Ta 60
Kristo ƒe Fiaɖuƒe Ŋutikɔkɔea Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ
YESU va Kaisarea Filipi-nutoawo me, eye wòle nu fiam ameha aɖe si ŋu eƒe apostolowo kpe ɖo. Eɖe gbe ƒã dovoɖiname sia na wo bena: “Vavã mele egblɔm na mi bena, ame aɖewo le amesiwo le tsitre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.”
Nusrɔ̃lawo anya nɔ wo ɖokui biam be: ‘Yesu ƒe nya sia gɔme ɖe?’ Anɔ abe kwasiɖa ɖeka ene megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Anye be zã mee elabena alɔ̃ le nusrɔ̃lawo tsɔm. Esime Yesu le gbe dom ɖa la, eƒe nɔnɔme trɔ le wo ŋkume. Eƒe mo va le keklẽm abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.
Azɔ ame eve siwo wokpɔ dze si be wonye “Mose kple Eliya” dze eye wodze nuƒoƒo kple Yesu ku ɖe eƒe ‘dzodzo si ava eme le Yerusalem’ la ŋu gɔme. Edze ƒã be dzodzo ma ku ɖe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi emegbe ŋuti. Eyata dzeɖoɖo sia ɖo kpe edzi be eƒe gbɔɖiameku la menye nusi wòaƒo asa na abe alesi Petro dii ene o.
Esi nusrɔ̃lawo ƒe mo kɔ keŋkeŋ azɔ la, woƒe nu ku eye wonɔ wo kpɔm henɔ to ɖom wo. Togbɔ be ŋutegae esia nye hã la, edze nu ŋutɔŋutɔ ale gbegbe be Petro de nu nya la me hegblɔ be: “Aƒetɔ, enyo na mí bena, míanɔ afisia. Ne èlɔ̃ la, mawɔ agbadɔ etɔ̃ ɖe afisia; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya tɔ ɖeka.”
Esi Petro le nu ƒom la, alilikpo si le keklẽm va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso alilikpo la me gblɔ bena: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” Esi nusrɔ̃lawo se gbea la, wotsyɔ mo anyi. Gake Yesu gblɔ na wo bena: “Mitsi tre, eye migavɔ̃ o!” Esi wotsi tre la, womekpɔ ame aɖeke o negbe Yesu ɖeka ko.
Esi ŋu ke eye wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo be: “Migagblɔ nukpɔkpɔ la na ame aɖeke o, halase esime Amegbetɔvi la afɔ tso ame kukuwo dome.” Eliya ƒe dzedze le ŋutega la me na nyabiabia aɖe va susu me na nusrɔ̃lawo. Wobia be: “Nukaŋuti gɔ̃ agbalẽfialawo gblɔ bena: Ele na Eliya be, wòava gbãgbiagbã mahã?”
Yesu gblɔ be: “Eliya va xoxo, eye womedze sii o.” Gake Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela, amesi wɔ dɔ si ɖi Eliya tɔ la ŋue Yesu le nu ƒom le. Yohanes dzra mɔ dzi ɖo na Kristo, abe alesi Eliya wɔ na Elisa ene.
Aleke ŋutega sia do ŋusẽ Yesu kple nusrɔ̃lawoe nye si! Ŋutega la va le abe Kristo ƒe Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe la kpɔkpɔ do ŋgɔ ene. Eyata nusrɔ̃lawo kpɔ “Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna” abe alesi Yesu do ŋugbe kwasiɖa ɖeka do ŋgɔe ene. Le Yesu ƒe ku megbe la, Petro ŋlɔ bena ‘yewonye Kristo ƒe gãnyenye la teƒekpɔlawo esime yewonɔ to kɔkɔe la dzi kplii.’
Farisitɔwo bia tso Yesu si be wòawɔ dzesi atsɔ aɖo kpe edzi be ye nye amesi ŋugbe wodo le Ŋɔŋlɔawo me be anye Mawu ƒe Fia si wòtia la. Mena dzesi ma tɔgbe aɖeke wo o. Gake woɖe mɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo te ɖe eŋu kplikplikpli la kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ la wònye Fiaɖuƒe nyagblɔɖiawo ƒe kpeɖodzi. Eyata Petro ŋlɔe emegbe bena: “[Eyata] nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si.” Mateo 16:13, 28–17:13; Marko 9:1-13; Luka 9:27-37; Petro II, 1:16-19.
▪ Hafi ame aɖewo naku la, aleke wokpɔ Kristo wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒe mee?
▪ Le ŋutega la me la, nuka ŋutie Mose kple Eliya nɔ nu ƒom le kple Yesu?
▪ Nukatae ŋutega sia do ŋusẽ nusrɔ̃lawo ale gbegbe?