Ta 47
Aɖatsiwo Trɔ Zu Dzidzɔ Manyagblɔ Gã Aɖe
ESIME Yairo kpɔ nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém be eƒe lãme sẽ la, ɖikekemanɔmee la, eƒe kaka ɖe Yesu ƒe nukunuwɔŋusẽ dzi dzi ɖe edzi. Do ŋgɔ gbemagbe la, Yairo bia tso Yesu si be wòava kpe ɖe ye vinyɔnu ƒe 12 vi si yelɔ̃ vevie, si ɖo kudo nu la ŋu. Gake nusi Yairo nɔ vɔvɔ̃m na wu la dzɔ azɔ. Esime Yesu ganɔ nuƒoƒo na nyɔnua dzi la, ame aɖewo va gblɔ na Yairo dzaa be: “Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu ɖem na nufiala mahã?”
Aleke gbegbe nya la gbã lãmee nye si! Bu eŋu kpɔ ko: Ŋutsu sia si ŋu wodea bubui ale gbegbe le nutoa me la ble keŋkeŋ esi wòse vianyɔnua ƒe ku. Gake Yesu se nya si gblɔm wonɔ la. Eyata etrɔ ɖe Yairo ŋu hegblɔ nɛ dzideƒonametɔe be: “Megavɔ̃ o, xɔ se ko.”
Yesu dze ŋutsu sia si dzi nuxaxa te ɖo la yome yi eƒeme. Esi wova ɖo la, wokpɔ be ʋunyaʋunyawɔwɔ gã aɖe nɔ anyi eye amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom sesĩe. Ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖi henɔ akɔta ƒom le nuxaxa me. Esi Yesu ge ɖe aƒea me la, ebia be: “Nukaŋuti miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ðevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”
Esi ameawo se nya sia la, wode asi Yesu koko me fewuɖuɖutɔe, elabena wonya be ɖevia ku ŋutɔŋutɔ. Gake Yesu ya gblɔ be alɔ̃ ko dɔm wòle. To ŋusẽ si Mawu nae la zazã dzi la, ele eɖe ge afia be woate ŋu afɔ amewo ɖe tsitre tso ku me bɔbɔe abe alesi woate ŋu anyɔ ame ne wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ ene.
Fifia Yesu na wonyã amesiame do goe negbe Petro, Yakobo, Yohanes, kple nyɔnuvia dada kpakple fofoa ko. Azɔ ekplɔ ame atɔ̃ siawo ɖe asi yi afisi nyɔnuvia mlɔ. Yesu lé eƒe alɔnu eye wògblɔ be: “Talʹi·ta kuʹmi,” si gɔmee nye: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Eye enumake nyɔnuvia tsi tre eye wòdze zɔzɔ gɔme! Esi edzilawo kpɔe la, esusɔ vie wotɔtɔ kloe le dzidzɔ gã aɖe ta.
Esi Yesu gblɔ be woadi nane na ɖevia wòaɖu vɔ la, ede se na Yairo kple srɔ̃a be womegagblɔ nusi dzɔ la na ame aɖeke o. Gake togbɔ be Yesu gblɔ nya ma hã la, eŋuti nya kaka ɖe nutoa katã me. Amesiae nye ame evelia si Yesu fɔ ɖe tsitre. Mateo 9:18-26; Marko 5:35-43; Luka 8:41-56.
▪ Nya kae wova gblɔ na Yairo, eye aleke Yesu de dzi ƒo nɛ?
▪ Aleke nuwo nɔ esime woɖo Yairo ƒea me?
▪ Nukatae Yesu gblɔ be alɔ̃ ko dɔm ɖevi si ku la le?
▪ Amekawoe nye ame atɔ̃ siwo nɔ Yesu ŋu kpɔ tsitretsitsia teƒe?