Ta 40
Nublanuikpɔkpɔ ŋuti Nufiafia Aɖe
ANƆ eme be Yesu gakpɔtɔ nɔ Nain, afisi eteƒe medidi o wòfɔ ahosi aɖe ƒe viŋutsu ɖe tsitre le, alo ɖewohĩ eyi ɖe du aɖe si te ɖe afima ŋu la me. Farisitɔ aɖe si ŋkɔe nye Simon di be yealé ŋku ɖe amesi le nukudɔ mawo gbegbe wɔm la ŋu. Eyata ekpe Yesu be wòava ɖu nu kpli ye.
Esi Yesu bui be enye mɔnukpɔkpɔ si yeatsɔ asubɔ amesiwo ava nua ɖuƒee ta la, elɔ̃ ɖe amekpekpea dzi abe alesi wòlɔ̃ yi nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe amekpekpe be woava ɖu nui ene. Gake esi Yesu ge ɖe Simon ƒeme la, womewɔ amedzro nɛ abe alesi wowɔnɛ ɖaa na ame kpekpewoe ene o.
Ame ƒe afɔ si le afɔkpa me la xɔa dzo heƒoa ɖi le mɔ si dzi fúfu le dzi zɔzɔ ta, eye enye amedzrowɔwɔnuwɔna si wowɔna ɖaa be woatsɔ tsi fafɛ aklɔ afɔ na amedzrowo. Gake womeklɔ afɔ na Yesu esi wòva o. Eye wometsɔ nugbugbɔ si wotsɔ doa dzaa na amee si nye nuwɔna si bɔ hã xɔe o. Eye alesi wozu kɔnu be wosia ami ɖe ta na ame abe amedzrowɔwɔ ene hã nye nusi womewɔ na Yesu o.
Esi wonɔ nua ɖum eye amedzroawo nɔ kplɔ̃ ŋu la, nyɔnu aɖe si ame aɖeke mekpe o la ge ɖe xɔa me dzaa. Wonyae le dua me be agbe gbegblẽe wònɔna. Anɔ eme be ese Yesu ƒe nufiafiawo, siwo dome eƒe amekpekpe si nye be ‘amesiwo katã dzi agba te ɖo la nava xɔ gbɔɖeme le ye gbɔ’ nɔ la hã. Eye esi nusiwo wòse kple nusiwo wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ ta la, edi Yesu.
Nyɔnua to Yesu megbe le kplɔ̃a ŋu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔ nu. Esi wòfa avi eye eƒe aɖatsiwo ge ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi la, etsɔ eƒe taɖa tutu woe. Eye esi wòɖuɖɔ eƒe afɔwo bɔkɔɔ la, etsɔ ami ʋeʋẽe si le eƒe goe me la kɔ ɖe wo dzi. Simon nɔ ekpɔm eye nua medze eŋu o. Eƒe tame koe nye: “Ðe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.”
Esi Yesu nya nusi le eƒe tame ta la, egblɔ be: “Simon, nya aɖe le asinye, be magblɔ na wò.”
Egblɔ nɛ be: “Nufiala, gblɔe”!
Yesu dze egɔme be: “Fenyila eve wole fetɔ ɖeka si; ɖeka nyi denario alafa atɔ̃, ke bubu nyi blaatɔ̃. Esi naneke mele wo si be, woaxee o la, etsɔe ke wo ame eve la katã. Azɔ wo dometɔ kae alɔ̃e awu mahã?”
Ðewohĩ Simon tsɔ ɖekemaɖi ɖo ŋui le alesi biabia la ɖi nyamaɖinyae ta be: “Mebu xa bena: Amesi wòtsɔ geɖe wu kee lae.”
Yesu gblɔ be: “Èbui nyuie.” Eye azɔ esi Yesu trɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon be: “Èle nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu woe. Mèɖuɖɔ nu nam o; ke eya la tso esime wòva eme la, medzudzɔ nye afɔwo gbugbɔgbugbɔ o. Mèsi ami nam ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti.”
Nyɔnua to eƒe nuwɔna sia dzi ɖe eƒe dzimetɔtrɔ si tso eƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke tso eƒe agbegbegblẽnɔnɔ tsãtɔ me la fia. Eyata Yesu ƒo nya ta be: “Eyaŋuti mele egblɔm na wò bena: Wotsɔ eƒe nuvɔ̃, siwo sɔ gbɔ la kee, elabena elɔ̃ geɖe; ke amesi wotsɔ ʋee kee la, ʋee ko wòlɔ̃na.”
Yesu mele aɖaba ŋem ƒu agbegbegblẽnɔnɔ dzi alo le edzi dem le mɔ aɖeke nu kura o. Ke boŋ nudzɔdzɔ sia ɖe alesi wòtsɔa nublanuikpɔkpɔ sea nu gɔme na amesiwo wɔa vodada le agbe me gake emegbe woɖenɛ fiana be yewose veve ɖe nusiawo ta eye le esia ta wovaa Kristo gbɔ hena gbɔɖeme kpɔkpɔ la fia. Le gbɔɖeme vavãtɔ nana nyɔnua me la, Yesu gblɔ be: “Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò! . . . Wò xɔse la ɖe wò; yi ɖe ŋutifafa me!” Luka 7:36-50; Mateo 11:28-30.
▪ Aleke Simon, amesi kpe Yesu vɛ la xɔe?
▪ Amekae di Yesu, eye nukatae?
▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ, eye aleke wòɖe emee?