Ta 110
Ewu Subɔsubɔdɔa Nu le Gbedoxɔa Me
YESU yi gbedoxɔa me zi mamlea. Le nyateƒe me la, ele eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu wum negbe nudzɔdzɔ siwo nye ʋɔnu dɔdrɔ̃e kple ewuwu, siwo ava eme le ŋkeke etɔ̃ megbe koe gasusɔ. Fifia eyi eƒe mokaka na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo vevie dzi.
Egado ɣli zi etɔ̃ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo”! Gbã la, egblɔ be vɔ̃ ava wo dzi elabena woklɔa “kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu.” Eyata exlɔ̃ nu be: “Klɔ kplu me gbãgbiagbã, bena eŋuti hã naɖi.”
Eyi edzi gblɔ be vɔ̃ ava agbalẽfialawo kple Farisitɔwo dzi le esi woƒaƒã le ememe hele ʋeʋẽm kũu gake wotoa egbɔ dzea agbagba ɣlanɛ to gota gome mawusosroɖa ɖeɖefia dzi ta. Egblɔ be: “Mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wosi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.”
Mlɔeba la, woƒe alakpanuwɔwɔ dze ƒã le alesi wolɔ̃na faa mea yɔdokpe ɖe nyagblɔɖilawo ƒe yɔdo dzi eye woɖoa atsyɔ̃ na wo be woatsɔ ahe amewo ƒe susu ava woƒe dɔmenyowɔwɔ dzie la me. Gake abe alesi Yesu ɖee fia ene la, woawoe nye “amesiwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.” Le nyateƒe me la, amesiame si dzi able wòaklo nu le woƒe alakpanuwɔwɔa dzi la le afɔku me!
Le edziyiyi me la, Yesu gblɔ eƒe fɔbuamenya sesẽtɔwo. Egblɔ be: “Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimeviwo! Aleke miawɔ asi atso [Gehenna] ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?” Gehenna ye nye bali si nye Yerusalemtɔwo ƒe aɖukpo. Eyata Yesu le gbɔgblɔm be le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo ta la, woakpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ.
Yesu gblɔ ku ɖe amesiwo wòdɔna ɖo ɖa abe eteƒenɔlawo ene ŋu be: “Miawu wo dometɔ aɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me, bena ʋu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe ʋu la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya [woyɔe le Kronika II me be Yoyada] vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome. Vavã mele egblɔm na mi bena: Nenem nusiawo katã ava dzidzime sia dzi.”
Esi Zaxarya ka mo na Israel-kplɔlawo vevie ta la, “wobla ɖe eŋu, eye woƒu kpee le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, le fia la ƒe sedede nu.” Gake abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, Israel axe ʋu dzɔdzɔe mawo siwo katã wokɔ ɖi la ƒe fe. Woxee le ƒe 37 megbe, esi nye le ƒe 70 M.Ŋ. me, esi Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye Yudatɔ siwo sɔ gbɔ wu miliɔn ɖeka la tsrɔ̃.
Esi Yesu le ŋugble dem tso nɔnɔme dziŋɔ sia ŋu la, ete ɖe edzi vevie. Egagblɔ ake be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.”
Yesu gblɔ emegbe be: “Tso esia dzi yina la miegale kpɔ ye ge o, vaseɖe esime miagblɔ bena: Woayra amesi gbɔna le [Yehowa] ƒe ŋkɔ la dzi.” Ŋkeke ma anye le Kristo ƒe anyinɔnɔ me esime wòava eƒe Dziƒofiaɖuƒe la me eye amewo atsɔ xɔseŋkuwo akpɔe.
Azɔ Yesu yi teƒe aɖe si wòate ŋu akpɔ nudzɔɖaka siwo le gbedoxɔa me kple ameha siwo le ga dam ɖe wo me le la. Kesinɔtɔwo da ga geɖe ɖe eme. Ke ahosi dahe aɖe va da ga sue eve siwo mede naneke kura o ɖe eme.
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo vɛ eye wògblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã.” Awɔ nuku na wo godoo be aleke wòanye nenema hã. Eyata Yesu ɖe eme be: “Nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe, ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edo go le gbedoxɔa me zi mamlea.
Esi gbedoxɔ la ƒe lolome kple eƒe atsyɔ̃ɖoɖo wɔ nuku na wo ta la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka do ɣli be: “Nufiala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa!” Nyateƒee, woka nya ta be kpeawo didi wu afɔ 35, wokeke wu afɔ 15, eye wokɔkɔ wu afɔ 10! Yesu ɖo eŋu be: “Èle xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.”
Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe la, Yesu kple eƒe apostolowo tso Kidron-bali la heyi eƒe akpa keme eye wolia Amitoa. Woate ŋu anɔ afisia akpɔ gbedoxɔ dzeania le aga me. Mateo 23:25–24:3; Marko 12:41–13:3; Luka 21:1-6; Kronika II, 24:20-22.
▪ Nukae Yesu wɔ le eƒe gbedoxɔa me yiyi zi mamlea me?
▪ Aleke agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ dze ƒãe?
▪ “[Gehenna] ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃” gɔme ɖe?
▪ Nukatae Yesu gblɔ be ahosia dzɔ nu wu kesinɔtɔwo?