INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 21
  • Le Ƒuƒoƒe si Le Yesu De

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Le Ƒuƒoƒe si Le Yesu De
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eyi Ƒuƒoƒea Le Nazaret
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ewɔ Nukunuwo, Gake Wogbee Le Nazaret Gɔ̃ Hã
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Dzodzo le Yairo ƒe Aƒeme kple Tɔtrɔ Yi Nazaret
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 21

Ta 21

Le Ƒuƒoƒe si Le Yesu De

ÐIKEKE aɖeke mele eme o be dzidzɔ gã aɖe nɔ Nazaret esime Yesu gbɔ va aƒe. Abe ƒe ɖeka kple nu vi aɖe do ŋgɔ ene hafi Yesu nadzo ayi be Yohanes nanyrɔ̃ ye ɖe tsi me la, atikpalae wonya be enye. Gake fifia nukunuwɔlae wonya nɛ le afisiafi. Dua me tɔwo tsi dzimaɖi be yewoakpɔe bene wòawɔ nukudɔ siawo dometɔ aɖewo le yewo dome.

Woƒe didi la nu sẽ ɖe edzi esi Yesu, le eƒe kɔa nu la, yi ƒuƒoƒe si le afima. Le mawunyagbɔgblɔawo me la, etsi tre be yeaxlẽ nu eye wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsa la nɛ. Eʋu afisi woƒo nu tso Amesi wotsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ si ami na la ŋu, esi le Yesaya ta 61 me le míaƒe Biblia me egbea.

Esi Yesu xlẽ nu tso alesi Amesia aɖe gbe ƒã ablɔɖe na gamemewo, kple nukpɔkpɔ na ŋkuagbãtɔwo, kpakple le Yehowa ƒe amenuveƒe la ŋu vɔ la, egbugbɔ agbalẽxatsaxatsa la na dɔla la eye wòbɔbɔ nɔ anyi. Amesiame fɔ ŋku ɖe edzi henɔ ekpɔm vevie. Emegbe eƒo nu, ɖewohĩ eƒe nuƒoa didi vie eye wòɖe eme be: “Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.”

Eƒe ‘amenuvevenyawo’ wɔ mo yaa na ameawo eye wobia wo nɔewo be: “Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?” Gake esi Yesu nya be wodi be yewoakpɔ ye yeawɔ nukunuwo ta la, eyi edzi gblɔ be: “Miado lo nam tsã be: ‘Gbedala, da gbe le ɖokuiwò ŋu!’ Nusiwo míese bena, nèwɔ le Kapernaum la, wɔe le mía de afisia hã.” Edze ƒã be amesiwo kple Yesu nɔ anyi tsã la se le wo ɖokui me be ele be gbedada la nadze egɔme tso aƒe, be wòaɖe vi na eya ŋutɔ detɔwo gbã. Eyata wose le wo ɖokui me be Yesu mebu yewo ŋu o.

Esi Yesu nya nusi nɔ woƒe susu me ta la, egblɔ ŋutinya aɖe si sɔ ɖe nɔnɔmea nu. Egblɔ be ahosi geɖe nɔ Israel le Eliya ŋɔli gake womeɖo Eliya ɖe wo dometɔ aɖeke gbɔ o. Ke boŋ ahosi si menye Israel-vi o si le Zidon gbɔe woɖoe ɖo eye wòyi ɖawɔ agbeɖeɖenukudɔ le afima. Eye le Elisa ƒe ŋkekeawo me hã anyidzela geɖe nɔ anyi, gake Naeman si tso Siria ŋu koe Elisa da dɔ le.

Esi ŋutinya me kpɔɖeŋu mawo siwo mede wo dzi o siwo ɖe woƒe ɖokuitɔdidi kple xɔsemanɔamesi fia la ve dɔme na amesiwo le ƒuƒoƒea la, wotsi tre eye wonyã Yesu do goe le dua me. Esi woɖo to si dzi wotso Nazaret-dua ɖo la ƒe abunu la, wodi be yewoatu asii aƒu abua me. Gake Yesu si le wo gbɔ eye womete ŋu lée o eye wòdzo le wo gbɔ dedie. Luka 4:16-30; Fiawo I, 17:8-16; Fiawo II, 5:8-14.

▪ Nukatae amewo ƒo zi le Nazaret?

▪ Nukae ameawo susu le Yesu ƒe nuƒoa ŋu, gake nukae na dɔme ve wo ale gbegbe?

▪ Nukae ameawo di be yewoawɔ Yesu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe