Ta 35
Mawunya si Xɔ Ŋkɔ Wu Ðesiaɖe si Wogblɔ Kpɔ
NUDZƆDZƆA nye esiwo dzi woaɖo ŋkui wu le Biblia ƒe ŋutinya me la dometɔ ɖeka: Yesu nɔ to aɖe dzi nɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la gblɔm. Teƒea gogo Galilea-ƒua, eye ɖewohĩ ete ɖe Kapernaum ŋu. Le gbedodoɖa zã bliboa katã vɔ megbe la, ɖeko Yesu tia ame 12 le eƒe nusrɔ̃lawo dome be woanye apostolowo vɔ tetie nye esia. Emegbe wo katã wokpe ɖe eŋu eye woɖi abu va toa ƒe afisia si nye sɔsɔeƒe.
Àsusu be ɖeɖi ate Yesu ŋu eye wòadi be yeadɔ alɔ̃ vie. Gake ameha gbogbo aɖewo va, wo dometɔ aɖewo tso keke Yudea kple Yerusalem ke si nye agbadroƒe 60 alo 70. Ame bubuwo tso Tiro kple Zidon ƒe ƒuta si le anyiehe. Wova be yewoase Yesu ƒe nyawo eye be wòada gbe le yewoƒe dɔlélewo ŋu. Ame aɖewo siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo nye Satana ƒe dɔla vɔ̃ɖiwo, le fu ɖem na la nɔ ameawo dome.
Esi Yesu ɖi va la, dɔnɔwo te ɖe eŋu eye woka si eŋu eye wòda dɔ na wo katã. Edze abe ɖe Yesu lia toa yi teƒe si kɔ dzi vie wu ene. Ebɔbɔ nɔ afima eye wòdze nu fiafia ameha siwo nɔ eŋkume le gbadzaƒea la gɔme. Eye bu eŋu kpɔ ko! Ame aɖeke mele amehawo dome si dɔléle sesẽ aɖe le fu ɖem na o!
Ameawo di vevie be yewoase nufiala si te ŋu wɔ nukunu siawo gbegbe la ƒe nyawo. Gake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo anɔ eme be woawoe nɔ anyi gogoe wu la ƒe viɖe ta koŋ ye wògblɔ eƒe mawunya la ɖo. Gake be wòaɖe vi na míawo hã ta la, Mateo kple Luka siaa ŋlɔe ɖi.
Mateo ƒe todzimawunya la ŋuti nuŋlɔɖi didi wu Luka tɔ abe zi gbɔ zi ene ene. Gawu la, Luka ŋlɔ nusiwo Mateo ŋlɔ ɖi la ƒe akpa aɖewo ɖi abe nusiwo Yesu gblɔ ɣebubuɣi le eƒe subɔsubɔdɔa me ene, abe alesi nate ŋu ade dzesii ne ètsɔ Mateo 6:9-13 sɔ kple Luka 11:1-4, kple Mateo 6:25-34 sɔ kple Luka 12:22-31 ene. Gake mele be esia nawɔ nuku na mí o. Edze ƒã be Yesu fia nu ma ke wu zi ɖeka, eye Luka tia be yeaŋlɔ nufiafia siawo dometɔ aɖewo le nudzɔdzɔ bubuwo me.
Nusi na be Yesu ƒe mawunya la xɔ asi ale gbegbe la menye le alesi gbɔgbɔmenu siwo le eme la gogloe ɖeɖeko ta o ke boŋ alesi wògblɔ nyateƒe siawo ɖe mɔ si gɔme sese le bɔbɔe nu eye wo me kɔ ƒã la hã tae. Ehe susu yi nusiwo dzɔna ɖaa kple nusiwo ŋu ameawo nya nu le nyuie la dzi, eye esia na amesiwo katã le agbe si ɖɔ ʋu wu dim be yewoanɔ ɖe mɔ si dze Mawu ŋu nu la te ŋu se eƒe nufiafiawo gɔme bɔbɔe.
Amekawoe Nye Dzidzɔtɔwo Ŋutɔŋutɔ?
Amesiame dina be yeakpɔ dzidzɔ. Esi Yesu nya esia ta la, edze eƒe Todzimawunya la gɔme to amesiwo nye dzidzɔtɔwo le nyateƒe me la ɖɔɖɔ dzi. Abe alesi míate ŋu akpɔe le susu me ene la, esia nyɔ eƒe nyasela gbogbo mawo ƒe susu enumake. Gake eƒe ŋgɔdonya adze na ame geɖe abe nusi tsi tre ɖe eɖokui ŋu ene.
Esi Yesu nɔ eƒe nyawo gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo la, edze egɔme be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] mi, amesiwo nye ame dahewo, elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la. [Dzidzɔtɔwoe nye] mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena miaɖi ƒo. [Dzidzɔtɔwoe nye] mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu. [Dzidzɔtɔwoe mienye] ne amewo alé fu mi, . . . Dzi nadzɔ mi le ŋkeke ma me, eye midzo kpo, elabena kpɔ ɖa, miaƒe fetu lolo le dziƒo.”
Aleae Luka ŋlɔ Yesu ƒe mawunya la ƒe ŋgɔdonyae. Gake le Mateo ƒe nuŋlɔɖia nu la, Yesu gblɔ hã be ame fafawo, nublanuikpɔlawo, amesiwo dza le dzi me kple ŋutifafalɔ̃lawo nye dzidzɔtɔwo. Amesiawo nye dzidzɔtɔwo elabena woanyi anyigba la ƒe dome, woakpɔ nublanui na wo, woakpɔ Mawu, eye woayɔ wo be Mawu ƒe viwo.
Gake nusi Yesu le gbɔgblɔm be woakpɔ dzidzɔ la mefia aglotutu alo nukoko hahaha, abe ne wole aseye tsom ɖe nane ŋu ene la ɖeɖeko o. Dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ me goglo wu eye gɔmesese si nye nu ƒe ame ŋu dzedze, dzidzeme kple sese le ame ɖokui me be yeɖo yeƒe taɖodzinu gbɔ le agbe me le eŋu.
Eyata Yesu ɖee fia be amesiwo nye dzidzɔtɔwo ŋutɔŋutɔe nye amesiwo nya woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo eye woxaa nu le woƒe nuvɔ̃menyenye ta, eye wova nya Mawu hesubɔnɛ. Ekema ne wolé fu wo alo ti wo yome le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta hã la, wokpɔa dzidzɔ elabena woƒe nu dzea Mawu ŋu eye woaxɔ fetu si wònana si nye agbe mavɔ la.
Gake abe ame geɖe siwo li egbea ene la, Yesu ƒe nyaselawo dometɔ geɖe susu be gakpɔkpɔ kple vivisese yome titi ye nye nusi nana wokpɔa dzidzɔ. Esi Yesu nɔ nusi tsi tre ɖe eŋu si awɔ nuku na eƒe nyaselawo dometɔ geɖe gblɔm la, egblɔ be:
“Baba na mi kesinɔtɔwo; elabena miekpɔ miaƒe akɔfafa la xoxo. Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi, amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi. Baba na mi, ne amewo katã aƒo nu nyuie le mia ŋuti; elabena nenema ke wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.”
Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Nukatae kesinɔnukpɔkpɔ, nukoko le dzidzɔkpɔkpɔ yome titi me, kple amewo ƒe kafukafu nye nusi ahe vɔ̃ vɛ? Nusitae nye be ne nusiawo le ame si eye wòdea asixɔxɔ gã wo ŋu la, ekema eɖea Mawu subɔsubɔ si ɖeɖeko hea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ la ɖa le ame ƒe agbe me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu mele gbɔgblɔm be ahedada, dɔ ƒe ame wuwu, kple nuxaxa ɖeɖeko awɔ ame dzidzɔmee o. Gake zi geɖe la, amesiawo siwo dzi nu mede o la ɖoa to Yesu ƒe nufiafiawo, eye le esia ta wotsɔa dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ yraa woe.
Azɔ le nuƒoƒo na eƒe nusrɔ̃lawo me la, Yesu gblɔ be: “Miawoe nye anyigba ƒe dze.” Míenya be mele gbɔgblɔm be dze ŋutɔŋutɔe wonye o. Ke boŋ dze nye nusi nana nu megblẽna o. Woli kɔ gbogbo aɖe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me le vɔsamlekpuia gbɔ, eye nunɔla siwo le subɔsubɔm le afima la denɛ vɔsawo me.
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye “anyigba ƒe dze” le gɔmesese sia nu be woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kpɔa amewo ta tso gbegblẽ si me. Le nyateƒe me la, gbedasi si wogblɔna la akpɔ amesiwo katã wɔna ɖe edzi la ƒe agbe ta! Ana nɔnɔme siwo nye kelili, nuteƒewɔwɔ, kple anukwareɖiɖi nanɔ wo me eye wòaxe mɔ ɖe gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ me nugbegblẽwɔwɔ nu.
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli.” Womesia akaɖi tsɔ dana ɖe kusi te o ke boŋ akaɖiti dzie wodanɛ ɖo, eyata Yesu gblɔ be: “Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔa esia to woƒe dutoƒoɖaseɖiɖi dzi kpakple to alesi woƒe agbenɔnɔ anye kpɔɖeŋu siwo anɔ keklẽm si awɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi.
Dzidzenu Kɔkɔ na Eyomedzelawo
Subɔsubɔhakplɔlawo bu Yesu abe Mawu ƒe Se la dzidala ene eye woɖo nugbe gɔ̃ hã ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye sia be yewoawui. Eyata esi Yesu nɔ eƒe Todzimawunyagbɔgblɔa dzi yim la, eɖe nu me be: “Migabu xa bena, meva se la alo [nyagblɔɖilawo] tu ge o. Nyemeva wo tu ge o, ke boŋ wo nu wu ge meva.”
Yesu dea bubu gãtɔ kekeake Mawu ƒe Sea ŋu eye wòdea dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã nade bubu eŋu nenema. Le nyateƒe me la, egblɔ be: “Amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me,” si gɔmee nye ame ma mayi ɖe Fiaɖuƒea me kura o.
Le nusi de megbe xaa tso bubumademade Mawu ƒe Sea ŋu me la, Yesu bu fɔ nɔnɔme siwo ana woada edzi la kura gɔ̃ hã. Esi Yesu gblɔ be Se la gblɔ be “Megawu ame o” vɔ la, egblɔ kpee be: “Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.”
Esi wònye alesi woayi edzi ado dɔmedzoe ɖe ame havi ŋu nye nya sesẽ ale gbegbe eye ɖewohĩ ana woawu ame kura gɔ̃ hã ta la, Yesu wɔ afisi ke wòle be woadze agbagba aɖoe be ŋutifafa nanɔ anyi la ƒe kpɔɖeŋu. Efia nu be: “Eyaŋuti ne ètsɔ wò [nunanavɔsa] va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ nunana la vae.”
Le susu hehe yi Se Ewoawo ƒe adrelia dzi me la, Yesu yi edzi be: “Miese wogblɔ bena: Megawɔ ahasi o.” Gake Yesu bu fɔ nɔnɔme si anɔ anyi si akplɔ ame ayi ahasiwɔwɔ mee la gɔ̃ hã. ‘Mele egblɔm na mi be amesiame si yia edzi nɔa ŋku ɖem ɖe nyɔnu be wòadzroe la wɔ ahasi kplii le eƒe dzi me xoxo.’
Menye agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susu aɖe si ava ame ƒe tame eye wòaɖe asi le eŋu dzro ko ƒe nya gblɔm Yesu le le afisia o ke boŋ alesi woayi edzi anɔ ŋku ɖem ɖe nyɔnua ŋu nya gblɔm wòle. Alesi woayi edzi ame ƒe ŋku nanɔ eŋu nenema la nyɔa dzodzro ɖe ame me eye ne mɔnukpɔkpɔa su ame si la, akplɔ ame ayi ahasiwɔwɔ mee mlɔeba. Aleke woate ŋu axe mɔ ɖe alesi nusia adzɔ ɖe ame dzi nue? Yesu wɔ alesi wòahiã be woawɔ afɔɖeɖe siwo gbɔ eme la ƒe kpɔɖeŋu hegblɔ be: “Ke ne wò nuɖusi ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme, eye natsɔe aƒu gbe, . . . Eye ne wò nuɖusi ɖia nu wò la, lãe ɖa le ŋutiwò, eye natsɔe aƒu gbe.”
Zi geɖe la, amewo lɔ̃na be yewoana woalã yewoƒe abɔ alo afɔ si ŋu dɔléle le la ɖa bene yewoate ŋu anɔ agbe. Gake le Yesu ƒe nya nu la, ele vevie wu kura gɔ̃ hã be woatsɔ nusianu, si nye nane si xɔ asi ale gbegbe abe ŋku alo asi gɔ̃ hã ene, ‘aƒu gbe’ bene woaƒo asa na agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tamebubu kple nuwɔnawo. Yesu ɖe eme be ne menye nenema o la, woatsɔ ame mawo aƒu gbe ɖe Gehenna (aɖukpo aɖe si gogo Yerusalem), si fia tsɔtsrɔ̃ mavɔ la me.
Yesu ƒo nu tso alesi míawɔ nu ɖe amesiwo wɔ nu gbegblẽ ɖe mía ŋu alo dze agɔ le mía dzi la ŋu. Exlɔ̃ nu be: “Migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋuti o; ke boŋ amesi ke ƒo wò nuɖusi tome la, nyẽ ekeme hã nɛ.” Yesu mele gbɔgblɔm be mele be woaʋli ame ɖokui alo ame ƒe ƒome ta ne wodze ame dzi o. Womeƒoa tome na ame kple susu be amea nase veve o, ke boŋ be woatsɔ adzui. Eyata nusi gblɔm Yesu le enye be ne ame aɖe di be yeana yewoawɔ avu alo yeado dzre na wò to asi ɖeɖe tsɔ ƒo tomee na wò alo to amedzunya siwo tɔa ame gbɔgblɔ ɖe ŋuwò dzi la, masɔ be nawɔ wɔɖenui o.
Esi Yesu he susu yi Mawu ƒe se si ku ɖe havilɔlɔ̃ ŋu dzi vɔ la, egblɔ be: “Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi dea mi.” Le susu vevi aɖe si tae woawɔ nu alea gbɔgblɔ me la, egblɔ kpee be: “Bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo.”
Yesu tsɔ nuxɔxlɔ̃ sia wu eƒe mawunya la ƒe akpa sia nui be: “Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.” Yesu mele fiafiam be amegbetɔwo ade blibo le nya la ƒe gɔmesese blibo nu o. Ke boŋ to woƒe Mawu sɔsrɔ̃ dzi la, woate ŋu akeke woƒe lɔlɔ̃ ɖe enu wòalɔ woƒe futɔwo gɔ̃ hã ɖe eme. Luka ƒe nuŋlɔɖia si ɖii la gblɔ Yesu ƒe nya siawo be: “Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.”
Gbedodoɖa, kple Ŋuɖoɖo Ðe Mawu Ŋu
Esi Yesu yi eƒe mawunya la gbɔgblɔ dzi la, ebu fɔ amesiwo ɖea nusi woawo ŋutɔ buna mawuvɔvɔ̃e fiana be woakpɔ la. Egblɔ be: “Ne èna nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna . . . ene o.”
Yesu yi edzi be, “ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo.” Efia nu boŋ be: “Ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe.” Yesu ŋutɔ do gbe ɖa le dutoƒo, eyata mele fɔ bum gbedodoɖa siawo o. Nusi wòle fɔ bumee nye gbe siwo wodona ɖa be wòawɔ dɔ ɖe eselawo dzi eye woakafu edoɖala la.
Yesu gaxlɔ̃ nu be: ‘Ne èle gbe dom ɖa la, mègagblɔ nya ma ke agagbugbɔ agblɔe abe alesi dukɔwo me tɔwo wɔna ene o.’ Yesu mele gbɔgblɔm be nyagbugbɔgagblɔ ŋutɔ nye nu gbegblẽ o. Ɣeaɖeɣi la, eya ŋutɔ gblɔ ‘nya ma ke’ edziedzi le gbedodoɖa me. Nusi ŋu boŋ wòtsi tre ɖoe nye nya siwo wolé ɖe susu me ‘gbugbɔgagblɔ’ abe alesi amesiwo xlẽa dzonu gbugbɔ gblɔa woƒe gbedodoɖa siwo wolé ɖe tame ene.
Esi Yesu di be yeakpe ɖe yeƒe nyaselawo ŋu be woado gbe ɖa ta la, egblɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa aɖe si me nyati vevi adre le. Esɔ be etɔ̃ gbãtɔwo ɖee fia be míelɔ̃ ɖe Mawu ƒe fianyenye kple eƒe tameɖoɖowo dzi. Wonye nusiwo míabia Mawu be eƒe ŋkɔ ŋuti nekɔ, eƒe Fiaɖuƒe neva, eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Ene susɔeawo nye ame ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo biabia, esiwo nye, gbesiagbenuɖuɖu, nuvɔ̃tsɔtsɔke, be womegate mí kpɔ wu nusi míate ŋui o, eye be woaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.
Le edziyiyi me la, Yesu ƒo nu tso alesi ŋutilãmenuwo bubu nu vevie akpa si mesɔ o la nye mɔ̃ si ɖea ame ŋu. Ede dzi ƒo be: “[Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu] na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia nu le la.” Menye ɖeko kesinɔnu mawo gblẽna ko o ke boŋ asixɔxɔ aɖeke mele wo ŋu le Mawu gbɔ hã o.
Eyata Yesu gblɔ be: “Ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo.” Alesi nawɔ esiae nye be natsɔ Mawu subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me. Ame aɖeke mate ŋu afi nu ma ƒe asixɔxɔ si nu nèƒo ƒu ɖe Mawu gbɔ alo fetu wɔnuku si le eme la o. Emegbe Yesu gblɔ kpee be: “Afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ.”
Esi Yesu yi edzi ganɔ mɔ̃ si ŋutilãmenudidi nye la gblɔm la, egawɔ kpɔɖeŋu bubu be: “Ame blibo la katã ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti.” Ŋku si kpɔa nu nyuie la le na ŋutilã la abe akaɖi si wosi da ɖe tsyɔtsyɔƒe ene. Gake be ŋkua nakpɔ nu nyuie la, ele be edzi nadza, si gɔmee nye ele be woanɔ nu ɖeka dzi tẽ. Ŋku si womeda ɖe nu ɖeka dzi tẽ o nana be wowɔa vodada le alesi wobua nuwoe me, ewɔnɛ be wotsɔa ŋutilãmenuwo yome titi dana ɖe nɔƒe gbãtɔ na Mawu subɔsubɔ, esi wɔnɛ be “ame blibo la katã” me doa viviti.
Yesu tsɔ kpɔɖeŋu sẽŋu aɖe ƒo nya sia tae be: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.”
Le nuxlɔ̃me sia gbɔgblɔ vɔ megbe la, Yesu ka ɖe edzi na eƒe nyaselawo be mehiã be woatsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ne wotsɔa Mawu subɔsubɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ o. Egblɔ be: “Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo.” Emegbe ebia be: “Ðe mia tɔ mevena wua woawo tɔ o mahã?”
Yesu yi edzi ƒo nu tso dzogbenyãwo ŋu eye wògblɔ be “Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.” Eyi edzi be: “Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, . . . la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!” Eyata Yesu ƒo eta be: “Migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka míano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. . . . Mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiwo katã hiãa mi. Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”
Agbemɔ La
Agbemɔ lae nye agbenɔnɔ si me woalé Yesu ƒe nufiafiawo me ɖe asi le. Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o. Le kpɔɖeŋu me, Farisitɔwo lɔ̃a ʋɔnu sesẽ dɔdrɔ̃ ame eye anɔ eme be ame geɖe srɔ̃a wo. Eyata esi Yesu nɔ eƒe Todzimawunyagbɔgblɔa dzi yim la, egblɔ nuxlɔ̃menya sia be: ‘Midzudzɔ ʋɔnu dɔdrɔ̃ ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si miedrɔ̃ la, eya ke woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi.’
Enye nusi me afɔku le be woadze Farisitɔ siwo lɔ̃a ʋɔnu sesẽ dɔdrɔ̃ ame ƒe mɔfiafia yome. Eyata Luka ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be Yesu wɔ afɔku sia ƒe kpɔɖeŋu fia to gbɔgblɔ dzi be: “Ðe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã?”
Nya hehe ɖe ame bubuwo ŋu akpa, woƒe vodadawo tsɔtsɔ wɔ nya gãe eye woatɔ ŋku wo, nye agɔdzedze gã aɖe. Eyata Yesu bia be: “Aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ati fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.”
Esia mele fiafiam be mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nagbe nugɔmesese ŋudɔ wɔwɔ le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me o, elabena egblɔ be: “Migatsɔ nu kɔkɔe na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me . . . o.” Nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya la me la le kɔkɔe. Wole abe kpɔɖeŋudzonuwo ene. Gake ne ame aɖewo, siwo le abe avũwo alo hawo ene, mekpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒe xɔasi siawo ŋu o la, ele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo naɖe asi le ame mawo ŋu be woadi amesiwo alɔ̃ aɖo to wu.
Togbɔ be Yesu ƒo nu tso gbedodoɖa ŋu do ŋgɔ le eƒe Todzimawunya la me hã la, fifia ele gbe tem ɖe alesi woaku kutri le edodo ɖa me dzi. Ede dzi ƒo be: ‘Minɔ ebiabia dzi eye woana mi.’ Be wòatsɔ aɖe Mawu ƒe klalonɔnɔ ɖe gbedodoɖa ŋu ɖoɖo ŋu afia la, Yesu bia be: “Ameka le mia dome, ne via abia aboloe la, wòatsɔ kpe anae mahã? . . . . Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu o mahã?”
Yesu yi edzi gblɔ nusi va trɔ zu agbenɔnɔ me se si wonya nyuie, si ame geɖe yɔna be Sikase la. Egblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Agbe nɔnɔ ɖe se sia nu lɔ nu tuameɖowo wɔwɔ le nyui wɔwɔ na ame bubuwo me, eye nawɔ nu ɖe wo ŋu abe alesi nadi be woawɔ ɖe ye ŋu ene la ɖe eme.
Agbemɔ ma dzi zɔzɔ mele bɔbɔe o abe alesi Yesu ɖee fia ene be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.”
Afɔku si li be woable ame la lolo, eyata Yesu xlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.” Abe alesi tututu woate ŋu atsɔ ati ƒe tsetsewo adze sii ne ati nyui alo ati vɔ̃e wònye ene la, Yesu gblɔ be woate ŋu atsɔ aʋatsonyagblɔɖilawo ƒe agbenɔnɔ kple woƒe nufiafiawo adze si woe.
Le edziyiyi me la, Yesu ɖe nu me be menye nusi ame aɖe gblɔna dzro koe nana wòzua yeƒe nusrɔ̃la o ke boŋ nusi wòwɔna hãe. Ame aɖewo gblɔna be Yesu ye nye yewoƒe Aƒetɔ, gake ne womele Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm o la, egblɔ be: “Maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!”
Mlɔeba la, Yesu tsɔ nyataƒonya si dzi woaɖo ŋkui ɣeyiɣi didi la wu eƒe mawunya la nui. Egblɔ be: “Amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti; eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xɔ ma te, eye memuna o; elabena woɖo egɔme anyi ɖe kpe gbadza dzi.”
Le go bubu me la, Yesu gblɔ be: “Amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti; eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xɔ ma te, eye wòmu, eye eƒe anyidzedze ɖi gbloo.”
Esi Yesu wu eƒe mawunya la gbɔgblɔ nu la, alesi wòfiaa nui la wɔ mo yaa na amewo elabena efia nu wo abe amesi si si ŋusẽ le ene ke menye abe woƒe subɔsubɔhakplɔlawo ene o. Luka 6:12-23; Mateo 5:1-12; Luka 6:24-26; Mateo 5:13-48; 6:1-34; 26:36-45; 7:1-29; Luka 6:27-49.
▪ Afikae Yesu nɔ esime wògblɔ eƒe mawunya si dzi woɖoa ŋkui wu la, amekawoe nɔ anyi, eye nukae dzɔ teti do ŋgɔ na egbɔgblɔ?
▪ Nukatae mewɔ nuku o be Luka ŋlɔ eƒe mawunyagbɔgblɔ la me nufiafia aɖewo le nudzɔdzɔ bubuwo me?
▪ Nukae na Yesu ƒe mawunya la xɔ asi ale gbegbe?
▪ Amekawoe nye dzidzɔtɔwo ŋutɔŋutɔ, eye nukatae?
▪ Amekawoe wodo baba na, eye nukatae?
▪ Aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye “anyigba ƒe dze” kple ‘xexeame ƒe kekelie’?
▪ Aleke Yesu dea bubu deto Mawu ƒe Sea ŋue?
▪ Nukae Yesu fia bene wòatsɔ aho nusiwo gbɔ amewuwu kple ahasiwɔwɔ tsona la ɖa le ame me?
▪ Nuka gblɔm Yesu le esi wògblɔ be woatrɔ tome kemea ɖa?
▪ Aleke míate ŋu ade blibo abe alesi Mawu de bliboe ene?
▪ Gbedodoɖa ŋuti nufiame kawoe Yesu gblɔ?
▪ Nukatae dziƒokesinɔnuwo de ŋgɔ wu, eye aleke woawɔ woasu ame si?
▪ Kpɔɖeŋu kawoe wòwɔ be wòatsɔ akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ŋutilãmenudidi?
▪ Nukatae Yesu gblɔ be mehiã be míatsi dzimaɖi o?
▪ Nukae Yesu gblɔ tso ʋɔnu dɔdrɔ̃ ame bubuwo ŋu; gake aleke wòɖee fia be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo naɖe nugɔmesese afia le nu wɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu me?
▪ Nukae Yesu gayi edzi gblɔ tso gbedodoɖa ŋu, eye agbenɔnɔ ŋuti se kae wògblɔ fia?
▪ Aleke Yesu ɖee fia be agbemɔ la dzi zɔzɔ manɔ bɔbɔe o eye afɔku si nye be woakplɔ ame atrae la li?
▪ Aleke Yesu wu eƒe mawunya la nue, eye dɔ kae wòwɔ ɖe amewo dzi?