INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 19 axa 181-191
  • Esime Sidzedze Mawu Axɔ Anyigba La Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Esime Sidzedze Mawu Axɔ Anyigba La Dzi
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • LE HARMAGEDON MEGBE —PARADISONYIGBA AVA
  • AMEƑOMEA ATRƆ
  • TSITRETSITSI DODZIDZƆNAME LA
  • BLIBODEDE MLƆEBA!
  • NUKAE NÀWƆ?
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La Ava Eme Kpuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Etsɔme!
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 19 axa 181-191

Ta 19

Esime Sidzedze Mawu Axɔ Anyigba La Dzi

1, 2. Aleke wòdzɔe be nu va gblẽ le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

TSƆE be nutala bibi aɖe ta nu dzeani aɖe vɔ koe nye sia. Ebui wòsɔ be enyo ŋutɔ—enye aɖaŋudɔ tɔxɛ aɖe! Gake le zã me la, futɔ aɖe si biã ŋui la va gblẽe. Eme kɔ be ave nutala la vevie ŋutɔ. Aleke gbegbe wòadi be woade nudomegblẽla la gamee nye esi! Eye àte ŋu akpɔ alesi nutala la adi be yeagbugbɔ atrɔ asi le yeƒe dɔa ŋu be wòagaɖo atsyɔ̃ abe tsã ene la le susu me ɖa.

2 Abe nutala ma ene la, aɖaŋudɔ tɔxɛ ŋutɔe wònye Yehowa wɔ esi wòwɔ anyigba la hetsɔe na ameƒomea be wòanɔ edzi. Le ŋutsu kple nyɔnu wɔwɔ vɔ megbe la, egblɔ le eƒe anyigbadzidɔwo katã ŋu be “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Adam kple Xawa nye Mawu ŋutɔ viwo, eye elɔ̃ wo. Ewɔ ɖoɖo ɖe ŋutikɔkɔe ƒe etsɔme si me dzidzɔ anɔ ŋu na wo. Satana nya kplɔ wo de aglãdzedze me baa, gake Mawu ƒe nuwɔwɔ wɔnuku la megbɔ dzadzraɖo me yi o.—Mose I, 3:23, 24; 6:11, 12.

3. Nukae nye “agbe vavã la”?

3 Mawu ɖoe be yeaɖɔ nuwo ɖo. Edi vevie be yeakpɔe be míanɔ agbe abe alesi wòɖoe le gɔmedzedzea me ene. Menye míaƒe agbenɔnɔ kpui si me xaxawo yɔ fũ lae nye “agbe vavã la” o, elabena megogo afi aɖeke na nusi ƒe tame Yehowa ɖo o. “Agbe vavã” si dim Mawu le na míe nye “agbe mavɔ” nɔnɔ le nɔnɔme deblibowo me.—Timoteo I, 6:12, 19.

4, 5. (a) Aleke Paradiso mɔkpɔkpɔ la ava emee? (b) Nukatae wòle be míabu míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ la ŋu?

4 Sidzedze Mawu da agba ɖe mía dzi le Yehowa gbɔ. (Yakobo 4:17) Gake bu yayra siwo asu asiwò ne ètsɔ sidzedze ma wɔ dɔe eye nèʋli be agbe mavɔ nasu ye si ŋu kpɔ. Le Yehowa Mawu ƒe Nya Biblia me la, ena míekpɔ alesi agbe ma nɔnɔ le Paradisonyigba si gbɔna kpuie dzi anɔ ƒe nɔnɔmetata dzeani aɖe le susu me. Nyateƒee, menye fetu xɔxɔ ta koe mí Yehowa ƒe amewo míesubɔa Mawu ɖo o. Esi míelɔ̃ Mawu tae míesubɔnɛ ɖo. (Marko 12:29, 30) Gawu la, menye Yehowa subɔsubɔ ƒe fetu ye agbe si woana mí la nye o. Mawu ƒe nunanae agbe mavɔ nye. (Romatɔwo 6:23) Aɖe vi na mí be míade ŋugble le agbe sia ŋu elabena Paradiso mɔkpɔkpɔ la na míeɖoa ŋku Mawu si ƒomevie Yehowa nye la dzi—enye lɔlɔ̃me si nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Mɔkpɔkpɔ lédziname si axɔ míaƒe susu kple dzi me la akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le Satana ƒe xexeame fukpekpewo me.—Yeremya 23:20.

5 Na míade ŋugble tso agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba si gbɔna dzi la ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu azɔ. Aleke agbenɔnɔ anɔ ne sidzedze Mawu xɔ anyigba la dzi?

LE HARMAGEDON MEGBE —PARADISONYIGBA AVA

6. Nukae nye Harmagedon, eye nukae wòafia na ameƒomea?

6 Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, magadidi o Yehowa Mawu atsrɔ̃ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa. Xexeame ɖo nusi Biblia yɔ be Harmagedon, alo Armagedon gbɔ vɔ. Ŋkɔ ma ana ame aɖewo ƒe susu nayi nukliaʋa ƒe dzobibi ƒe tsɔtsrɔ̃ si dukɔ siwo kpe aʋa ahe vɛ la dzi, gake Harmagedon to vovo na ema kura. Abe alesi Nyaɖeɖefia 16:14-16 gblɔe ene la, “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” ye Harmagedon nye. Enye aʋa si me “xexeame katã” alo dukɔwo katã “ƒe fiawo” akpɔ gome le. Esusɔ vie ko, Yehowa Mawu ƒe Vi, Fia si woɖo, la naho ɖe aʋa la ŋu. Kakaɖedzi blibo le alesi nuwo ava yii ŋu. Woatsrɔ̃ amesiwo katã tsi tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu eye wonye Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe akpa aɖe la ɖa. Amesiwo wɔa nuteƒe na Yehowa koe atsi agbe tso eme.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 19:11-21.

7. Afikae Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, eye aleke esia aɖe vi na ameƒomeae?

7 Tsɔe be yetsi agbe le tsɔtsrɔ̃ gã ma me. Aleke agbea anɔ le anyigba dzi le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me? (Petro II, 3:13) Mehiã be míasusui agblɔ o, elabena Biblia gblɔe na mí, eye nusi wògblɔ la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Egblɔ na mí be woaxɔ ŋusẽ le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si, woade wo dɔmawɔmawɔ ƒe aʋli me le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣi. Nuwɔwɔ vɔ̃ɖi vɔ̃edinamela mawo magabe ɖe vivime anɔ xaxawo hem vɛ, anɔ mía tutum be míagawɔ nuteƒe na Mawu o. Gbɔdzɔe kae nye si wòanye!—Nyaɖeɖefia 20:1-3.

8, 9. Le xexe yeyea me la, nukae adzɔ ɖe fukpekpe, dɔléle, kple tsitsi dzi?

8 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe nu ayi keŋkeŋ. (Yesaya 33:24) Ekema bafawo atso azɔ azɔli, woaƒu du, eye woaɖu ɣe ɖe afɔ siwo me agbe kple ŋusẽ ɖo dzi. Tokunɔ siwo ƒe to tsi ƒe geɖe la ase gbeɖiɖi vivi siwo ƒo xlã wo godoo. Ŋkuagbãtɔwo ake ŋku ɖe te ne wokpɔ amadede dzeani vovovo siwo le dzedzem na wo. (Yesaya 35:5, 6) Woava kpɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ŋkume mlɔeba! Ðewohĩ dzidzɔɖatsiwo alolo ɖe ŋku dzi na wo vie ɣemaɣi.

9 Bu eŋu kpɔ ko! Gaŋkuiwo, bunɔwo ƒe kpowo kple atitɔɖeŋuwo, atikewo, aɖudɔdaƒewo alo kɔdziwo maganɔ anyi o! Seselelãmedɔwo kple nuteɖeamedziwo magaxɔ dzidzɔ le amewo si azɔ o. Dɔléle magagblẽ nu le ɖevi aɖeke ŋu o. Ðekakpui kple ɖetugbi me nɔnɔ axɔ ɖe amegã kple nyagã kuku teƒe. (Hiob 33:25) Míaƒe lãme asẽ ɖe edzi eye ŋusẽ agaɖo mía ŋu wu. Ŋdi sia ŋdi ne míenyɔ tso alɔ̃ si gadoa ŋusẽ yeye ame me la, ŋusẽ agaɖo mía ŋu wu eye míanɔ mɔ kpɔm na ŋkeke yeye si me agbe si me dzo le eye dɔ siwo naa ame ƒe dzi dzea eme le la wɔwɔ.

