Ta 118
Eyomemɔfiafia kple Eléle
ZÃ GA wuieve ƒo to eŋu xoxo esime Yuda nɔ ŋgɔ na ameha gã aɖe siwo nye asrafowo, nunɔlagãwo, Farisitɔwo kple ame bubuwo va Getsemane-bɔa me. Nunɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be yewoaxe klosalo 30 na Yuda ɖe Yesu yomemɔ fiafia ta.
Do ŋgɔ esi wonyã Yuda tso Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuƒe la, edze ƒã be nunɔlagãwo gbɔe wòyi tẽ. Enumake amesiawo ƒo woa ŋutɔwo ƒe dɔlawo nu ƒu hekpe ɖe asrafoha aɖe ŋu. Ðewohĩ gbã la, Yuda kplɔ wo yi afisi Yesu kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le la. Esi wokpɔ be wodzo la, ameha gã si tsɔ akaɖiwo kple kakatiwo ɖe asi la kplɔ Yuda ɖo to Yerusalem-dua me hedo go yi Kidron-balia ƒe akpa keme.
Esi Yuda nɔ ŋgɔ na ameha la wonɔ Amitoa liam la, eka ɖe edzi be yenya afisi yeakpɔ Yesu le. Le kwasiɖa si do ŋgɔ me, esi Yesu kple apostoloawo nɔ Yerusalem kple Betania dome zɔli zɔm la, wotɔ zi geɖe ɖe Getsemane-bɔa me, gbɔ ɖe eme heɖo dze. Gake azɔ esi wòate ŋu ava eme be Yesu manɔ dzedzem le vivitia me o le amitiawo te la, aleke wɔ ge asrafoawo le akpɔe adze sii? Ðewohĩ womekpɔe kpɔ o. Yuda ɖo dzesi na wo be: “Amesi ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae, ne mialée kpli.”
Yuda kplɔ ameha gã la yi abɔa me eye esi wòkpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo la, eyi egbɔ tẽ. Egblɔ be: “Rabi, fiẽ na wò loo!” eye wògbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe ŋutɔ.
Yesu biae se be: “Xɔ̃, nukaŋuti nèva ɖo?” Eye esi Yesu nɔ eya ŋutɔ ƒe biabia la ŋu ɖom la, egblɔ be: “Yuda, nugbugbɔ nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asi mahã?” Gake eyomemɔfiala hã tɔ nyo gbɔ! Yesu zɔ va kakati kple akaɖi siwo le bibim la ŋkume hebia be: “Ameka dim miele?”
Woɖo eŋu be: “Yesu, Nazaretetɔ lae!”
Yesu ɖo eŋu be, “Nyee nye esi!” esime wòtsi tre ɖe wo ŋkume dzideƒotɔe. Esi dzi si nɔ eƒo wɔ nuku na wo eye womenya nukae le dzɔdzɔ ge ɖe wo dzi o ta la, wogbugbɔ ɖe megbe hedze anyi.
Yesu yi edzi gblɔ na wo tufafatɔe be: “Megblɔe na mi xoxo bena, nyee nye esi, eyaŋuti nenye nye dim miele la, ekema mina mɔ amesiawo, be woadzo ayi.” Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ema le dziƒoxɔa dzi la, Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be yekpɔ yeƒe apostolo wɔnuteƒeawo ta eye wo dometɔ aɖeke mebu o “negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe.” Eyata be eƒe nya la nava eme la, ebia be woana ye yomedzelawo nadzo.
Esi dzi ɖo asrafoawo ƒo eye wotsi tre hedze Yesu babla gɔme la, apostoloawo nya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge. Wobia be: “Aƒetɔ, ɖe míadza wo kple yi mahã?” Hafi Yesu naɖo eŋu la, Petro tsɔ yi eve siwo apostoloawo tsɔ vɛ la dometɔ ɖeka eye wòɖee ɖe nunɔlagã ƒe dɔla aɖe si ŋkɔe nye Malxo la dzi. Petro ƒe yia da dɔla la ƒe ta ƒu gake ekpa eƒe nuɖusimeto ɖa.
Yesu de nu nya la me hegblɔ be: “Mina mɔ wo, be woayi dzi nenema.” Esi wòka asi Malxo ƒe toa ŋu la, ena abia ku. Azɔ efia nu vevi aɖe wo esime wòde se na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe. Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?”
Yesu lɔ̃ be woalé ye faa. Elabena eɖe nu me be: “Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã?” Eye egagblɔ kpee be: “Kplu, si Fofo la tsɔ nam la, ɖe nyemanoe o mahã?” Elɔ̃ ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na eyama la dzi le go sia go me!
Azɔ Yesu ƒo nu na ameha la. “Alesi wotsona ɖe hlɔ̃dola ŋuti la, nenemae mieva lé ye ge kple yiwo kple kpowo; gbawotsyogbe mebɔbɔ nɔ anyi ɖe mawuƒe la me le nu fiam, eye mielém kpɔ o. Ke esiawo katã va me, bena woawu nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nu.”
Esi wògblɔ ema la, asrafoha la kple asrafomegã la kple Yudatɔwo ƒe amegãwo lé Yesu heblae. Esi apostoloawo kpɔ esia la, wogblẽ Yesu ɖi hesi dzo. Gake ɖekakpui aɖe—anye nusrɔ̃la Marko ye—tsi ameha la dome. Anɔ eme be enɔ aƒe si me Yesu ɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le me eye emegbe wòtso afima dze ameha la yome. Gake wokpɔe dze sii azɔ eye wodze agbagba be woalée. Gake egblẽ aklalabiɖibiɖiwu si wòdo la ɖe wo si hesi dzo. Mateo 26:47-56; Marko 14:43-52; Luka 22:47-53; Yohanes 17:12; 18:3-12.
▪ Nukatae Yuda ka ɖe edzi be yeake ɖe Yesu ŋu le Getsemane-bɔa me?
▪ Aleke Yesu ɖe ɖe tsɔtsɔ le eƒe apostolowo me fiae?
▪ Nukae Petro wɔ be yeatsɔ aʋli Yesu tae, gake nukae Yesu gblɔ na Petro tso eŋu?
▪ Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ ɖe nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ye la dzi bliboe?
▪ Esime apostoloawo gblẽ Yesu ɖi la, amekae susɔ, eye nukae dzɔ ɖe edzi?