INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 9 axa 19-22
  • Alesi Mi̇́ewɔ Nya Be “Ŋkeke Mamleawo” Mee Míele

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Mi̇́ewɔ Nya Be “Ŋkeke Mamleawo” Mee Míele
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexemeʋawo
  • Ðaseɖiɖi Bubuwo
  • Nu Bubu Aɖe
  • Amegbetɔwo Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo ƒe Dziɖuɖu ƒe Nuwuwu Gogo
  • Amekawoe Atsi Agbe? Amekawoe Matsii O?
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ava Eme Kpuie
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ŋkeke Mamlɛawo—Ɣekaɣie?
    Nyɔ!—2008
  • Ðe Xexea Me Ƒe Nuwuwu Ðo Vɔa?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 9 axa 19-22

Akpa 9

Alesi Míewɔ Nya Be “Ŋkeke Mamleawo” Mee Míele

1, 2. Aleke míawɔ anya be ŋkeke mamleawo mee míele?

ALEKE míawɔ aka ɖe edzi be míele ɣeyiɣi si me Mawu ƒe Fiaɖuƒe atso ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe nuɖoanyi si li fifia ŋu la me? Aleke míawɔ anya be míegogo ɣeyiɣi si me Mawu ahe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖesiaɖe ƒe nuwuwu vɛ la ŋutɔ?

2 Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya nu mawo. Wobiae se be nukae anye eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me kple ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ƒe ‘dzesi’ hã. (Mateo 24:3) Le eŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ nudzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo aʋuʋu xexeame katã siwo ƒe ƒuƒoƒoe afia be ameƒomea le nuɖoanyi sia ƒe “nuwuɣi,” be wole eƒe “ŋkeke mamleawo” me la na wo tsitotsito. (Daniel 11:40; Timoteo II, 3:1) Ðe mí ƒe alafa sia me tɔwo míekpɔ nusiwo ƒo ƒu nye dzesi ma? Ẽ, eye esiwo míekpɔ la sɔ gbɔ ŋutɔ!

Xexemeʋawo

3, 4. Aleke aʋa siwo wowɔ le ƒe alafa sia me la sɔ ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖia nui?

3 Yesu gblɔ ɖi be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.” (Mateo 24:7) Le ƒe 1914 me la, wowɔ aʋa aɖe si me woƒo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu ƒu le le mɔ aɖe si to vovo na aʋa siwo katã wowɔ do ŋgɔ nɛ la nu. Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe nya ma ƒe nyateƒenyenye dzi eye woyɔe be Aʋa Gã la. Aʋa mae nye etɔgbe gbãtɔ le ŋutinya me, eyae nye xexemeʋa gbãtɔ. Asrafo kple dumevi siwo ƒe xexlẽme ade 20,000,000 sɔŋ ye tsi eme, esi sɔ gbɔ sãa wu aʋa ɖesiaɖe si do ŋgɔ nɛ la ƒe aʋatsilawo.

4 Xexemeʋa I de dzesi ŋkeke mamleawo ƒe gɔmedzedze. Yesu gblɔ be eya kple nudzɔdzɔ bubuwo anye “fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Mateo 24:8) Eva eme nenema tututu, elabena Xexemeʋa II gblẽ nu wu kura eye asrafo kple dumevi siwo ade 50,000,000 sɔŋ ye tsi eme. Le ƒe alafa 20 lia sia ɖeɖeko me la, amesiwo sɔ gbɔ sãa wu 100,000,000 ku le aʋawɔwɔwo me, esi sɔ gbɔ zi gbɔ zi ene wu amesiwo ku le ƒe 400 siwo do ŋgɔ nɛ me la katã ƒe ƒuƒoƒo! Fɔ gã kae nye si amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖi!

Ðaseɖiɖi Bubuwo

5-7. Nu bubu kawo hãe ɖo kpe edzi be ŋkeke mamleawo mee míele?

5 Yesu gblɔ dzesi bubu siwo hã adze le ŋkeke mamleawo me ɖi: “Anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Ema sɔ ɖe alesi nudzɔdzɔwo nɔ tso ƒe 1914 me nu ŋutɔ, elabena fukpekpe siwo afɔku mawo he vɛ la dzi ɖe edzi ale gbegbe.

6 Anyigbaʋuʋu gãwo nye nusiwo dzɔna edziedzi, eye ame geɖe kuna le wo me. Spania-dzamezã ɖeɖe dzaa tsrɔ̃ amesiwo ade 20,000,000 le Xexemeʋa I megbe—ame aɖewo gblɔ be ade 30,000,000 alo asɔ gbɔ wu ema. AIDS tsrɔ̃ ame akpe alafa geɖe eye ate ŋu agawu ame miliɔn geɖe hã le etsɔ me. Dzidɔ, cancer, kple dɔ bubuwo wua ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe. Dɔwuame nɔa nu gblẽm vivivi le ame miliɔn geɖe hã ŋu vaseɖe esime wòwua wo kura. Ðikekemanɔmee la, ‘Nyaɖeɖefia la me sɔdolawo’ tsɔ woƒe aʋawɔwɔwo, dɔtotowo, kple dɔvɔ̃wo le ame gbogbo aɖewo wumee le amegbetɔƒomea me tso ƒe 1914 me.—Nyaɖeɖefia 6:3-8.

7 Yesu gblɔ nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi si le dukɔ ɖesiaɖe me la hã ɖi. Egblɔ be: “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi.”—Mateo 24:12.

8. Aleke Timoteo II, ta 3 me nyagblɔɖia sɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣia nui?

8 Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe nyagblɔɖia gblɔ agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyi si dze le xexeame katã la hã ɖi: “Le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. . . . Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu.” (Timoteo II, 3:1-3) Nusiawo katã va eme keŋ mía ŋutɔwo míekpɔ.

Nu Bubu Aɖe

9. Nukae dzɔ le dziƒo si do go ɖe ŋkeke mamleawo ƒe gɔmedzedze nu le anyigba dzi?

9 Nu bubu aɖe hã li si na fukpekpeawo dzi ɖe edzi alea gbegbe le ƒe alafa sia me. Nane dzɔ do go ɖe ŋkeke mamleawo ƒe gɔmedzedze le ƒe 1914 me nu tututu si de ameƒomea afɔku si lolo wu kura me. Ɣemaɣi la, abe alesi nyagblɔɖi aɖe si le Biblia ƒe agbalẽ susɔea me gblɔe ene la: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [Kristo si wona ŋusẽe le dziƒo] kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la [Satana]. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo [gbɔgbɔ vɔ̃wo] wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o, eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

10, 11. Aleke Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã le dziƒo gblẽ nu le ameƒomea ŋui?

10 Nukae do tso eme na ameƒomea? Nyagblɔɖia yi edzi be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” Ẽ, Satana nya be yeƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu le aƒe tum, eyata ele nusianu si wòate ŋui la wɔm be yeana amewo nadze aglã ɖe Mawu ŋu hafi wòaɖe ye kple yeƒe xexeame ɖa. (Nyaɖeɖefia 12:12; 20:1-3) Aleke gbegbe gbɔgbɔmenuwɔwɔ mawo sukpae nye si, le esi wozã woƒe tiatiawɔwɔ faa ƒe ablɔɖe la ɖe mɔ gbegblẽ nu ta! Aleke gbegbe nuwo dzi ŋɔe le anyigba dzi le woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te, vevietɔ tso ƒe 1914 me enye esi!

11 Eyata mewɔ nuku o be Yesu gblɔ ɖi ɖe míaƒe ŋkekea ŋu be: “Le anyigba dzi la vɔvɔ̃ laɖo dukɔwo, . . . eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti.”—Luka 21:25, 26.