10. Dɔ kae Harmagedon me agbetsilawo awɔ?

10 Dzidzɔdɔ geɖe anɔ anyi Harmagedon me agbetsilawo nawɔ. Woawɔ anyigba la wòagazu paradiso. Woaɖe nuɖoanyi xoxoa ƒe ɖiƒoƒo ɖesiaɖe si asusɔ la ɖa keŋkeŋ. Modzakaɖebɔwo kple atikutsetsebɔwo axɔ ɖe nɔƒe ƒoɖiwo kple anyigba si wogblẽ teƒe. Amesiame anɔ aƒe nyui si me dzidzeme le me. (Yesaya 65:21) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, anyigba la ƒe paradisoteƒe mawo akeke ɖe enu ava kpe wo nɔewo vaseɖe esime anyigba bliboa katã naɖo atsyɔ̃ abe alesi Wɔla la ɖoe le Eden-bɔa me ene. Dzidzeme kae nye si wòanye be nàkpɔ gome le gbugbɔdzraɖodɔ ma me!

11. Ƒomedodo kae ava nɔ ameƒomea kple anyigba la ƒe nutowo me kpakple lãwo dome le etsɔme?

11 Woawɔ esiawo katã le Mawu ƒe mɔfiafia te ale be naneke nagagblẽ le anyigba la kple eƒe nutome ŋu o. Amegbetɔwo anɔ ŋutifafa me kple lãwo. Le wo wuwu dzodzro teƒe la, amegbetɔ agadze anyigba la dzikpɔkpɔdɔ si wode esi si ŋu wòabu akɔnta le la wɔwɔ gɔme, eye wòalé be na wo. Kpɔe ɖa ko, alẽviwo, dzatawo, nyiviwo, wo katã wole gbe ɖum ɖekae—eye aƒemelãwo le dedie le go sia go me. Ðevi sue gɔ̃ hã mavɔ̃ na lã wɔadãwo o, eye ame wɔadã sẽŋutawo magblẽ xexeme yeyea ƒe tomefafa me o. (Yesaya 11:6-8) Ŋutifafaxexeme yeye kae nye si wòanye!

AMEƑOMEA ATRƆ

12. Aleke Yesaya 11:9 le eme vam egbea, eye aleke wòava emee le Paradisoa me?

12 Yesaya 11:9 gblɔ nusita womawɔ vɔ̃ aɖeke le anyigba bliboa katã dzi o na mí. Egblɔe be: “Sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Amewo ŋue nya sia ku ɖo elabena “sidzedze Yehowa” mate ŋu anɔ lãwo si bene woatrɔ o, elabena seselelãme nue wowɔa nu ɖo. Gake sidzedze mía Wɔla la trɔa amewo ya vavã. Ðikekemanɔmee la, sidzedze Mawu tsɔtsɔ wɔ dɔe le wò agbe me na wò ŋutɔ nèwɔ tɔtrɔ aɖewo xoxo. Ame miliɔn geɖe hã wɔ tɔtrɔ mawo. Eyata nyagblɔɖi sia ƒe emevava dze egɔme le amesiwo subɔa Yehowa me xoxo. Gake egafia asi ɣeyiɣi si me amesiame si le xexeame aɖe asi le lãwo ƒe nɔnɔme alo ŋutasesẽnuwɔnawo ŋu eye woazu ŋutifafamewo tegbee hã.

13. Hehenadɔ kae woawɔ le anyigba dzi?

13 Aleke gbegbe wòawɔ nukui enye esi ne sidzedze Mawu yɔ anyigba la dzi! Woawɔ hehenadɔ gã aɖe le Fia Yesu Kristo kple eƒe hatidziɖula 144,000 la ƒe mɔfiafia te. Woazã ‘agbalẽxatsaxatsa’ yeyewo ɣemaɣi. Edze ƒã be woawoe nye Mawu ƒe mɔfiame siwo woaŋlɔ ɖi siwo woatsɔ ana hehe anyigbadzinɔlawoe. (Nyaɖeɖefia 20:12) Ameƒomea magasrɔ̃ aʋawɔwɔ o, ŋutifafae woasrɔ̃. Woaɖe aʋawɔnu vɔ̃ɖiwo katã ɖa tegbee. (Psalmo 46:10) Woafia xexeme yeyea me tɔwo be woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃, ameŋububu, kple bubu me.

14. Aleke nuwo ato vovo le xexeame ne ameƒomea va zu ƒome ɖeka?

14 Ameƒomea azu ƒome wɔɖeka aɖe. Nusiwo xea mɔ na ɖekawɔwɔ kple nɔviwɔwɔ ƒe ɖeke maganɔ anyi o. (Psalmo 133:1-3) Mahiã be ame aɖeke natu eƒe aƒe ƒe agbo le fiafiwo ta o. Ŋutifafa axɔ aƒe ɖe dzi sia dzi me, ɖe aƒe sia aƒe me, ɖe anyigba ƒe afisiafi.—Mixa 4:4.

TSITRETSITSI DODZIDZƆNAME LA

15. Ame hatsotso eve kawoe woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi?

15 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ma me la, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Womafɔ amesiwo bua wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, la ŋu le esi wowɔ nusiwo tsi tre ɖe eƒe ɖeɖefia alo mɔfiafiawo ŋu eye wogbe dzimetɔtrɔ ya o. (Mateo 23:15, 33; Hebritɔwo 6:4-6) Gake Mawue atso nya me le amesiwo wɔ nuvɔ̃ alea la ŋu. Ke hã woafɔ ameha eve siwo ɖe dzesi ƒã la ɖe tsitre—“ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Esi wònye ɖoɖo nue woafɔ wo ɖo ta la, susu le eme be míagblɔ be ame gbãtɔ siwo atrɔ gbɔ míaxɔe nye ame dzɔdzɔewo, amesiwo subɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me.—Hebritɔwo 11:35-39.

16. (a) Amekawoe anye ‘ame dzɔdzɔe’ siwo woafɔ va anyigba dzi la dometɔ aɖewo? (b) Blematɔ nuteƒewɔla kawoe nèdi vevie be yeakpɔ, eye nukatae?

16 Le aʋawɔwɔwo, afɔkuwo, kple kunyawo sese teƒe la, tsitretsitsi ŋuti nyatakaka wɔnukuwoe Yehowa subɔlawo anɔ sesem. Dzidzɔ gã aɖee wòanye be míase be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo, abe Abel, Henox, Noa, Abraham, Sara, Hiob, Mose, Raxab, Rut, Dawid, Eliya, kple Ester ene trɔ gbɔ. Ŋutinya me nudzɔdzɔ ʋãme kawoe nye si anɔ wo si woagblɔ ne wole nusiwo ŋuti Biblia me nudzɔdzɔ geɖe ku ɖo la gblɔm! Ðikeke mele eme o, woawo kple ame dzɔdzɔe siwo ku eteƒe medidi o la adi vevie be yewoase alesi Satana ƒe nuɖoanyia va wu nui kple alesi Yehowa kɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu eye wòʋli eƒe dziɖulanyenye tae la ŋu nyawo.

17. Kpekpeɖeŋu kae nuteƒewɔlawo ana ame bubu siwo woafɔ ɖe tsitre?

17 Kpekpeɖeŋu gã kae nye si nuteƒewɔla siawo ana le tsitretsitsia ƒe akpa evelia me, esime ku aɖe ga ‘ame madzɔmadzɔ’ biliɔn gbogboawo! Mɔnukpɔkpɔ mesu ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ si be woanya Yehowa o. Satana ‘gbã ŋku na woƒe tamesusu’ va yi. (Korintotɔwo II, 4:4) Gake woaɖe nusiwo Abosam gblẽ la ɖa. Woafɔ ame madzɔmadzɔawo ɖe ŋutifafanyigba dzeani aɖe dzi. Amesiwo wowɔ ɖoɖo na nyuie be woafia nu wo le Yehowa kple Via Yesu Kristo si le fia ɖum la ŋu lae axɔ wo. Ne ame biliɔn siwo wofɔ ɖe tsitre va nya wo Wɔla la helɔ̃e la, ekema sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi le mɔ si medzɔ kpɔ o nu.

18. Aleke nèsusu be lɔlɔ̃tɔ siwo wofɔ ɖe tsitre la xɔxɔ ana nàse le ɖokuiwò me?

18 Dzidzɔ kae nye si tsitretsitsia ado na mí! Amekae míaƒe futɔ ku medo nuxaxa na kpɔ o? Le nyateƒe me, amekae melulu kpɔ esime lɔlɔ̃ alo xɔlɔ̃dzedze aɖe me gblẽ le ame ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku le dɔléle, tsitsi, afɔku, alo anyrawɔwɔ le ame ŋu ta o? Ke kpɔ alesi ɖekawɔwɔ kple wo ake le Paradisoa me anye dzidzɔe ɖa. Dadawo kple fofowo, viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo, woasi du akpla asi kɔ atuu na wo nɔewo, kple nukokoe kpakple dzidzɔviwo.

BLIBODEDE MLƆEBA!

19. Nukunu kae adzɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

19 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua katã me la, nukunu wɔdɔɖeamedzi aɖe anɔ dzɔdzɔm. Ðewohĩ eyae anye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe akpa si awɔ dɔ ɖe ame dzi wu na ameƒomea. Yehowa ana Via nazã eƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo na ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla toɖola ɖesiaɖe. To ema me la, woaɖe nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ ɖa eye woakpe ɖe ameƒomea ŋu woaɖo blibodede gbɔ.—Yohanes I, 2:2; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

20. (a) Nukae blibodede afia? (b) Ɣekaɣie Harmagedon me agbetsilawo kple amesiwo wofɔ ɖe tsitre la adze agbenɔnɔ gɔme le gɔmesese blibo nu?

20 Blibodede! Nukae wòafia? Afia be agbe si tɔgbe Adam kple Xawa nɔ hafi va wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa Mawu ŋu la agasu ame si. Le ŋutilã, susu, seselelãme, agbenɔnɔ, gbɔgbɔ me—le go sia go si ava tame na ame me—amegbetɔ deblibowo aɖo Mawu ƒe dzidzenuwo gbɔ bliboe. Gake ɖe amesiame asɔ kple nɔvia pɛpɛpɛ ɣemaɣia? Kura o! Yehowa ƒe nuwɔwɔwo—atiwo, seƒoƒowo, lãwo—wo katã fia mí be elɔ̃a nusiwo le hamehame. Amenyenye kple ŋutete vovovowo anɔ amegbetɔ deblibowo si. Amesiame ase vivi le agbe me abe alesi Mawu ɖoe ene. Nyaɖeɖefia 20:5 gblɔ be: “Ame kuku mamleawo la womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu va yi.” Abe Harmagedon me agbetsilawo ƒe ameha gã la ene la, amesiwo wofɔ ɖe tsitre la agbɔ agbe bliboe ne woɖo blibodede si me nuvɔ̃ aɖeke mele o gbɔ.

21. (a) Nukae adzɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? (b) Nukae adzɔ ɖe Satana kple edzidelawo katã dzi mlɔeba?

21 Dodokpɔ ɖeka si anye mlɔetɔ la adze ŋgɔ amegbetɔ deblibowo. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, woaɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso aʋlia me vie eye woaɖe mɔ na wo be woadze agbagba mlɔetɔ be yewoatrɔ amewo ɖa tso Yehowa gbɔ. Ame aɖewo ana didi vɔ̃wo naxɔ nɔƒe gbãtɔ na woƒe lɔlɔ̃ na Mawu, gake womaɖe mɔ ɖe aglãdzedze sia ŋu ɣeyiɣi didi o. Yehowa atsrɔ̃ ɖokuitɔdila siawo kpe ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo katã ŋu. Nugbegblẽwɔlawo katã nu ayi keŋkeŋ tegbetegbe azɔ.—Nyaɖeɖefia 20:7-10.

NUKAE NÀWƆ?

22. Nukae nèle mɔ kpɔm be yeava wɔ le Paradisoa me?

22 Mavɔmavɔnyenye asu amesiwo katã lɔ̃ Yehowa Mawu si azɔ eye woanɔ Paradisonyigba la dzi. Míate ŋu akpɔ alesi gbegbe woƒe dzidzɔa aloloe le susu me o, eye wò hã àte ŋu akpɔ gome le esia me. Hadzidzi, aɖaŋudɔwo, asinudɔwo—ẽ, ameƒome deblibo la ƒe asinu anya kpɔ wu xexe xoxoa ƒe aɖaŋudɔwɔla gãtɔwo ke hã ƒe dɔ nyuitɔwo sasasã! Bu eŋu kpɔ, ameƒomea ade blibo eye ɣeyiɣi si nuwuwu meli na o ye anɔ wo si. Kpɔ nusiwo nàte ŋu awɔ ne èzu amegbetɔ deblibo la ɖa. Bu nusiwo mia kple nɔviwò amegbetɔ bubuwo miate ŋu asrɔ̃ le Yehowa ƒe asinudɔwo ŋu la hã ŋu kpɔ—tso ɣletivihatsotso biliɔn gbogbo siwo le xexeame godoo dzi va ɖo atɔm me nukui suesuetɔ ke dzi. Nusianu si ameƒomea te ŋu wɔ la agado dzidzɔ na mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, Yehowa, ƒe dzi ɖe edzi.—Psalmo 150:1-6.

23. Nukatae agbenɔnɔ le Paradisoa me mati ame gbeɖe o?

23 Agbe magati ame ɣemaɣi o. Anɔ vivim ɖe edzi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Èkpɔea, sidzedze Mawu ƒe seƒe aɖeke meli o. (Romatɔwo 11:33) Nu yeyewo anɔ anyi woasrɔ̃, eye woanɔ kekem ɖe nu yeyewo ŋu yi ɖe mavɔ me. (Nyagblɔla 3:11) Eye zi alesi nèyi edzi le nu srɔ̃m le Yehowa Mawu ŋu la, nenema ke nàyi edzi anɔ agbee—menye ƒe ʋee aɖewo ko o ke boŋ tegbetegbe!—Psalmo 22:27.

24, 25. Nukatae wòle be nànɔ agbe si sɔ ɖe sidzedze Mawu nu fifia?

24 Ðe etsɔme dodzidzɔname le paradisonyigba dzi menye nusi ŋu nàdze agbagba ɖesiaɖe ɖo alo atsɔ nusianu asa vɔ ɖo oa? Nenema tututue! Ẽ, Yehowa ɖe asi le ŋutikɔkɔe ƒe etsɔme ma ƒe safui ŋu na wò. Safui mae nye sidzedze Mawu. Àzãea?

25 Ne èlɔ̃ Yehowa la, eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ anye wò dzidzɔ. (Yohanes I, 5:3) Ne èyi edzi alea la, yayra kawo gbegbee nye si nàva kpɔ! Ne ètsɔ sidzedze Mawu wɔ dɔe la, ate ŋu adzi wò dzidzɔkpɔkpɔ le agbe me ɖe edzi le xexe sia si me xaxa xɔ aƒe ɖo gɔ̃ hã me. Eye teƒeɖoɖo siwo ava le etsɔme mele gbɔgblɔ me o, elabena sidzedze siae kplɔa ame yia agbe mavɔ mee! Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be nàtso ɖe eŋu. Ðoe kplikpaa be nànɔ agbe wòasɔ ɖe sidzedze Mawu nu. Ðe wò lɔlɔ̃ na Yehowa fia. De asixɔxɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu eye nàɖee fia be aʋatsotɔe Satana nye. Ekema Yehowa Mawu, nunya kple sidzedze vavãtɔ Tsoƒe, hã ƒe amenuvevedzi lɔ̃ame la akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò. (Yeremya 31:3; Zefanya 3:17) Eye alɔ̃ wò yi ɖe mavɔmavɔ me!

Do WÒ SIDZEDZE KPƆ

Nukae nye “agbe vavã la”?

Nukae adzɔ le anyigba la dzi le Harmagedon megbe?

Amekawoe woafɔ ɖe tsitre le anyigba la dzi?

Aleke ameƒomea ade blibo eye woawɔ dodokpɔ mlɔetɔ na woe?

Nukae nye wò mɔkpɔkpɔ le Paradiso ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 188, 189]

Ðe nèle mɔ kpɔm be yeanɔ Paradiso me, le ɣeyiɣi si me sidzedze Mawu axɔ anyigba la dzia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe