Ta 17
Nu Fiafia Nikodemo
ESI Yesu de ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa ɖuƒe la, ewɔ dzesi alo nukunu gãwo. Ema na ame geɖe xɔ edzi se. Esia wɔ dɔ ɖe Nikodemo, Sanhedrin si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la me tɔ la dzi eye wòdi be yeasrɔ̃ nu geɖe. Eyata eyi Yesu gbɔ le zã me, ɖewohĩ enɔ vɔvɔ̃m be ne wokpɔ ye la, agblẽ nu le bubu si le ye ŋu le Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔla bubuawo gbɔ la ŋuti.
Egblɔ be: “Rabi, míenya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.” Yesu ɖo ŋu gblɔ na Nikodemo be ele be ‘woagbugbɔ adzi’ ame hafi wòate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.
Gake aleke woate ŋu agbugbɔ ame adzie? Nikodemo bia be: “Ðe wòate ŋu ayi ɖe dadaa ƒe dɔ me zi evelia, be woagadzia?”
Ao, menye emae gbugbɔgadzi fia o. Yesu ɖe eme be: “Ne womedzi ame tso tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.” Esi wona nyɔnyrɔ̃ Yesu eye gbɔgbɔ kɔkɔe ɖi ɖe edzi la, wotsɔ esia dzii “tso tsi kple gbɔgbɔ me.” Mawu ƒe gbeƒãɖeɖe si tso dziƒo si kpe ɖe esia ŋu be, ‘amesiae nye Vinye si ƒe nu dzea ŋunye’ lae wòtsɔ dzi gbɔgbɔmevi si si Dziƒofiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le lae. Emegbe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, ame bubu siwo wona nyɔnyrɔ̃e la xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea eye wogbugbɔ woawo hã dzi wonye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo.
Gake Mawu ƒe Vi tɔxɛ si nye amegbetɔ la ƒe ɖoƒe le vevie. Yesu gblɔ na Nikodemo be: “Abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã, be amesiame, si xɔa edzi sena la, nakpɔ agbe mavɔ.” Ẽ, abe alesi wòhiã be Israel-vi mawo siwo da ɖu la nakpɔ akɔblida la ahatsi agbe ene la, nenema kee wòhiã be amegbetɔwo katã naɖe xɔse afia ɖe Mawu ƒe Vi la me be woaɖe wo tso ku ƒe nɔnɔme si me wole la me.
Le gbe tete ɖe akpa vevi si Mawu wɔna lɔlɔ̃tɔe le esia me dzi la, Yesu yi edzi gblɔ na Nikodemo be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Eyata esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Yerusalem afisia ɣleti ade pɛ ko megbe la, ena wòdze ƒã be yee nye amesi dzi Yehowa Mawu ato aɖe amegbetɔƒomea.
Yesu yi edzi gaɖe nu me na Nikodemo be: “Elabena Mawu medɔ via ɖe xexeame, be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o;” si fia be medɔe be wòadrɔ̃ fɔbubuʋɔnu ameƒomea, alo abu fɔe ahatso kufia nɛ o. “Ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.”
Vɔvɔ̃e na Nikodemo va Yesu gbɔ le zã me. Eyata enye nusi wɔ dɔ ɖe ame dzi be Yesu wu eƒe dze ɖoɖo kplii nu to gbɔgblɔ dzi be: “Esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli [si Yesu na wòdze kɔte le eƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo me] va xexeame, [gake] amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la; elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye [mevaa] kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi wɔa nuteƒe la, eya [vaa] kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.” Yohanes 2:23–3:21; Mateo 3:16, 17; Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Mose IV, 21:9.
▪ Nukae ʋã Nikodemo wòyi Yesu gbɔ, eye nukatae wòyi le zã me?
▪ ‘Gbugbɔgadzi’ gɔme ɖe?
▪ Aleke Yesu ɖe eƒe ɖoƒe le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ me fiae?
▪ Nukae wòfia be Yesu meva be yeadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o?