INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 9 axa 80-89
  • Nukae Dzɔna Ðe Mi̇́aƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Dzɔna Ðe Mi̇́aƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku Dzi?
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUKAE NYE “GBƆGBƆ” SI LE AMEWO ME?
  • “ANYI KE NAGATRƆ AZU”
  • ‘EYI GBƆGBƆ GE ÐE EME’
  • “AMESIWO KATÃ LE ŊKUÐODZIYƆDOWO ME”
  • TSITRETSITSI YI AFIKA?
  • Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Nusi Ko Aɖee Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 9 axa 80-89

Ta 9

Nukae Dzɔna Ðe Mi̇́aƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku Dzi?

1. Aleke amewo sena le wo ɖokui me ne woƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku?

“ENYEA vevesese ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ku elabena ku nye ame gbegblẽ ɖi si gɔme màse gbeɖe o.” Nenemae viŋutsu aɖe gblɔ esi fofoa ku eye mede ŋkeke aɖeke o dadaa hã ku. Vevesese si wònye nɛ kple alesi wòse le eɖokui me be nu vevi aɖe ŋutɔ bu na ye la na wòse le eɖokui me be “vevesesea wu tsɔtsɔ” na ye. Ðewohĩ nya sia tɔgbe dzɔ ɖe wò hã dziwò kpɔ. Ðewohĩ èbui be afikae yeƒe lɔlɔ̃tɔawo yi eye be ɖe yeagate ŋu ava kpɔ wo gbaɖegbe hã.

2. Nyabiase ɖefuname kawoe fɔna ɖe te ku ɖe ku ŋu?

2 Wogblɔna na dzila siwo le nu xam dometɔ aɖewo be, “Mawue kplɔa ame nyuitɔwo be woava nɔ ye gbɔ le dziƒo.” Nyateƒeea? Ðe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la yi ɖe gbɔgbɔmenuto aɖe mea? Eyae nye afisi ame aɖewo yɔna be Nirvana, si wobe enye dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nɔnɔme si me vevesese kple nudzodzro aɖeke mele oa? Ðe amesiwo míelɔ̃na la to agbo aɖe nu yi ɖe makumakugbenɔnɔ me le paradiso mea? Alo abe alesi ame bubuwo gblɔnɛ ene la, ɖe ku kplɔ amesiwo dze agɔ le Mawu dzi de funyafunyawɔame mavɔ aɖe mea? Ðe ame kukuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzia? Ehiã be míayi ɖe Mawu ƒe Nya Biblia gbɔ bene míakpɔ ŋuɖoɖo nyateƒetɔ na biabia siawo.

NUKAE NYE “GBƆGBƆ” SI LE AMEWO ME?

3. Nukae nye Socrates kple Plato ƒe susu le ame kukuwo ŋu, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzii egbea?

3 Blema Hela xexemenunyala Socrates kple Plato fia nu be nane si wotsɔ dzi amee si mekuna o anɔ ŋutsu kple nyɔnu me kokoko—luʋɔ si yia edzi nɔa agbe le ku megbe, si mekuna ŋutɔŋutɔ gbeɖegbeɖe o. Ame miliɔn geɖe xɔ nya sia dzi se egbea le xexeame katã. Zi geɖe la, dzixɔse sia naa wovɔ̃na na ame kukuwo eye wòganaa wotsia dzi ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu hã. Biblia ya fia nusi to vovo kura mí tso ame kukuwo ŋu.

4. (a) Nukae Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ na mí le luʋɔ ŋu? (b) Nukae Mawu de Adam me si wɔe be agbe ɖo eme?

4 Ne míele nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu bum la, ele be míaɖo ŋku edzi be luʋɔ menɔ mía dzila gbãtɔ, Adam, me o. Luʋɔe wònye. Le nuwɔwɔ wɔnuku aɖe me la, Mawu wɔ amegbetɔ—luʋɔ—tso anyigbamenu veviwo me eye wògbɔ “agbegbɔgbɔ” ɖe eme. Mose I, 2:7 gblɔ na mí be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” Ya gbɔgbɔe lé Adam ƒe agbe ɖe te. Gake esi Mawu de agbegbɔgbɔ Adam me la, menye ya dzro koe wònye wògbɔ ɖe eƒe dzitodzitowo me o. Biblia gblɔ be nusi nye “agbeŋusẽ” si wɔa dɔ le anyigba dzi nugbagbewo katã me la li.—Mose I, 7:22, NW.

5, 6. (a) Nukae nye “agbeŋusẽ”? (b) Nukae dzɔna ne “gbɔgbɔ” si woyɔ le Psalmo 146:4 la dzudzɔ ŋusẽdodo ŋutilã la?

5 Nukae nye “agbeŋusẽ” la? Eyae nye ŋusẽ si naa agbe si Mawu de Adam ƒe ŋutilã si me agbe menɔ o me. Emegbe ya gbɔgbɔ to ŋɔti me lé ŋusẽ sia ɖe te. Ke nukae nye “gbɔgbɔ” si woyɔ le Psalmo 146:4 ya? Kpukpui ma gblɔ le ame kuku ŋu be: “Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” Ne Biblia-ŋlɔlawo zã “gbɔgbɔ” le mɔ sia nu la, menye luʋɔ si dona le ŋutilã la me si ganɔa agbe le ŋutilã la ƒe ku megbe ƒe nya gblɔm wole o.

6 “Gbɔgbɔ” si dona le ame me le ku me lae nye agbeŋusẽ si tso mía Wɔla la gbɔ. (Psalmo 36:10; Dɔwɔwɔwo 17:28) Nuwɔwɔ si me agbeŋusẽ sia wɔa dɔ le ƒe nɔnɔme aɖeke menɔa agbeŋusẽa si o, abe alesi mɔ̃ si me elektrikŋusẽ wɔa dɔ le ƒe nɔnɔme menɔa elektrikŋusẽa si o ene. Ne ame ku la, gbɔgbɔ (agbeŋusẽ) la megawɔa dɔ le ŋutilãmenugbagbeviwo me o, abe alesi akaɖi tsina ne wotsi elektrikŋusẽ ene. Ne agbeŋusẽa dzudzɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã la léle ɖe te la, ame la—luʋɔ la—kuna.—Psalmo 104:29; Nyagblɔla 12:1, 7.

“ANYI KE NAGATRƆ AZU”

7. Nukae adzɔ ɖe Adam dzi ne meɖo to Mawu o?

7 Yehowa ɖe nusi ku anye la me eme kɔ nyuie na Adam si wɔ nuvɔ̃. Mawu gblɔ be: “Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Afikae Adam agbugbɔ ayi? Anyi, kewɔ si wotsɔ wɔe mee. Ne Adam ku la, efia ko be megali o!

8. Esi amegbetɔwo kple lãwo nye luʋɔwo ta la, mɔ ka nue amegbetɔ mede ŋgɔ wu lãwo le o?

8 Le go sia me la, amegbetɔ ƒe ku meto vovo tso lãwo tɔ gbɔ o. Luʋɔwoe woawo hã nye, eye gbɔgbɔ, alo agbeŋusẽ, ɖeka ma kee doa ŋusẽ wo. (Mose I, 1:24) Nunyala Salomo gblɔ na mí le Nyagblɔla 3:19, 20 be: “Alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã [le ku me] o; . . . Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” Amegbetɔ de ŋgɔ wu lãwo le gɔmesese sia nu be wowɔ eya ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu, eye wòte ŋu ɖea Yehowa ƒe nɔnɔmewo fiana. (Mose I, 1:26, 27) Gake ne amegbetɔwo kple lãwo ku la, wo katã wogbugbɔna yia ke me.

9. Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le, eye afikae woyina?

9 Salomo gaɖe nusi ku nye me yi ŋgɔe be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Nyateƒee, kukuawo meganya naneke kura o. Esia ta Salomo xlɔ̃ nu be: “Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [Sheol], afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Afikae ame kukuwo yina? Tsieƒe alo Sheol (Hebrigbe, sheʼohlʹ), ameƒomea ƒe yɔdo mee. Míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la meganya naneke o. Womele fu kpem o, eye womate ŋu awɔ naneke mí alo awɔ nane na mí le mɔ aɖeke nu o.

10. Nukatae míate ŋu agblɔ be mele be ku nanye nusi ŋu womate ŋu awɔ naneke le o?

10 Ðe wòle be mí katã kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo míanɔ agbe ƒe ʋee aɖewo ko eye míaƒe agbe nu natso kuraa? Biblia megblɔ nenema o. Esime Adam dze aglã la, Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo enumake be yeaɖe nu wɔnublanui siwo amegbetɔ ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ɖa. Ku menɔ tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu me o. (Xezekiel 33:11; Petro II, 3:9) Eyata mele be ku nanye nusi ŋu womate ŋu awɔ naneke le na mía kple míaƒe lɔlɔ̃tɔwo o.

‘EYI GBƆGBƆ GE ÐE EME’

11. Nya kae Yesu gblɔ le nɔnɔme si me exɔlɔ̃ Lazaro si ku la nɔ ŋu?

11 Enye Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeaɖe mía kple míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku tso Adam ƒe ku si me. Eyata Mawu ƒe Nya la gblɔna le ame kukuwo ŋu be wole alɔ̃ dɔm. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu Kristo se be ye xɔlɔ̃ Lazaro ku la, Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm; gake la meyina, bena maɖanyɔe atso alɔ̃ me.” Esi nusrɔ̃lawo mese nya si Yesu gblɔ me enumake o ta la, eʋu eme na wo kɔte be: “Lazaro ku.” (Yohanes 11:11, 14) Azɔ Yesu yi Betania, afisi Lazaro nɔvinyɔnu Marta kple Maria nɔ wo nɔviŋutsu si ku la fam le. Esi Yesu gblɔ na Marta be, “Nɔviwò la atsi tre” la, egblɔ nya si fia be exɔ Mawu ƒe tameɖoɖo si nye be yeaɖe nusi ku gblẽna le amegbetɔƒomea ŋu ɖa la dzi se. Egblɔ be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.”—Yohanes 11:23, 24.

12. Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Marta si nɔvi ku si le ame kukuwo ŋu?

12 Marta megblɔ nya aɖeke si fia be luʋɔ makumaku aɖe li si va nɔa agbe le teƒe bubu aɖe le ku megbe o. Mexɔe se be Lazaro yi gbɔgbɔmenuto aɖe me xoxo be yeayi yeƒe agbenɔnɔ dzi le afima o. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye tsitretsitsi tso ame kukuwo dome dzie Marta xɔ se. Ese egɔme be ɖe Lazaro megali o, ke menye be luʋɔ makumaku aɖe do tso ye nɔvi kukua me o. Nusi ko woate ŋu awɔ le eŋue nye be woafɔ nɔvia ɖe tsitre.

13. Ŋusẽ kae Mawu na Yesu, eye aleke wòɖe ŋusẽ sia fiae?

13 Yesu Kristoe nye amesi Yehowa Mawu na ŋusẽe be wòaɖe ameƒomea. (Hosea 13:14) Eyata esi Marta gblɔ eƒe nya la vɔ la, Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Yesu ɖe ŋusẽ si Mawu nae na nusia wɔwɔ la fia esi wòyi Lazaro si ku ŋkeke enee nye ema la ƒe yɔdo gbɔ, eye wògbɔ agbee. (Yohanes 11:38-44) Kpɔ dzidzɔ si wòanye na amesiwo kpɔ tsitretsitsi sia alo bubu siwo Yesu Kristo wɔ la teƒe ɖa le susu me!—Marko 5:35-42; Luka 7:12-16.

14. Nukatae tsitretsitsi kple luʋɔ makumaku ƒe dzixɔse tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu?

14 Tɔ vie nàde ŋugble le nya sia ŋu kpɔ: Mahiã be woafɔ ame aɖeke ɖe tsitre, alo woagagbɔ agbee, ne ɖe luʋɔ makumaku aɖe li si nɔa agbe le ku megbe o. Le nyateƒe me la, manye dɔmenyonyo be woagafɔ ame abe Lazaro ene ɖe tsitre va agbenɔnɔ madeblibo me le anyigba dzi ne ɖe wòyi fetu wɔnuku xɔ ge le dziƒo o. Le nyateƒe me la, nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” medze le Biblia ƒe akpa aɖeke o. Ðe Ŋɔŋlɔawo gblɔ boŋ be amegbetɔ luʋɔ si wɔ nuvɔ̃ la kuna. (Xezekiel 18:4, 20) Eyata Biblia fia tsitretsitsi ƒe ɖoɖo si wowɔ be eyae nye ku gbɔkpɔnu vavãtɔ.

“AMESIWO KATÃ LE ŊKUÐODZIYƆDOWO ME”

15. (a) Nya “tsitretsitsi” gɔme ɖe? (b) Nukatae ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre maɖe fu na Yehowa Mawu kura o?

15 Nya si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zã na “tsitretsitsi” la gɔmeɖeɖe le nya la nu tẽe nye “fɔfɔ ɖe tsitre” alo “tsotso.” Esia nye fɔfɔ ɖe tsitre tso ku me—si sɔ kple gbɔgblɔ be woatsi tre atso ameƒomea ƒe yɔdo me. Yehowa Mawu ate ŋu afɔ ame ɖe tsitre bɔbɔe. Nukatae? Elabena Yehowae nye Agbedzɔƒe. Egbea amewo te ŋu léa ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe gbe kple woƒe dzedzeme ɖe video dzi eye woate ŋu agbugbɔ aƒo wo le ameawo ƒe ku megbe. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be mía Wɔla ŋusẽkatãtɔ la ate ŋu alé amesiame ƒe nɔnɔmewo ɖi eye wòagafɔ ame ma ke ɖe tsitre ana ŋutilã si wòwɔ yeyee lae.

16. (a) Ŋugbe kae Yesu do ku ɖe amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ŋu? (b) Nukae afia nusi ado tso tsitretsitsi me na ame?

16 Yesu Kristo gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase eƒe gbe, eye woado go; amesiwo wɔ nu nyuiwo la hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:28‚ 29, NW) Woafɔ amesiwo katã Yehowa lé ɖe susu me ɖe tsitre eye woafia eƒe mɔwo wo. Azu agbe ƒe tsitretsitsi na amesiwo nɔ agbe ɖe sidzedze Mawu nu. Gake anye fɔbubuʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi na amesiwo gbe Mawu ƒe nufiafiawo kpakple eƒe dziɖulanyenye.

17. Amekawoe woafɔ ɖe tsitre?

17 Esɔ be woafɔ Yehowa subɔla siwo wɔ nu dzɔdzɔe la ɖe tsitre. Le nyateƒe me, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa do ŋusẽ ame geɖe esi wodze ŋgɔ ku, le yometiti vɔ̃ɖitɔ kekeake kura gɔ̃ hã me. Wonya be Mawu ate ŋu agana yewoanɔ agbe. (Mateo 10:28) Gake ame miliɔn geɖe ku evɔ womeɖee fia be yewodi be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi alo yewomedi be yewoawɔ ɖe wo dzi o. Woafɔ woawo hã ɖe tsitre. Esi apostolo Paulo ka ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo sia dzi ta la, egblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ, . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

18. (a) Tsitretsitsia ŋuti ŋutega kae apostolo Yohanes kpɔ? (b) Nukae woatsrɔ̃ le “dzota” la me, eye nuka ƒe kpɔɖeŋue ‘ta’ sia nye?

18 Apostolo Yohanes kpɔ amesiwo wofɔ ɖe tsitre eye wole tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpui ŋkume la ƒe ŋutega dodzidzɔname aɖe. Yohanes ŋlɔ ɣemaɣi be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe [Hades] woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 20:12-14) Bu eŋu kpɔ ko! Mɔkpɔkpɔ li na ame kuku siwo katã Mawu lé ɖe susu me be woaɖe wo tso tsiẽƒe si nye Hades (Helagbe, haiʹdes), alo Sheol, ameƒomea ƒe yɔdo me. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 2:31) Mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woato woƒe dɔwɔwɔwo me aɖee fia be yewoasubɔ Mawu alo yewomasubɔe o. Ekema woatsɔ “ku kple tsiẽƒe,” alo Hades, aƒu gbe ɖe nusi woyɔna be “dzota” la me, si nye tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ ƒe kpɔɖeŋu, si “Gehenna” hã nye kpɔɖeŋu na. (Luka 12:5) Ɣemaɣi ameƒomea ƒe yɔdo atsi ƒuƒlu eye maganɔ anyi ne tsitretsitsia wu enu o. Akɔfafa kae nye si wònye be míasee le Biblia me be Mawu mewɔa funyafunya ame aɖeke o!—Yeremya 7:30, 31.

TSITRETSITSI YI AFIKA?

19. Nukatae woafɔ ameƒomea me tɔ aɖewo be woaɖanɔ dziƒo, eye ŋutilã ka ƒomevie Mawu ana wo?

19 Woafɔ ŋutsu kple nyɔnu ʋee aɖewo siwo ƒe xexlẽme seɖoƒe li na ɖe tsitre be woanɔ agbe le dziƒo. Woanye fiawo kple nunɔlawo kple Yesu eye woanɔ eme woaɖe nusiwo ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ he vɛ la ɖa. (Romatɔwo 5:12; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Ame nenie Mawu akplɔ ayi dziƒo woava ɖu fia kple Kristo? Biblia gblɔ be ame 144,000 koe. (Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1) Yehowa ana gbɔgbɔŋutilã amesiawo siwo wofɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖesiaɖe ale be woate ŋu anɔ agbe le dziƒo.—Korintotɔwo I, 15:35, 38, 42-45; Petro I, 3:18.

20. Nukae ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo si me amesiwo wofɔ ɖe tsitre hã anɔ la akpɔ?

20 Woafɔ amesiwo ku la ƒe akpa gãtɔ ɖe tsitre woava nɔ paradisonyigba dzi. (Psalmo 37:11, 29; Mateo 6:10) Nusiwo ta woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre be woayi dziƒo dometɔ ɖekae nye be woawu tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu la nu. Yesu Kristo kple ame 144,000 siwo le dziƒo la akpe ɖe ameƒomea ŋu vivivi be woaɖo blibodede si mía dzila gbãtɔwo tsɔ ƒu gbe la gbɔ. Amesiwo wofɔ ɖe tsitre hã anɔ amesiawo dome, abe alesi wòdze le Yesu ƒe nya si wògblɔ na amesi nɔ kukum le exa la be: “[Ànɔ] Paradiso la me kplim” me ene.—Luka 23:42, 43.

21. Nukae nyagblɔɖila Yesaya kple apostolo Yohanes gblɔ be adzɔ ɖe ku dzi?

21 Le Paradisonyigba la dzi la, woaɖe ku si gblẽa nu alea gbegbe egbea la ɖa. (Romatɔwo 8:19-21) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be Yehowa Mawu “ami ku, saɖagatsi tegbee.” (Yesaya 25:8) Wona apostolo Yohanes kpɔ ɣeyiɣi si me ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo avo tso vevesese kple ku si me la ŋuti ŋutega aɖe. Ẽ, “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa, kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

22. Dɔ kae tsitretsitsia ŋuti sidzedze wɔna ɖe dziwò?

22 Biblia ƒe nufiafia siwo me kɔ la ɖe tɔtɔ si li ku ɖe ame kukuwo ŋu la ɖa. Ŋɔŋlɔawo gblɔe kɔte be kue nye “futɔ mamletɔ” si woatsrɔ̃ ɖa. (Korintotɔwo I, 15:26) Aleke gbegbe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa te ŋu doa ŋusẽ mí hefaa akɔ na mí enye si! Eye aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye si be míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le ŋku dzi na Mawu la anyɔ tso ku ƒe alɔ̃ me be woava se vivi le nu nyui gbogbo siwo wòdzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃nɛ la me! (Psalmo 145:16) Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ahe yayra mawo vɛ. Gake ɣekaɣie wòle be eƒe dziɖuɖu nadze egɔme? Na míakpɔe ɖa.

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Nukae nye gbɔgbɔ si le amegbetɔwo me?

Nɔnɔme ka mee nàgblɔ be ame kukuwo le?

Amekawoe woafɔ ɖe tsitre?

[Nɔnɔmetata si le axa 85]

Abe alesi Yesu fɔ Lazaro tso yɔdo mee ene la, nenema ke woafɔ ame miliɔn geɖewo hã ɖe tsitree

[Nɔnɔmetata si le axa 86]

Dzidzɔ axɔ aƒe ne ‘Mawu mi ku saɖagatsi tegbee’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe