔwo I, 3:3-9.

24 Le January 1917 me la, woɖo Joseph F. Rutherford si nye senyala kple Biblia srɔ̃la si doa vevie nu la Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla eveliae. Kalẽ le eŋu eye ŋɔ medzinɛ o. Enya be ele be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea.—Marko 13:10.

Dzonɔameme Yeye Kple Ŋkɔ Yeye

25. Aleke Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ esi wodze ŋgɔ xexemeʋa gbãtɔ megbe ƒe gbetɔamea?

25 Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wɔ ɖoɖo be wowɔ takpekpewo le United States le ƒe 1919 kple 1922 me. Le Xexemeʋa I ƒe yometiti le United States megbe la, ɖeko wòwɔ abe Pentekoste bubue wònye na Biblia Nusrɔ̃vi akpe ʋee siwo nɔ anyi ɣemaɣi ene. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Le esi teƒe be woaɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ naɖu wo dzi la, wotsɔ dzonɔameme geɖe wu kura do goe yi ɖaɖe gbeƒã na dukɔwo. Le ƒe 1919 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta magazine si nye Gbetakpɔxɔ la ƒe zɔhɛ si ŋkɔe nye The Golden Age, si woyɔna le afisiafi egbea be Nyɔ! Esia nye dɔwɔnu sesẽ aɖe si nyɔ amewo be woanya nusi ɣeyiɣi siwo me míele la fia eye be wòatu kaka ɖe Wɔla la ƒe ŋutifafaxexeme yeye ƒe ŋugbedodo dzi ɖo la ɖe amewo me.

26. (a) Agbanɔamedzi ka dzie Biblia Nusrɔ̃viwo nɔ gbe tem ɖo vevie wu? (b) Biblia gɔmesese si me kɔ wu kae su Biblia Nusrɔ̃viwo si?

26 Le ƒe 1920 kple 1930 ƒe ƒeawo me la, Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ gbe tem ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe gbeƒãɖeɖemɔnu si nye tso aƒeme yi aƒeme la dzi wu. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Enye xɔsetɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be wòaɖi ɖase tso Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua ŋu na ame geɖe alesinu wòate ŋui. Wova kpɔe dze sii kɔte tso Biblia me be nyaʋiʋli gã si dze ŋgɔ ameƒomeae nye xexeame katã ƒe fianyenye ŋuti nyaʋiʋli la eye be Yehowa Mawu akpɔ nya sia gbɔ ne egbã Satana gudugudu eye wòɖe eƒe dɔwɔwɔ gbegblẽawo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi. (Romatɔwo 16:20; Nyaɖeɖefia 11:17, 18) Le nyaʋiʋli sia me la, wova kpɔe dze sii be amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔ xɔ nɔƒe evelia na Mawu ŋuti kɔkɔ be eyae nye xexeame katã ƒe Dziɖulagã si dze la. Eyata ele be ɖasefo nuteƒewɔlawo nanɔ anyigba la dzi be woaɖi ɖase tso Mawu ƒe tameɖoɖowo kple eƒe gãnyenye ŋu. Aleke wokpɔ hiahiã sia gbɔe?—Hiob 1:6-12; Yohanes 8:44; Yohanes I, 5:19, 20.

27. (a) Nu vevi kae dzɔ le ƒe 1931 me? (b) Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo na woto vovo dometɔ aɖewo ɖe?

27 Le ƒe 1931 ƒe July me la, Biblia Nusrɔ̃viwo wɔ takpekpe gã aɖe le Columbus, Ohio, si me ame akpe geɖe lɔ̃ ɖe tameɖoɖo kplikpaa aɖe dzi le. Le eme la, woxɔ “ŋkɔ si Aƒetɔ Mawu ƒe nu tsɔ na wo la,” eye wogblɔ be: “Míedi be woanya ŋkɔ si nye ‘Yehowa Ðasefowo’ na mí eye woayɔ mí nenema.” Tso ɣemaɣi dzi ke la, wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã, menye ɖe woƒe dzixɔse siwo to vovo ɖeɖeko ta o ke boŋ ɖe woƒe dzonɔameme tso aƒeme yi aƒeme kple ablɔ dzi subɔsubɔdɔa wɔwɔ hã ta. (Kpɔ axa 356-7.)—Yesaya 43:10-12; Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.

28. Gɔmesese si me kɔ wu kae Ðasefowo kpɔ ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ŋu le ƒe 1935 me?

28 Le ƒe 1935 me la, gɔmesese si me kɔ ɖe edzi wu su Ðasefoawo si ku ɖe Dziƒofiaɖuƒea ƒe hatsotso si aɖu fia kple Kristo, kpakple wo tevi siwo anɔ anyigba dzi la ŋu. Wonyae do ŋgɔ xoxo be Kristotɔ amesiamina siwo aɖu fia kple Kristo le dziƒo la ƒe xexlẽme anye ame 144,000 ko. Ke mɔkpɔkpɔ kae li na ameƒomea me tɔ susɔeawo? Ehiã be teviwo nanɔ anyi hafi woagblɔ be dziɖuɖu li. Tevi toɖola miliɔn geɖe hã anɔ dziɖuɖu sia, si nye Fiaɖuƒe la, hã si le anyigba dzi afisia. Amesiawo anye “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” amesiwo doa ɣli be: “Xɔname nanye mía Mawu [Yehowa], si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi [Kristo Yesu] la tɔ!”—Nyaɖeɖefia 7:4, 9, 10; 14:1-3; Romatɔwo 8:16, 17.

29. Agbanɔamedzidɔ gã kae Ðasefowo kpɔ dze sii eye wolɔ̃ xɔe?

29 Nusia gɔme si wose ku ɖe ameha gã ŋuti la kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be woakpɔe dze sii be agbanɔamedzi gã aɖe dze ŋgɔ yewo—be yewoadi ame miliɔn mawo siwo le Mawu vavã la dim eye woava zu “ameha gã” la eye yewoafia nu wo. Ema anye dukɔwo dome nufiafiadɔ gã aɖe. Abia be nuƒola kple subɔla siwo wona hehee nanɔ anyi. Sukuwo ahiã. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla si kplɔe ɖo la kpɔ nusiawo katã do ŋgɔ.

Mawu Dilawo Didi le Xexeame Katã

30. Ƒe 1930 kple 1940 ƒeawo me nudzɔdzɔ kawo mee Ðasefowo to?

30 Le ƒe 1931 me la, Ðasefo siwo nɔ anyi mede 50,000 o le anyigba siwo mede 50 o dzi. Ƒe 1930 kple 1940 ƒe ƒeawo me nudzɔdzɔwo mena woƒe gbeƒãɖeɖedɔa nɔ bɔbɔe kura o. Ɣeyiɣi siae nye Fasitɔwo kple Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi kpakple Xexemeʋa II ŋɔli. J. F. Rutherford ku le ƒe 1942 me. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa hiã na ŋgɔxɔxɔ si me ŋusẽ le be wòayi edzi ado ŋusẽ geɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa.

31. Nukae dze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 1943 me hena nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa ƒe takeke?

31 Le ƒe 1942 me, esi Nathan H. Knorr xɔ ƒe 36 la, wotiae Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla etɔ̃liae. Enye ɖoɖowɔla si wɔa dɔ ŋusẽtɔe eye alesi wòhiã be woakeke nyanyui gbeƒãɖeɖea ɖe xexeame katã kabakaba alesi wòate ŋui togbɔ be dukɔwo ganɔ Xexemeʋa II dzi kokoko la ŋuti nugɔmesese si me kɔ nyuie nɔ esi. Eyata ewɔ ɖoɖo ɖe suku si me woana hehe dutanyanyuigblɔlawo le, si woyɔna be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku, la ɖoɖo ŋu.d Woxɔ sukuvi alafa ɖeka gbãtɔ siwo katã nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ɖe eme le January 1943 me. Wosrɔ̃ Biblia kple subɔsubɔdɔa ŋuti nusɔsrɔ̃ siwo do ƒome kplii wòde to nyuie ɣleti ade hafi woɖo wo ɖe woƒe dɔdasiwo, siwo ƒe akpa gãtɔ nye le duta la wɔƒe. Vaseɖe ƒe 1990 me la, klass 89 ye xɔ hehe le sukua me, eye subɔla akpe geɖe tso Gilead yi ɖasubɔ le xexeame godoo.

32. Ŋgɔyiyi kae Yehowa Ðasefowo kpɔ tso ƒe 1943 me heyina?

32 Le ƒe 1943 me la, Ðasefo 126,329 koe nɔ ɖase ɖim le dukɔ 54 me. Togbɔ be Nazitɔwo, Fasitɔwo, Kɔmiunistɔwo, kple Katoliko Dɔwɔhawo kpakple dziɖuɖu siwo woyɔna be demokrasiwo ƒe tsitretsiɖeŋu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nɔ edzi yim le Xexemeʋa II me hã la, Yehowa Ðasefowo ɖo agbɔsɔsɔ gãtɔ si nye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo wu 176,000 kple edzivɔ gbɔ le ƒe 1946 me. Le ƒe blaene megbe la, wode miliɔn ene kloe le anyigba, ƒukpo, kple anyigbamamã 200 kple edzivɔwo dzi. Ðikekemanɔmee la, woƒe ŋkɔ si ɖe dzesi nyuie kple woƒe dɔwɔnawo na wonya wo le xexeame katã. Gake nu bubuwo hã li siwo wɔ akpa vevi aɖe le woƒe dɔa ƒe afɔtsɔtsɔ me.—Zaxarya 4:6.

Biblia Fiafia Habɔbɔ

33. Nukatae Fiaɖuƒe Akpatawo le Yehowa Ðasefowo si?

33 Yehowa Ðasefowo wɔa kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia nusɔsrɔ̃ kpekpewo le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me le hame siwo sɔ gbɔ wu 66,000 me le xexeame katã. Menye kɔnuwɔwɔ alo gbɔgbɔdzeamedzi ƒe kpekpewoe o ke boŋ Mawu, eƒe Nya la, kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu ƒe kpekpewoe. Eyata Yehowa Ðasefowo kpea ta zi etɔ̃ le kwasiɖa me be yewoadzi yewoƒe Biblia gɔmesese ɖe edzi eye yewoasrɔ̃ alesi yewoaɖe gbeƒã gbedasia na ame bubuwo ahafia woe la.—Romatɔwo 12:1, 2; Filipitɔwo 1:9-11; Hebritɔwo 10:24, 25.

34. Nukae nye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe taɖodzinu?

34 Le kpɔɖeŋu me, Teokrasi Subɔsubɔ Suku la nye kwasiɖa dome kpekpe ƒe akpa aɖe si me hamea me tɔwo ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖo. Suku sia, si dzi Kristotɔ hamemegã bibiwo kpɔna la, naa hehe ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo le nufiafiaɖaŋu kple ameɖokuinuɖeɖe si asɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” Le woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo me la, Ðasefoawo srɔ̃a alesi woagblɔ Fiaɖuƒe gbedasia le ‘dɔmefafa kple bubu deto me’ hã.—Kolosetɔwo 4:6; Petro I, 3:15.

35. Kpekpe bubu siwo Ðasefowo wɔna dometɔ aɖewo ɖe, eye vi kawoe woɖena?

35 Ðasefoawo kpea ta gbebubugbe sea aɖabaƒoƒo 45 ƒe Biblia me nuƒo si yome wowɔa hamea ƒe gaƒoƒo ɖeka ƒe Biblia nyati aɖe si ku ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafia alo agbenɔnɔ ŋu la me dzodzro (to nyabiabia kple ŋuɖoɖo dzi). Mɔɖeɖe li be hamea me tɔwo naɖo nya ŋu faa. Ƒe sia ƒe la, Ðasefoawo dea kpekpe gã etɔ̃ siwo nye nutome sue takpekpewo kple nutome gã takpekpewo, siwo xɔa tso ŋkeke ɖeka vaseɖe ŋkeke ene, afisiwo ame akpe geɖewo kpea ta le hena Biblia me nuƒowo sese. Le esiawo kple kpekpe bubu siwo wodena femaxee ta la, Ðasefo ɖesiaɖe naa eƒe sidzedze le Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe anyigba la kple ameƒomea ŋu ŋuti la dea to ɖe edzi eye wòxɔa hehe nyui aɖe le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã. Etea amesiame ɖe Yehowa, Mawu vavã la, ŋu kplikplikpli wu to Kristo Yesu ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ me.—Yohanes 6:44, 65; 17:3; Petro I, 1:15, 16.

Ðoɖo Ka Nue Ðasefowo Wɔa Nu Ðo?

36. (a) Ðe osɔfo siwo woxea fe na le Ðasefowo sia? (b) Ke amekawoe xɔa ŋgɔ le hamea me?

36 Enye nusi me susu le be bene Yehowa Ðasefowo nawɔ kpekpewo eye woawɔ ɖoɖo aɖe gbeƒã la, ele be ame aɖe naxɔ ŋgɔ. Gake osɔfo siwo woxea fe na kple kplɔla si dzi gbɔgbɔ dzena si wodona ɖe dzi mele wo si o. (Mateo 23:10) Yesu gblɔ be: “Faa mixɔe, faa minae.” (Mateo 10:8; Dɔwɔwɔwo 8:18-21) Le hame ɖesiaɖe me la, hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla bibiwo li, amesiwo dometɔ akpa gãtɔ wɔa ŋutilãmedɔ eye wokpɔa ƒomewo dzi, amesiwo lɔ̃na faa xɔa ŋgɔ le nu fiafia kple mɔ fiafia hamea me. Esia tututue nye kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo ɖi.—Dɔwɔwɔwo 20:17; Filipitɔwo 1:1; Timoteo I, 3:1-10, 12, 13.

37. Aleke wotiaa hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe?

37 Aleke wotiaa hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siawoe? Wotiaa wo le hamemegã amesiamina siwo tso anyigba vovovowo dzi la ƒe dziɖuha si ƒe dɔwɔna sɔ kple Yerusalem apostolowo kple hamemegãwo ƒe ha si xɔ ŋgɔ le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hamea me la tɔ la ƒe mɔfiafia te. Abe alesi míekpɔe le Ta 11 lia mee ene la, apostolo ɖeka aɖeke meɖu gã ɖe wo tɔwo dzi o. Wotsoa nya me le ƒuƒoƒo me, eye hame siwo kaka ɖe Romatɔwo ƒe xexeame katã la dea bubu wo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 15:4-6, 22, 23, 30, 31.

38. Aleke Dziɖuha la wɔa dɔe?

38 Ðoɖo ma ke wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la hã gome egbea. Wowɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo le woƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le Brooklyn, New York, eye woɖoa mɔfiamewo ɖe Alɔdzekɔmiti siwo kpɔa subɔsubɔdɔa dzi le dukɔ ɖesiaɖe me la le xexeame katã. To Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋua yome dzedze me la, Yehowa Ðasefowo te ŋu tsɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kpe anyigba la ƒe akpa gã aɖe ɖoe. Wogale dɔ ma wɔm le xexeame godo.—Mateo 10:23; Korintotɔwo I, 15:58.

Zi Ƒoƒo Va Mawu Vavã la Gbɔ

39. (a) Nukatae Ðasefowo mehea dunya o? (b) Aleke Ðasefowo dzi ɖe edzi le mɔxeɖenu tee?

39 Yehowa Ðasefowo kpɔ takeke gã aɖe le ƒe alafa 20 lia me le anyigba katã dzi. Esia le alea le anyigba siwo dzi woxe mɔ ɖe wo nu le alo siwo dziɖuɖuse mekpɔa wo ta le o la kura gɔ̃ hã dzi. Dziɖuɖu siwo mese Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimanɔmanɔ le dunyahehe kple xexe sia me ƒe dukɔmevinyenye ƒe nuwɔnawo me gɔme o lae xea mɔ ɖe wo nu alea. (Kpɔ aɖaka si le axa 347.) Gake le anyigba mawo dzi la, ame akpe geɖe trɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu hekpɔe dze sii be eyae nye ameƒomea ƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ vavã ɖeka kolia. Le xexemedukɔwo ƒe akpa gãtɔ me la, woɖi ɖase gã aɖe, eye Ðasefo siwo me dzo le miliɔn geɖewo le afisiafi egbea.—Kpɔ akɔntabubu si le axa 361.

40, 41. (a) Nukae Yehowa Ðasefowo le lalam fifia? (b) Nyabiabia kae gasusɔ si ŋu woaɖo?

40 Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple woƒe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ƒe mɔkpɔkpɔ la le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie si me nudzɔdzɔ siwo aʋuʋu xexeame katã esi ahe madzɔmadzɔnyenye, nugbegblẽwɔwɔ, nuteƒemawɔmawɔ siwo le anyigba dzi ƒe nuwuwu vɛ kpuie la lalam. Le susu ma ta la, woayi edzi anɔ wo haviwo srãm kpɔ le agbagba dzedze anukwaretɔe be yewoakplɔ dzianukwaretɔwo ava Mawu vavã, Yehowa, gbɔe me.—Nyaɖeɖefia 21:1-4; Marko 13:10; Romatɔwo 10:11-15.

41 Gake do ŋgɔ na ema la, nukae ɣeyiɣi si gbɔna ahe vɛ na ameƒomea, subɔsubɔha, kple anyigba sia si woƒo ɖii la? Míaƒe agbalẽa ƒe ta mamlea adzro nyabiabia vevi sia me.—Yesaya 65:17-25; Petro II, 3:11-14.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a  Woŋlɔ nyagbe eve mamle siawo ɖe “Yesaya ƒe Gli” la ŋu le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe xɔawo ŋgɔ kple kpetata aɖe dzi le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe abɔwo me, eye wo mevavae nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖeka.

b Helagbe me nya marʹtyr, si me woɖe Eŋlisigbe me nya “martyr” [xɔsetakukula] (“amesi ɖia ɖase to eƒe ku dzi,” An Expository Dictionary of New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ), tsoe gɔme koŋ ye nye “ɖasefo” (“amesi ɖia ɖase, alo amesi ate ŋu aɖi ɖase, tso nusi wòkpɔ alo se alo nya to mɔ bubu ɖesiaɖe nu la ŋu,”) A Greek-English Lexicon of the New Testament, si J. H. Thayer ŋlɔ).

c Hena “ŋkeke mamleawo” ŋuti numeɖeɖe tsitotsito la, kpɔ Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le 1983 me ƒe ta 18 lia.

d Gilead, si woɖe tso Gal·‛edhʹ me le Hebrigbe me la gɔmee nye “Ðasefowo ƒe Kɔlili.” Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 882, 942.—Mose I, 31:47-49.

[Aɖaka si le axa 347]

Kristotɔwo ƒe Akpaɖekedzimanɔmanɔ le Trɔ̃subɔlawo ƒe Roma

Le nusi sɔ kple lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe gɔmeɖose siwo Yesu fia la dzi wɔwɔ me, kple le nusi woawo ŋutɔwo srɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me ta la, Kristotɔ gbãtɔwo mewɔa aʋa alo srɔ̃a aʋawɔwɔ o. Yesu gblɔ be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia me ƒe akpa aɖeke o. Nye fiaɖuƒe, ɖe wònye xexe sia me ƒe akpa aɖe la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe la metso dzɔtsoƒe sia o.”—Yohanes 18:36, NW.

Emegbe kura le ƒe 295 M.Ŋ. me la, wozi Maximilianus si tso Theveste, si nye Roma-srafo xoxo aɖe viŋutsu, dzi be wòawɔ asrafodɔ. Esi asrafogbeɖela la bia eƒe ŋkɔ ta se la, egblɔ be: “Nukatae nèdi be yeanya ŋkɔnye fifia? Nye dzitsinya tsi tre ɖe asrafodɔ wɔwɔ ŋu: Kristotɔe menye. . . . Nyemate ŋu awɔe o; nyemate ŋu awɔ nuvɔ̃ ɖe nye dzitsinya ŋu o.” Asrafogbeɖela la he nya ɖe eŋu be aku ne egbe ewɔwɔ. “Nyemawɔe o. Miate ŋu atso ta le nunye faa, gake nyemasubɔ Xexe Sia Me ŋusẽwo o; nye Mawue masubɔ.”—An Historian’s Approach to Religion, si Arnold Toynbee ŋlɔ.

Le míaƒe ɣeyiɣia me la, nusi Yehowa Ðasefowo kpɔ le woawo ŋutɔwo ƒe Biblia sɔsrɔ̃ me la na wotso nya me le wo ɖokui si be yewoawɔ nusi yewoƒe dzitsinya gblɔ na yewo le tenɔnɔ ma tɔgbe me léle ɖe asi me. Wowɔ nuvevi gãtɔ kekeake wo dometɔ aɖewo le dukɔ aɖewo me, vevietɔ le Nazi Germania, afisi woda tu wo, wode ka ve na wo, eye wowu wo le le Xexemeʋa II me. Gake woƒe xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi la me megblẽ kpɔ o. Ame aɖeke meku le aʋa me le Kristotɔ Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka si me kpɔ gbeɖe o. Aleke gbegbe nuwo ato vovoe le xexeame ƒe ŋutinya mee nye si ne ɖe amesiame si yɔa eɖokui be Kristotɔ la nɔ agbe ɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃se la nu!—Romatɔwo 13:8-10; Petro I, 5:8, 9.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 356, 357]

Yehowa Ðasefowo ƒe Dzixɔsewo

Nyabiabia: Nukae nye luʋɔ?

Ŋuɖoɖo: Le Biblia me la, luʋɔ (Hebrigbe, neʹphesh; Helagbe, psy·kheʹ) nye ame alo lã alo agbe si ame alo lã le.

“Eye Mawu gblɔ bena: [Luʋɔ] gbagbewo nedo tso anyigba me hamehame, aƒemelãwo kple nu tatawo kple gbemelãwo hamehame! Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.”—Mose I, 1:24; 2:7.

Lãwo kple amegbetɔwo WONYE luʋɔwo. Luʋɔ la menye nane si nɔa eɖokui si o. Ate ŋu aku eye ekuna hã. “Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”—Xezekiel 18:4.

Nyabiabia: Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nyea?

Ŋuɖoɖo: Yehowa Ðasefowo xɔe se be Yehowa ye nye xexeame katã ƒe Fiagã kple Aƒetɔ si ame aɖeke mesɔ kplii o. “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (Mose V, 6:4) Kristo Yesu si nye Nya la nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ eye wòva anyigba dzi le wɔwɔ ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu dzi me. Enye amesi bɔbɔ ɖe Yehowa te. “Ke ne wotsɔ nuwo katã de ete la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.”—Korintotɔwo I, 15:28; kpɔ Mateo 24:36; Marko 12:29; Yohanes 1:1-3, 14-18; Kolosetɔwo 1:15-20 hã.

Gbɔgbɔ kɔkɔe la nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, alo ŋusẽ si wɔa dɔ, menye amee o.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 17, 18.

Nyabiabia: Ðe Yehowa Ðasefowo dea ta agu na legbawo alo dea bubu wo ŋua?

Ŋuɖoɖo: Trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖeke mele Yehowa Ðasefowo dome o, eɖanye na legbawo, amewo, alo habɔbɔwo o.

“Míenya [be trɔ̃wo menye naneke le xexe sia me o], eye bena, mawu bubu aɖeke hã meli o, negbe ɖeka hɔ̃ koe li. Ke nenye nusiwo woyɔna be mawuwo li hã, eɖanye le dziƒo alo anyigba dzi, abe alesi mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo li ene la; gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye míawo míeli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye míawo míeto eyama me la, li na mí.”—Korintotɔwo I, 8:4-6; kpɔ Psalmo 135:15-18 hã.

Nyabiabia: Ðe Yehowa Ðasefowo wɔa Misa alo dea kplɔ̃ ŋua?

Ŋuɖoɖo: Yehowa Ðasefowo mexɔ Katolikotɔwo ƒe nufiafia be le Misa wɔwɔ me la, aboloa kple wein la trɔna zua Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ la dzi se o. Woɖua Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la le ɣletiŋkeke si dze Yudatɔwo ƒe ɣleti Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi la dzi (elɔ̃a March alo April dzi dzedze) wònyea ŋku ɖoɖo Kristo ƒe ku dzi ƒe sia ƒe. Wotsɔa abolo maʋãmaʋã kple wein siwo nye kpɔɖeŋu na Kristo ƒe ŋutilã nuvɔ̃manɔŋui la kple eƒe vɔsaʋu la tsanae le hamea me le kpekpe sia me. Amesiwo si fiaɖuɖu kple Kristo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me ƒe mɔkpɔkpɔ le koe ɖua kpɔɖeŋunuawo.—Marko 14:22-26; Luka 22:29; Korintotɔwo I, 11:23-26; Nyaɖeɖefia 14:1-5.e

[Nɔnɔmetatawo]

Yehowa Ðasefowo kpea ta edziedzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me hena Biblia sɔsrɔ̃

Fiaɖuƒe Akpatawo: Ichihara Dugã, Japan (axa si do ŋgɔ), kple Boituva, Brazil

[Etenuŋɔŋlɔwo]

e Hena nya sia me dzodzro la, kpɔ Reasoning From the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le 1985 me, axa 261-9.

[Nyaɖoɖo si le 361]

Dukɔ Aɖewo Siwo me Ðasefowo Ðea Gbeƒã Le

Dukɔ Ðasefowo ƒe Xexlẽme

Argentina 79,000

Australia 51,000

Brazil 267,000

Britain 117,000

Canada 98,000

Colombia 42,000

El Salvador 18,000

Finland 17,000

France 109,000

Germany, F. R. 129,000

Greece 24,000

Hungary 10,000

India 9,000

Italy 172,000

Japan 138,000

Korea 57,000

Lebanon 2,500

Mexico 277,000

Nigeria 137,000

Philippines 102,000

Poland 91,000

Portugal 36,000

Puerto Rico 24,000

South Africa 46,000

Spain 78,000

U.S.A. 818,000

Venezuela 47,000

Zambia 72,000

36 mɔxeɖenuteƒe 220,000

1989 Xexeame ƒe Akɔntabubu Hame 60,192 Ðasefo 3,787,000

[Nɔnɔmetata si le axa 346]

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ŋutifafakpememe la gblɔ be: “Míatsɔ míaƒe yiwo atu kodziwoe”; Biblia me mawunyakpukpuia dze le “Yesaya ƒe Glia” ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 351]

Yehowa Ðasefowo xɔ Kristo ƒe tafevɔsa ɖe ameƒomea ƒe nuvɔ̃wo ta dzi se

[Nɔnɔmetata siwo le axa 363]

Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔwo:

Alesi East Pennines, England takpexɔa dze le yamee

Takpexɔ, Fort Lauderdale, Florida, U.S.A., hena Eŋlisigbe, Spaniagbe kple Fransegbe kpekpewo wɔwɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 364]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Xexeame Katã ƒe Dɔwɔƒea ƒe ta, Brooklyn, New York; ɔfiswo, agbalẽtaƒewo kple xɔdɔmewo

[Nɔnɔmetata si le axa 365]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Alɔdzedɔwɔƒewo (tso miame le etame) le Dziehe Afrika, Spania, kple New Zealand

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe