Ta 119
Wokplɔe Yi Hana Gbɔe Gakplɔe Va Kayafa Gbɔ
WOBLA Yesu abe nuvɔ̃wɔla ene hekplɔe yi Hana si nye nunɔlagã tsã si ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi lolo ŋutɔ la gbɔ. Hana ye nye nunɔlagã esime Yesu nye ŋutsuvi ƒe 12 vi si ƒe nu wɔ nuku na nufiala siwo nye rabiwo le gbedoxɔa me. Emegbe Hana ƒe viŋutsuwo dometɔ geɖe subɔ abe nunɔlagãwo ene, eye fifia eƒe toyɔvi Kayafa ye le ɖoƒe ma.
Anye be gbã wokplɔ Yesu yi Hana ƒemee le esi wobu nunɔlagã ma ame ŋkutae ɣeyiɣi didi aɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔnyawo me ta. Alesi wotɔ ɖe Hana gbɔ la na ɣeyiɣi Nunɔlagã Kayafa be wòna Sanhedrin si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si me ame 71 le la kpe ta, eye wòdi aʋatsoɖasefowo hã kpee.
Nunɔlagã Hana bia nya Yesu azɔ ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo kpakple eƒe nufiafia ŋu. Gake Yesu ɖo eŋu nɛ bena: “Nye la meƒo nu na xexeame le gaglãgbe, mefia nu ɖaa le ƒuƒoƒewo kple mawuƒe me, afisi Yudatɔwo katã ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔ nya aɖeke le ɣaɣlaƒe kpɔ o. Nukaŋuti nèle biayem? Bia amesiwo se nusi megblɔ na wo; kpɔ ɖa, woawo nya nusiwo nye la megblɔ.”
Esi Yesu gblɔ esia la, dɔlawo dometɔ ɖeka si tsi tre ɖe egbɔ la ƒo tome nɛ hegblɔ bena: “Ale nèɖo ŋu na nunɔlagã la enye si mahã?”
Yesu ɖo eŋu be: “Ne megblɔ nya vɔ̃ la, ekema fia kpɔɖeŋu le nusi nye vɔ̃ la ŋu; ke ne enyo la, nukaŋuti nèle ƒoyem mahã?” Esi wogblɔ nya siawo vɔ la, Hana ɖo Yesu ɖe Kayafa gbɔ bablae.
Le ɣeyiɣi sia me la, nunɔlagãwo kple amegãwo kple agbalẽfialawo katã, ẽ, Sanhedrin bliboa katã va le ta kpem. Edze ƒã be woƒe takpeƒe lae nye Kayafa ƒe aƒe me. Enye nusi tsi tre ɖe Yudatɔwo ƒe se ŋu be woadrɔ̃ ʋɔnu ma le Ŋutitoto ƒe zã la me. Gake esia mexe mɔ na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo be woagawɔ tame vɔ̃ si woɖo la dzi o.
Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ esi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre la, Sanhedrin me tɔwo tso nya me xoxo le woa ŋutɔwo ɖeɖe dome be ele be Yesu naku. Eye ŋkeke eve pɛ do ŋgɔ, si nye Kuɖagbe la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo de aɖaŋu be yewoalé Yesu to ayemɔ dzi ahawui. Bu eŋu kpɔ; wobu fɔe xoxo hafi va le ʋɔnu drɔ̃mee!
Fifia wole agbagba dzem be yewoakpɔ ɖasefo siwo aɖi aʋatsoɖase ale be yewoate ŋu akpɔ nya aɖe atsɔ abu fɔ Yesue. Gake womete ŋu kpɔ ɖasefo siwo ƒe ɖaseɖiɖi wɔ ɖeka o. Mlɔeba la, ame eve va gblɔ be: “Míese wògblɔ bena: Magbã mawuxɔ sia, si wotsɔ asi wɔe la, eye ŋkeke etɔ̃agbe la magatu bubu, si wometsɔ asi wɔe o.”
Kayafa biae bena: “Mèle nya aɖeke tsɔ ge aɖo nya, si gblɔm amesiawo le ɖe ŋuwò la ŋu o mahã?” Gake Yesu zi kpi. Le aʋatsonutsotso sia gɔ̃ hã me la, ɖasefoawo mete ŋu na woƒe nyawo wɔ ɖeka o, wònye ŋukpe na Sanhedrin la. Eyata nunɔlagã la gato ayemɔ bubu dzi kpɔ.
Kayafa nya alesi wòtɔa dzi na Yudatɔwoe ne ame aɖe gblɔ be yenye Mawu ƒe Vi. Zi eve do ŋgɔ la, wotsɔ dzitsitsi yɔ Yesu be enye busunyagblɔla si dze ku, le esi wobui vodadatɔe be ele gbɔgblɔm be yele tasɔsɔ me kple Mawu ta. Azɔ Kayafa bia ayetɔe be: “Meta Mawu gbagbe la na wò, be nagblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo, Mawuvi la!”
Eɖanye nukae Yudatɔwo susu o, Mawu ƒe Vie Yesu nye vavã. Eye ne ezi ɖoɖoe la, woate ŋu ase egɔme be ele gbegbem be yemenye Kristo la o. Eyata Yesu ɖo eŋu dzideƒotɔe be: “Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.”
Esi wògblɔ esia la, Kayafa wɔ nu be amewo nakpɔ esime wòdze eƒe awuwo hedo ɣli be: “Egblɔ busunya! Ðaseɖila kawo gahiã mí? Kpɔ ɖa, azɔ miese busunya la; nuka susum miele?”
Sanhedrin la gblɔ be: “Edze ku.” Azɔ wodze egɔme nɔ fewu ɖum le eŋu, eye wogblɔ busunya geɖe ɖe eŋu. Woƒo tome nɛ heɖe ta ɖe mo nɛ. Ame bubuwo tsɔ nu tsyɔ eƒe ŋkume katã eye wotu kɔe hegblɔ dzikudonametɔe be: “Kristo, amekae ƒo wò, gblɔe fia mí.” Vlodoame ƒe nuwɔna manɔsenu sia dzɔ le zã me ʋɔnudɔdrɔ̃a me. Mateo 26:57-68; 26:3, 4; Marko 14:53-65; Luka 22:54, 63-65; Yohanes 18:13-24; 11:45-53; 10:31-39; 5:16-18.
▪ Afikae wokplɔ Yesu yi gbã, eye nukae dzɔ ɖe edzi le afima?
▪ Afikae wokplɔ Yesu yi le ema megbe, eye ɖe susu ka ta?
▪ Aleke Kayafa wɔ esi na Sanhedrin la gblɔ be Yesu dze ku?
▪ Vlodoamenu manɔsenu kae wowɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃a me?