Ta 13
Nu Sɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe Tetekpɔwo Me
ESI Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔe yi Yudea-gbedzi. Nu geɖe li si ŋu wòabu, elabena le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me la, “dziƒowo nu ʋu,” ale be wòte ŋu kpɔ dziƒonuwo dze sii. Le nyateƒe me la, nu geɖe li si ŋu wòade ŋugble le!
Yesu nɔ gbeadzi ŋkeke 40 kple zã 40 le ɣeyiɣi sia me naneke maɖumaɖui. Emegbe esi dɔ nɔ Yesu wum ŋutɔ la, Abosam te ɖe eŋu hegblɔ nɛ be: “Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, woatrɔ zu abolo.” Gake Yesu nya be enye nu gbegblẽ be yeazã yeƒe nukunuwɔŋusẽwo hena ye ŋutɔ yeƒe nudidiwo gbɔ kpɔkpɔ. Eyata egbe be esia megate ye kpɔ o.
Gake Abosam mena ta o. Egadze agbagba to mɔ bubu dzi kpɔ. Etɔ gbe Yesu be wòati kpo tso gbedoxɔa ƒe gli dzi bene Mawu ƒe dɔlawo nava xee. Gake nukunu ɖedzesi ma wɔwɔ medzro Yesu o. Yesu yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖee fia be enye nu gbegblẽ be woate Mawu akpɔ le mɔ sia nu.
Le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Abosam fia xexemefiaɖuƒewo katã Yesu le nukumɔ aɖe dzi hegblɔ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” Gake le esia hã me la, Yesu meɖe mɔ tetekpɔa na wòwɔ nuvɔ̃ o; etia be yealé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi boŋ.
Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yesu tete kpɔ siawo me. Le kpɔɖeŋu me, woɖee fia be menye nugbegblẽwɔwɔ ƒe nɔnɔme dzro aɖe koe Abosam nye abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene o, ke boŋ enye ame si li ŋutɔŋutɔ si womekpɔna o. Yesu ƒe tetekpɔawo ɖee fia hã be xexeamedziɖuɖuwo katã nye Abosam tɔ. Ne menye nenema o ɖe, aleke wo tsɔtsɔ na Kristo ate ŋu anye tetekpɔ ŋutɔŋutɔe ne menye Abosam tɔe wonye vavã o?
Eye bu tame tso nya sia ŋu kpɔ: Abosam gblɔ be yelɔ̃ faa be yeaɖo eteƒe na Yesu ne enya de ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko, elɔ̃ be yeatsɔ xexeamefiaɖuƒewo katã gɔ̃ hã nɛ. Ele bɔbɔe na Abosam be wòadze agbagba le mɔ ma tɔgbe nu be yeate mí akpɔ, ɖewohĩ atsɔ mɔnukpɔkpɔ dzroame siwo ana xexeame ƒe gakpɔkpɔ, ŋusẽ, alo nɔƒe kɔkɔ nasu mía si la aɖo mía ŋkume. Gake aleke gbegbe míadze nunyae nye si ne míedze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome esi míalé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi eɖanye tetekpɔ ka kee wònye o! Mateo 3:16; 4:1-11; Marko 1:12, 13; Luka 4:1-13.
▪ Anɔ eme be nukawo ŋue Yesu nɔ ŋugble dem le le ŋkeke 40 siwo wònɔ gbeadzi?
▪ Aleke Abosam dze agbagba be yeate Yesu kpɔe?
▪ Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe tetekpɔawo me?