Ta 122
Wokplɔe tso Pilato Gbɔ Yi Herodes Gbɔe Gakplɔe Gbɔe
TOGBƆ BE Yesu medze agbagba be yeatsyɔ nu edzi be yenye fia o hã la, eɖe eme be yeƒe Fiaɖuƒe menye nusi agblẽ nu le Roma ŋu o. Yesu gblɔ na Pilato be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” Eyata Yesu lɔ̃ ɖe edzi zi etɔ̃ be Fiaɖuƒe le ye si, gake menye anyigba dzi fiaɖuƒee o.
Gake Pilato yi edzi ƒoe ɖe enu be: “Ekema fia nènye ni?” Egɔmee nye be fiae nènye togbɔ be wò Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke oa?
Yesu na Pilato nya be eƒe nyataƒoƒo sɔ, esi wòɖo eŋu be: “[Wò ŋutɔ èle] egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.”
Ẽ, Yesu va anyigba dzi be yeaɖi ɖase na “nyateƒe” la, vevietɔ, nyateƒe si ku ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋuti. Yesu dzra ɖo be yeawɔ nuteƒe na nyateƒe ma nenye be ana yeaku gɔ̃ hã. Togbɔ be Pilato bia be: “Nukae nye nyateƒe?” hã la, melala be wòagaɖe eme o. Nya si wòse la sɔ gbɔ be wòatsɔ adrɔ̃ ʋɔnuae.
Pilato trɔ yi ameha si le lalam le fiasã la godo gbɔ. Edze ƒã be esi Yesu nɔ eƒe axadzi la, egblɔ na nunɔlagãwo kple amesiwo nɔ wo gbɔ be: “Nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu o.”
Esi nyametsotsoa ve dɔme na amehawo la, wodze egɔme nɔ tɔ tem ɖe edzi be: “Ede zi dukɔ la me hele nu fiam to Yudea katã me, eye wòdze gɔme tso Galilea vaseɖe afisia.”
Yudatɔwo ƒe susumanɔme ƒe zazɛ̃nyahehea awɔ mo yaa na Pilato godoo. Eyata, esi nunɔlagãwo kple amegãwo nɔ ɣli dodo dzi la, Pilato trɔ ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Ðe mèle ɖase, si ɖim wole le ŋutiwò la, sem o mahã?” Ke hã la, Yesu mete kpɔ be yeaɖo eŋu o. Alesi wòzi kpi le nutsotso sesẽawo me la wɔ mo yaa na Pilato.
Esi Pilato se be Galileatɔe Yesu nye la, edi mɔ si dzi wòato aɖe asi le agba si nya la da ɖe edzi la me. Galilea dziɖula, Herodes Antipa (Herodes Gã la ƒe vi), le Yerusalem hena Ŋutitotoŋkekenyuiea ɖuɖu, eyata Pilato ɖo Yesu ɖe egbɔ. Do ŋgɔ la, Herodes Antipa na wotso ta le Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la nu, eye emegbe esi Herodes se nukudɔ siwo wɔm Yesu nɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena evɔ̃ be Yesu ye nye Yohanes ŋutɔŋutɔ si tsi tre tso ame kukuwo dome.
Azɔ Herodes kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yeakpɔ Yesu. Menye le esi wòtsɔ ɖe le Yesu ƒe nyonyo me alo esi wòdi be yeadze agbagba tɔxɛ aɖe be yeanya nenye be alesi wotso enu nye nyateƒe loo alo aʋatso tae o. Ke boŋ ɖeko wòdi vevie be yeakpɔ Yesu henɔ mɔ kpɔm be awɔ nukunu aɖe yeakpɔ.
Gake Yesu gbe Herodes ƒe didia dzi wɔwɔ nɛ. Le nyateƒe me la, esi Herodes nɔ nya biamee la, meke nu o. Esi Herodes kple asrafo siwo le eŋu dzɔm mekpɔ nusi wole mɔ kpɔm na o la, woɖu fewu le Yesu ŋu. Wodo awu dzẽ nɛ heɖu fewu le eŋu. Emegbe wogbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ. Esia wɔe be Herodes kple Pilato, amesiwo nye futɔwo tsã la va zu xɔlɔ̃ veviwo.
Esi Yesu trɔ gbɔ la, Pilato yɔ nunɔlagãwo, Yudatɔwo ƒe amegãwo, kple dukɔ la ƒo ƒui hegblɔ be: “Miekplɔ amesia va gbɔnye abe amesi le dukɔ la ƒe tame trɔm ene; eye kpɔ ɖa, esi medrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe ŋku me la, nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le amesia ŋu, si ŋuti miele enu tsom ɖom o; nenema kee nye Herodes hã; elabena egbugbɔe ɖo ɖe mí; eye kpɔ ɖa, mewɔ naneke, si dze ku o. Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.”
Eyata Pilato tso afia na Yesu zi eve be meɖi fɔ o. Edi vevie be yeaɖe asi le eŋu, elabena ekpɔe dze sii be ŋuʋaʋã ta koe nunɔlawo dee asi ɖo. Gake esi Pilato yi agbagbadzedze dzi be yeaɖe asi le Yesu ŋu la, exɔ ema wɔwɔ ƒe ŋusẽdodo sẽŋu bubu aɖe. Esi wònɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, srɔ̃a ɖo du ɖee heƒoe ɖe enu be: “Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe [edze ƒã be Mawu gbɔe wòtso] le eta.”
Gake aleke Pilato ate ŋu aɖe asi le ame maɖifɔ sia ŋui, abe alesi wònya be ele be yeaɖe asi le eŋue ene? Yohanes 18:36-38; Luka 23:4-16; Mateo 27:12-14, 18, 19; 14:1, 2; Marko 15:2-5.
▪ Aleke Yesu ɖo nya si wobia tso eƒe fianyenye ŋu la ŋue?
▪ Nukae nye “nyateƒe” si ŋu Yesu zã eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ɖo tsɔ ɖi ɖase tsoe?
▪ Aleke Pilato drɔ̃ ʋɔnuae, aleke amewo wɔ nu ɖe eŋue, eye nukae Pilato wɔ Yesu?
▪ Amekae nye Herodes Antipa, nukatae dzi dzɔe ŋutɔ be yeakpɔ Yesu, eye nukae wòwɔe?
▪ Nukatae Pilato di vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu?