Ta 31
Nukuwo Ŋeŋe le Sabat Dzi
ETEƑE medidi hafi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem be yewoatrɔ ayi ɖe Galilea o. Ɣemaɣi nye adame, eye luwo ʋã ɖe agblewo dzi le lutiwo dzi. Dɔ nɔ nusrɔ̃lawo wum. Eyata woŋe luawo ɖu. Gake esi wònye Sabat dzie ta la, amewo medo kpo dzesi dede nusi wowɔ la o.
Ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye sia esi subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoawu Yesu elabena wogblɔ be eda Sabat la dzi. Fifia Farisitɔwo tsɔ nutsotso aɖe vɛ. Wogblɔ be: “Kpɔ ɖa, wò nusrɔ̃lawo wɔ nusi mele sekɔa nu o la, le Sabat dzi.”
Farisitɔwo gblɔ be nuku ŋeŋe kple etugutugu le asi nye nukuxaxa kple eƒoƒo. Gake nusi wobu be enye dɔwɔwɔ le Sabat dzi si wobu se sesẽe tikãa la wɔe be Sabat la zu agba, evɔ ɖe woɖoe be wòanye dzidzɔ ƒe ɣeyiɣi si atu ame ɖo le gbɔgbɔ me hafi. Eyata Yesu tsɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋuwo tsi tre ɖe woƒe tsitretsiɖeŋunya la ŋui eye wòɖee fia be Mawu meɖoe gbeɖe be Yeƒe Sabat-se la dzi wɔwɔ nasesẽ dzodzroe nenema o.
Yesu gblɔ be esi dɔ nɔ Dawid kple eƒe amewo wum la, wotɔ ɖe avɔgbadɔa me eye woɖu ŋkumeɖobolowo. Woɖe abolo mawo le Yehowa ŋkume xoxo eye wotsɔ yeyewo ɖo wo teƒe, eye le ɖoɖoa nu la, wodana wo ɖi na nunɔlawo be woaɖu. Gake le nɔnɔme mawo me la, womebu fɔ Dawid kple eƒe amewo ɖe wo ɖuɖu ta o.
Le kpɔɖeŋu bubu gbɔgblɔ me la, Yesu gblɔ be: “Miexlẽ le se la me kpɔ bena, nunɔlawo gblẽa Sabat-kɔ ɖo le mawuxɔa me, eye nuvɔ̃ mele wo ŋu o oa?” Ẽ, le Sabat dzi gɔ̃ hã nunɔlawo yia lãtsotso kple dɔ bubuwo wɔwɔ dzi le gbedoxɔa me le lãwo ƒe vɔ sasa me! Yesu gblɔ be: “Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi wu mawuxɔa la, le afii.”
Le nuxɔxlɔ̃ Farisitɔwo me la, Yesu yi edzi be: “Ke ɖe mienya nusia bena: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o’ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o.” Azɔ eƒo nya ta be: “Elabena Sabat ƒe aƒetɔ enye Amegbetɔvi la.” Nukae Yesu ƒe nya siawo fia? Yesu le nu ƒom tso eƒe ƒe akpe ɖeka ŋutifafa ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu la ŋu.
Ƒe 6,000 sɔŋ enye sia fifia si ameƒomea le fu kpem vevie le kluvinyenye na Satana Abosam me, eye ʋunyaʋunyawɔwɔ kple aʋawɔwɔ zu gbesiagbenudzɔdzɔwo. Gake Kristo ƒe Sabat-dziɖuɖu gã la anye gbɔɖemeɣi tso fukpekpe kple teteɖeanyi mawo katã me. Mateo 12:1-8; Mose III, 24:5-9; Samuel I, 21:1-6; Mose IV, 28:9; Hosea 6:6.
▪ Aleke wotso Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nue, eye aleke Yesu ɖo nutsotsoa ŋue?
▪ Nusi Farisitɔwo do kpo si dzedzee ka dzie Yesu tɔ asii?
▪ Mɔ ka nue Yesu nye ‘Sabat la ƒe Aƒetɔ’ le?