Amegbetɔwo Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo ƒe Dziɖuɖu ƒe Nuwuwu Gogo

12. Nyagblɔɖi mamle siwo mevava susɔ hafi nuɖoanyi sia nawu enu dometɔ ɖeka ɖe?

12 Biblia ƒe nyagblɔɖi nenie gasusɔ ava eme hafi Mawu natsrɔ̃ fifi nuɖoanyi sia? Womegade ɖeke o! Susɔetɔwo dometɔ ɖeka le Tesalonikatɔwo 5:3, si gblɔ be: “Le esime woanɔ nu ƒom le ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋu la, dzɔgbevɔ̃e ava aƒo ɖe wo dzi kpoyi.” (The New English Bible) Efia be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu adze egɔme “le esime woanɔ nu ƒom.” Xexeame manya do ŋgɔ o, eye tsɔtsrɔ̃ ava alili wo le ɣeyiɣi si me womele mɔ kpɔm nɛ kura o me, esime amegbetɔwo ƒe susu anɔ woƒe ŋutifafa kple dedienɔnɔ si wole mɔ kpɔm na la dzi.

13, 14. Xaxaɣi kae Yesu gblɔ ɖi, eye aleke wòawu enui?

13 Xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la ƒe ɣeyiɣi le vɔvɔm. Madidi o awu enu le xaxaɣi si ŋu Yesu gblɔ le be: “Le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o” la me.—Mateo 24:21.

14 “Xaxa gã” la ƒe taƒoƒo anye Mawu ƒe Harmagedon-ʋa la. Ɣemaɣi ŋue nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi le be Mawu “agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo.” Esia anye amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo katã li fifia siwo ɖe wo ɖokui ɖa tso Mawu ƒe ŋusẽkpɔɖedzi te la ƒe nuwuwu. Eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si tso dziƒo axɔ amegbetɔwo ƒe nyawo katã gbɔ akpɔ. Daniel gblɔe ɖi be womagagblẽ dziɖuɖuŋusẽ ɖe ‘dukɔ bubu aɖeke si me gbeɖe o.’—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 16:14-16.

15. Nukae adzɔ ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi?

15 Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe hã atɔ te ɣemaɣi. Woaɖe gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã mawo ɖa be ‘woagable dukɔwo azɔ o.’ (Nyaɖeɖefia 12:9; 20:1-3) Wotso kufia na wo eye tsɔtsrɔ̃ ko lalam wole. Gbɔɖeme kae nye si wòanye na ameƒomea be woavo tso woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ la si me!

Amekawoe Atsi Agbe? Amekawoe Matsii O?

16-18. Amekawoe atsi agbe le nuɖoanyia ƒe nuwuwu, eye amekawoe matsii o?

16 Ne Mawu he eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo va xexe sia dzi la, amekawoe atsi agbe? Amekawoe matsii o? Biblia fia be woakpɔ amesiwo lɔ̃ Mawu ƒe dziɖuɖu la ta eye woatsi agbe. Womakpɔ amesiwo melɔ̃ Mawu ƒe dziɖuɖu o la ta o ke boŋ woatsrɔ̃ wo akpe ɖe Satana ƒe xexeame ŋu.

17 Lododowo 2:21, 22 gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo [amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te] anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”

18 Psalmo 37:10, 11 hã gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Kpukpui 29 lia gblɔ kpee be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”

19. Nuxlɔ̃me kae le be wòade míaƒe dzi gbɔ?

19 Ele be míana nuxlɔ̃me si le Psalmo 37:34 la nade míaƒe dzi gbɔ. Egblɔ be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.” Kpukpui 37 kple 38 gblɔ be: “Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si. Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo.”

20. Nukatae míate ŋu agblɔ be ɣeyiɣi siawo nye dzidzɔɣeyiɣi siwo me woanɔ agbe le?

20 Aleke wòfa akɔe nye si, ẽ, aleke wòʋãa amee nye si be woanyae be Mawu tsɔa ɖe le eme na ame nyateƒe eye be madidi o ahe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ava nuwuwui! Dzidzɔ gã kae nye esi wònye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ na ŋutikɔkɔenyagblɔɖi mawo me vava!

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Biblia gblɔ nudzɔdzɔ siwo anye ŋkeke mamleawo ƒe ‘dzesi’ la ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Madidi o woatsrɔ̃ amesiwo mebɔbɔa wo ɖokui na Mawu ƒe dziɖuɖu o la le Harmagedon me. Amesiwo bɔbɔna nɛ la atsi agbe ayi dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe