Ta 73
Samariatɔ Havilɔ̃la Aɖe
ÐEWOHĨ Yesu gogo Betania si nye kɔƒe aɖe si anɔ abe agbadroƒe eve [kilometa 3] ene tso Yerusalem gbɔ la. Ame aɖe si bi ɖe Mose ƒe Sea me la tsɔ biabia aɖe va egbɔ be: “Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome?”
Yesu kpɔe dze sii be menye numeɖeɖe ko dim ŋutsua si nye senyala la le o, ke boŋ edi be yeate ye kpɔ hã. Anye be senyala la ƒe tameɖoɖoe nye be yeana Yesu naɖo nya ŋu le mɔ aɖe si ave dɔme na Yudatɔwo la nu. Eyata Yesu na senyala la tsɔ eɖokui vɛ esime wòbiae be: “Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea?”
Le eŋuɖoɖo me la, senyala la ɖe nugɔmesese si mebɔ o fia heyɔ nya tso Mawu ƒe se siwo le Mose V, 6:5 kple Mose III, 19:18 me be: “Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”
Yesu ɖo eŋu be: “Èɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.”
Gake mede edeƒe na senyala la o. Le eya gome la, Yesu ƒe ŋuɖoɖoa megblɔ nya la tẽ tututu o. Edi be Yesu naɖo kpe edzi be ye ŋutɔ yeƒe nukpɔsusuwo sɔ eyata alesi yewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu la le dzɔdzɔe. Eyata ebia be: ‘Ameka tututue nye hanyevi?’
Yudatɔwo xɔe se be nya “havi” la ku ɖe yewo hati Yudatɔwo ko ŋu, abe alesi wòdze abe nya siwo ƒo xlã Mose III, 19:18 le fiafiam ene la ene. Le nyateƒe me la, emegbe la apostolo Petro gblɔ be: “Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsu aɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔ aɖe alo ava egbɔ o.” Eyata senyala la, kple ɖewohĩ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã, xɔe se be ne yewowɔ nu ɖe yewo havi Yudatɔwo ko ŋu dɔmenyotɔe la, yewonye ame dzɔdzɔewo, elabena woƒe nukpɔsusue nye be amesiwo menye Yudatɔwo o menye yewo haviwo ŋutɔŋutɔ o.
Aleke Yesu ate ŋu aɖɔ woƒe nukpɔsusua ɖoe gake mado dziku na eƒe nyaselawo o? Egblɔ ŋutinya aɖe, si ɖewohĩ enɔ te ɖe nya aɖe si dzɔ ŋutɔŋutɔ dzi la na wo. Yesu ɖe eme be: “[Yudatɔ] aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖadze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã.”
Yesu yi edzi be: “Ke eva ve me bena, mawununɔla aɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔ aɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Ke Samariatɔ aɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle, eye esi wòkpɔe la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu.”
Nunɔla geɖe kple woƒe gbedoxɔa me kpeɖeŋutɔ Lewitɔwo le Yerixo, si didi agbadroƒe 14 [kilometa 22] tso gbedoxɔa si me wosubɔna le le Yerusalem la gbɔ le mɔ aɖe si dzi afɔku le eye wòɖi abu afɔ 3,000 la dzi. Woakpɔ mɔ be nunɔla kple Lewitɔa siaa akpe ɖe wo havi Yudatɔ si ɖo xaxa me la ŋu. Gake womekpe ɖe eŋu o. Samariatɔ boŋ ye kpe ɖe eŋu. Yudatɔwo lé fu Samariatɔwo ale gbegbe be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la wodzu Yesu vevie esime woyɔe be “Samariatɔ.”
Nukae Samariatɔ la wɔ be wòatsɔ akpe ɖe Yudatɔa ŋu? Yesu gblɔ be: “Esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbla wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi. Eye esi ŋu [ke] la, etsɔ denario eve [anye ŋkeke eve ƒe fetu] na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò.”
Esi Yesu gblɔ nya la vɔ la, ebia senyala la bena: “Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?”
Esi medze edzi na senyala la be wòagblɔ be Samariatɔ wɔ nu nyui o ta la, ɖeko wòɖo eŋu be: “Amesi kpɔ nublanui nɛ lae.”
Yesu ƒo eta bena: “Heyi, eye nawɔ nenema ke.”
Ne ɖe Yesu gblɔ na senyala la tẽ be amesiwo menye Yudatɔwo o hã nye ehaviwo la, menye ɖeko ŋutsua malɔ̃ ɖe esia dzi o, ke nyaselawo dometɔ akpa gãtɔ hã ade edzi le nya si woa kple Yesu le gbɔgblɔm la me. Gake nusi dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ ƒe ŋutinya sia na wòdze ƒã ɖikekemanɔmee be ame bubu siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo tso mía tɔ gbɔ eye wotso dukɔ bubu me la hã le mía haviwo dome. Mɔ wɔnuku ka dzie nye si Yesu tona fiaa nu! Luka 10:25-37; Dɔwɔwɔwo 10:28; Yohanes 4:9; 8:48.
▪ Nya kawoe senyala la bia Yesu, eye edze ƒã be tameɖoɖo kae wòtsɔ bia nyawoe?
▪ Amekawoe Yudatɔwo xɔe se be wonye yewo haviwo, eye nukatae míaxɔe se be nukpɔsusu sia le nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã si?
▪ Aleke Yesu ɖe nukpɔsusu nyuitɔ ɖe go ale be senyala la mate ŋu agbe o?