TA ADRE
Ðe Vi Dzeaglã aɖe Le Ƒomea Mea?
1, 2 (a) Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ fia Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ? (b) Nu vevi si ku ɖe ƒewuiviwo ŋu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?
ŊKEKE ʋee aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ebia nya aɖe si ana woayi ŋugble me la Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo. Egblɔ be: “Nukae nye miaƒe susu? Vi eve nɔ ŋutsu aɖe si. Eyi gbãtɔ gbɔ gblɔ be, ‘Vinye, heyi nàwɔ dɔ le weingble la me egbe.’ Amesia ɖo eŋu be, ‘Mayi, aƒetɔ,’ gake meyi o. Esi wòva evelia gbɔ la, egblɔ nya ma ke nɛ. Ke amesia ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Emegbe la evee, eye wòyi. Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu?” Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be: “Eveliae.”—Mateo 21:28-31, NW.
2 Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu nya gblɔm Yesu nɔ le afisia. Wole abe vi gbãtɔa ene, elabena wodo ŋugbe be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ke hã wogbe wɔwɔ ɖe woƒe ŋugbedodoa dzi. Gake dzila geɖe akpɔe adze sii be ƒomegbenɔnɔ gɔmesese nyuie dzie Yesu tu eƒe kpɔɖeŋu sia ɖo. Abe alesi wòɖee fia kɔte ene la, zi geɖe la, esesẽna be woanya nusi le ɖeviwo ƒe tame alo be woanya nusi woava wɔ. Ðevi aɖe ate ŋu aɖe fu na ame ale gbegbe le eƒe ƒewuiwo me gake atsi ava azu ame ɖota si ŋu wodea bubui vevie. Ele be nusia nanɔ susu me na mí esime míele ŋugble dem le ƒewuiviwo ƒe aglãdzedzekuxi la ŋu.
AMEKAE NYE AGLÃDZELA?
3. Nukatae mele be dzilawo natsɔ dzitsitsi agblɔ be vi dzeaglãe yewo vi nye o?
3 Ɣeaɖewoɣi la, àse be ƒewuivi aɖewo dze aglã ɖe wo dzilawo ŋu kura. Ðewohĩ wò ŋutɔ ènya ƒome aɖe si me wòwɔ abe ɖe ƒewuivi aɖe gbe nusese le ene gɔ̃ hã. Gake menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be woanya ne vi dzeaglã ŋutɔŋutɔe ɖevi nye o. Hekpe ɖe eŋu la, nusita ɖevi aɖewo dzea aglã—gake le ƒome ɖeka ma ke me—bubuwo ya medzenɛ o ate ŋu anye nusi gɔmesese asesẽ. Ne dzilawo kpɔ be yewo vi aɖe di be yeazu vi dzeaglã kura la, nukae wòle be woawɔ? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, gbã, ele be míaƒo nu tso amesi ame dzeaglã nye ŋu.
4-6 (a) Amekae nye ame dzeaglã? (b) Nukae wòle be wòanɔ susu me na dzilawo ne wo vi ƒewuivi meɖoa to ɣeaɖewoɣi o?
4 Kpuie ko la, ame dzeaglãe nye amesi ɖonɛ koŋ gbea toɖoɖo ɣesiaɣi alo tsia tre ɖe ŋusẽ si kɔ wu la ŋuti. Gake míenya be ‘bometsitsi le dzi me na ɖevi.’ (Lododowo 22:15) Eyata ɖevi ɖesiaɖe tsia tre ɖe dzilawo ƒe ŋusẽ alo ŋusẽ bubuwo ŋu ɣeaɖewoɣi. Ŋutilã me kple seselelãme ƒe tsitsiɣi si woyɔna be ƒewuiwo me koŋ ye nusia dzɔna le wu. Tɔtrɔ si ava le amesiame ƒe agbenɔnɔ me la ahe amemiamiã tɔgbe aɖe va amea me, eye ƒewuiwo nye ƒe siwo me tɔtrɔ geɖe vana le. Viwòŋutsu alo viwònyɔnu si nye ƒewuivi la le dodom le eƒe ɖevimenɔɣi me hele ame tsitsi zum. Le esia ta la, ne eɖo ƒewuiwo me la, esesẽna na dzila kple ɖevi aɖewo be woƒe gbe nasɔ. Togbɔ be menye ɖe dzilawo ɖonɛ wɔna o hã la, zi geɖe wodina be yewoahe tɔtrɔ sia ɖe megbe, evɔ ƒewuiviawo hã dina be tsɔtsɔe nenɔ eŋu.
5 Ƒewuivi si nye vi dzeaglã la megatsɔa ɖeke le edzilawo ƒe mɔfiafia me o. Gake nenɔ susu me na wò be tomaɖomaɖonu ɖeka eve aɖewo ko wɔwɔ mefia be wozu ame dzeaglã o. Eye le gbɔgbɔmenuwo gome la, ɖevi aɖewo mado vivi ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu boo o alo womadoe ɖe eŋu kura gbã o, gake womanye aglãdzelawo o. Wò dzila, mègatsɔ dzitsitsi gblɔ be amesi kple ame keme ye vi nye o.
6 Ðevi ɖesiaɖe si ɖo ƒewuiwo mee dzea aglã ɖe edzilawo ŋua? Kura o. Le nyateƒe me la, edze abe ɖe kpeɖodziwo le fiafiam be ƒewuivi ʋee aɖewo koe dzea aglã ɖe wo dzilawo ŋu sesĩe le woƒe ƒewuiwo me ene. Ke hã ne ɖevi aɖe tsɔa dzimesesẽ dzea aglã ɣesiaɣi ɖe? Anye nukae he aglãdzedze ma vɛ?
NUSIWO NAA WODZEA AGLÃ
7. Aleke Satana ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nɔnɔme siwo ƒo xlã ɖevi dzi ana wòadze aglãe?
7 Nu vevi aɖe si naa wodzea aglãe nye Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si ɖu xexeame dzi. “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (Yohanes I, 5:19, NW) Xexeme si le Satana ƒe ŋusẽ te la he agbenɔnɔ ƒomevi aɖe si gblẽa nu le ame ŋu si wòle be Kristotɔwo nawɔ aʋa kplii la vɛ. (Yohanes 17:15) Agbenɔnɔ ma ƒe akpa gã aɖe gblẽ ku, afɔku le eme, eye ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo bɔ ɖe eme fũ egbea wu tsã. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ne dzilawo mefia nu wo viwo, gbe nya na wo, eye wokpɔ wo ta o la, “gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” ate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe. (Efesotɔwo 2:2) Nu bubu si do ƒome kple esiae nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Biblia gblɔ be: “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Nenema ke wòle bɔbɔe be gbɔgbɔ ma nakpɔ ŋusẽ ɖe amesi dea ha kple amesiwo me xexe sia me ƒe gbɔgbɔ tso aƒe ɖo la dzi. Sɔhɛwo hiã kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi hafi woate ŋu akpɔe adze sii be wɔwɔ ɖe mawumegɔmeɖosewo dzie nye gɔmeɖokpe si dzi agbemɔ nyuitɔ kekeake nɔ te ɖo.—Yesaya 48:17, 18
8. Nukawoe ate ŋu ana vi nadze aglã?
8 Nu bubu si hã ana woadze aglã la ate ŋu anye nɔnɔme siwo le aƒea me. Le kpɔɖeŋu me, ne dzila ɖeka nye ahanomunɔtɔ, atikevɔ̃ɖizãla, alo wòsẽa tagbɔ le dzila evelia ŋu la, ana be ƒewuiviwo ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu natro. Le aƒe siwo me dziɖeɖi le vie gɔ̃ hã me la, ɖevi aɖe ate ŋu adze aglã ne ese le eɖokui me be ye dzilawo metsɔ ɖeke le eme na ye o. Gake menye ɣesiaɣie ƒewuiviwo ƒe aglãdzedze tsoa ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo tso egodo gbɔ o. Ðevi aɖewo gbea wo dzilawo ƒe gbe sese togbɔ be wo dzilawo tsɔa mawumegɔmeɖosewo wɔa dɔe eye wokpɔa wo ta le nu geɖe me tso xexe si ƒo xlã wo si me hã. Nukatae? Ate ŋu anye míaƒe kuxiwo tsoƒe bubu aɖe tae—amegbetɔ ƒe blibomademade. Paulo gblɔ be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) Adam nye aglãdzela kple ɖokuitɔdila, eye wògblẽ domenyinu gbegblẽ aɖe ɖi na eƒe dzidzimeviwo katã. Ƒewuivi aɖewo tianɛ ko be yewoadze aglã, abe wo tɔgbui ene.
ELI TESIWƆNAVILA KPLE REXABEAM ASISESẼTƆ
9. Nuwɔna gbɔme kawoe ate ŋu ana vi nadze aglã?
9 Nu bubu si hã naa ƒewuiviwo dzea aglãe nye dzilawo ƒe nukpɔsusu si meda sɔ o le vihehe ŋu. (Kolosetɔwo 3:21) Dzila aɖewo siwo si susu nyui le xea mɔ ɖe wo viwo nu ale gbegbe eye wohea to sesẽwo na wo. Bubuwo wɔa vi na wo viwo, eye womenaa mɔfiame siwo akpɔ wo vi ƒewuivi makpɔnuteƒewo ta la wo o. Menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be woada asɔ le nu eve siawo siwo gbɔ eme la me o. Eye ɖevi ɖesiaɖe hã kple eƒe nuhiahiãwoe. Ahiã be ŋku nanɔ ɖewo ŋu wu bubuwo. Ke hã la, Biblia me kpɔɖeŋu eve akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ afɔku siwo le nusiwo gbɔ eme wɔwɔ me, le asi sesẽ tsɔtsɔ kplɔ ɖeviwoe alo viwɔwɔ na wo me.
10. Togbɔ be anɔ eme be nunɔla wɔnuteƒee Eli nye hã la, nukatae mete ŋu he viawo nyuie o?
10 Vi nɔ blema Israel-nunɔlagã Eli si. Ewɔ nunɔladɔ ƒe 40 sɔŋ, eye ɖikekemanɔmee la, ebi ɖe Mawu ƒe Se la me nyuie ŋutɔ. Míate ŋu axɔe se be Eli wɔ eƒe nunɔladɔ siwo koŋ wòwɔna la nyuie le nuteƒewɔwɔ me alesi wòate ŋui eye ɖewohĩ efia Mawu ƒe Sea viaŋutsu Xofni kple Pinexas hã nyuie. Gake Eli wɔ tesi na viawo akpa. Xofni kple Pinexas nye nunɔlawo, gake wonye “ame vlowo,” woawo ŋutɔ ƒe nudzodzrowo kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzrowo ŋu ko wobuna. Ke hã esi wowɔ ŋukpenanu le teƒe kɔkɔe la, Eli mete ŋu do dzi xɔ nunɔladɔ le wo si o. Ðeko wòka mo na wo ɖe kple ɖee. Eli ƒe viwɔwɔ na viawo wɔe be wòbu viawo wu Mawu. Eyata viawo dze aglã ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la ŋu eye wòhe afɔku va Eli ƒe aƒe blibo la dzi.—Samuel I, 2:12-17, 22-25, 29; 3:13, 14; 4:11-22
11. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso Eli ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me?
11 Eli viawo nye ame tsitsiwo xoxo esime nusiawo dzɔ, gake ŋutinya sia na afɔku si le tomahemahe na vi me la dze nyuie. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 29:21) Dzila aɖewo abui be viwɔwɔ na vie nye lɔlɔ̃ na vi, eye woagbe se siwo me kɔ eye susu le wo me siwo dzi wòle be woawɔ ɖo ɣesiaɣi la dede na wo. Ne mawumegɔmeɖosewo dzie woda le hã wometsɔa ɖeke le tohehe na wo lɔlɔ̃tɔe me o. Le viwɔwɔ ma ta la, wo viwo magava nɔ to ɖom wo dzilawo alo ame bubu aɖeke o.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 8:11
12. Vodada kae Rexabeam wɔ le ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ me?
12 Rexabeam nye ŋusẽ zazã si gbɔ eme ƒe akpa bubu ƒe kpɔɖeŋu. Eyae nye fia mamletɔ si ɖu Israel-fiaɖuƒe si wɔ ɖeka la dzi, gake meɖu dzi nyuie o. Rexabeam va zu fia ɖe dukɔ si me tɔwo dzi menɔ dzɔdzɔm o le agba siwo fofoa Salomo do na wo ta la dzi. Ðe Rexabeam se nu gɔme na woa? Ao. Esi amedɔdɔ aɖewo va egbɔ be wòaka ameteteɖeanyinuawo ƒe ɖewo dzi aɖe na yewo la, egbe eƒe aɖaŋudela siwo nye ame tsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo eye wòɖe gbe be woana dukɔa ƒe kɔkuti nakpe ɖe edzi. Eƒe dada la na be anyieheto ewo dze aglã ɖe eŋu eye fiaɖuƒea me mã ɖe eve.—Fiawo I, 12:1-21; Kronika II, 10:19
13. Aleke dzilawo awɔ be womagawɔ vodada si Rexabeam wɔ o?
13 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Biblia me nuŋlɔɖi sia si ku ɖe Rexabeam ŋu la me. Ehiã be ‘woadi Yehowa’ le gbedodoɖa me eye woatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ado woƒe vihehemɔnuwoe kpɔ. (Psalmo 105:4) Nyagblɔla 7:7 gblɔ be: “[Ameteteɖeanyi] doa bometsila nunyalawo.” Mɔfiame siwo ŋu wobu nyuie la naa ƒewuiviwo vona le wo ɖokui me be woatsi eye wokpɔa wo ta hã be womedzea afɔku o. Gake mele be ɖeviwo nanɔ nɔnɔme si me nuwo sesẽ le kpaɖii eye wòxaxa wo ɖo ale gbegbe be woade nu wɔ ge le wo ɖokui si alo ade kaka ge ɖe wo ɖokui dzi ado kpoe o. Ne dzilawo dze agbagba be yewoada asɔ le ablɔɖe si sɔ nana wo kple se matrɔmatrɔ siwo me kɔ kɔte dede me la, ƒewuivi akpa gãtɔ madi be yewoadze aglã o.
MIATE ŊU AXE MƆ ÐE AGLÃDZEDZE NU NE MIEKPƆ NUHIAHIÃ VEVIWO GBƆ
Ne dzilawo kpe ɖe wo viwo ŋu be woakpe akɔ kple woƒe ƒewuimekuxiwo la, anɔ bɔbɔe wu be ɖeviawo natsi azu ame likewo
14, 15 Aleke wòle be dzilawo nabu wo vi ƒe tsitsii?
14 Togbɔ be dzilawo kpɔa dzidzɔ ne wokpɔe be yewo vi le tsitsim le ŋutilã me tso eƒe vidzĩmenɔnɔ me hele ame tsitsi zum hã la, ate ŋu aɖe fu na wo ne wokpɔ wo vi ƒewuivi wòle dzodzom le ametenɔnɔ te yina ɖe ɖokuisinɔnɔ si sɔ me. Le tɔtrɔɣeyiɣi sia me la, megawɔ nuku na mi ne ɣeaɖewoɣi mia vi ƒewuivi gbea toɖoɖo alo tonusese o. Miɖo ŋku edzi be ele be Kristotɔ dzilawo ƒe taɖodzinu nanye be yewoahe yewo vi wòava nye Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me, si li ke heɖo ta.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11; Efesotɔwo 4:13, 14
15 Togbɔ be asesẽ hã la, ehiã be dzilawo nadzudzɔ mɔxexe ɖe wo vi ƒewuivi ƒe biabia be woana ɖokuisinɔnɔ si wu ye la nu. Ehiã be ɖevi natsi le mɔ si tua ame ɖo nu le nɔnɔme si ana amenyenye si wòtsɔ dzɔe natsi esi la nu. Le nyateƒe me, ƒewuivi aɖewo dzea nukpɔsusu si ɖi ame tsitsiwo tɔ ɖeɖefia gɔme le ɣeyiɣi si me wometsi boo o me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le ɖekakpuivi si nye Fia Yosiya ŋu be: “Esime wòganye ɖekakpui [si axɔ abe ƒe 15 ene] ko la, ede asi fofoa Dawid ƒe Mawu la didi me.” Edze ƒã be ƒewuivi si ate ŋu atsɔ agbanɔamedzie ɖekakpuivi sia nye.—Kronika II, 34:1-3
16. Ne woɖe mɔ le agbanɔamedzi geɖe ŋu na ɖeviwo la, nukae wòle be woakpɔ adze sii?
16 Gake ablɔɖe kple akɔntananae zɔna. Eyata ɖe mɔ na viwò si le ame tsitsi zum be wòakpɔ eƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo metsonu aɖewo. Gɔmeɖose si nye “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe” la ku ɖe ƒewuiviwo kple ame tsitsiwo siaa ŋu. (Galatiatɔwo 6:7) Womate ŋu atɔ kpɔ ɖe ɖeviwo ŋu ɖaa o. Gake ne viwò di be yeawɔ nane si menyo kura o hã ɖe? Esi wònye wò edzila dzie eƒe agba le ta la, ele be nàgblɔ nɛ be “Ao.” Eye togbɔ be àɖe nusiwo tae me nɛ hã la, mele be naneke natrɔ wò ao wòazu ẽ o. (Tsɔe sɔ kple Mateo 5:37) Gake dze agbagba nàgblɔ “Ao” la le tufafa kple ameŋububu me, elabena “nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu.”—Lododowo 15:1
17. Nyateƒe dedziƒoname siwo ku ɖe ƒewuiviwo ŋu dometɔ aɖewo ɖe?
17 Ehiã be sɔhɛwo naka ɖe edzi be hehe si toa mɔ ɖeka li ne menye ɣesiaɣie wolɔ̃na ɖe mɔxeɖenuwo kple sewo dzi o hã. Etia ame ne wotrɔa sewo kabakaba, le alesi dzila aɖe ƒe seselelãme le le ɣeyiɣi ma me nu. Gakpe ɖe eŋu la, ne ƒewuiviwo xɔ dzideƒo kple kpekpeɖeŋu si hiã be woatsɔ anɔ te ɖe heheɖemegbe le nuwɔwɔ me, ŋukpe, alo kakaɖedzimanɔamesi nui la, anɔ eme be woatsi ava azu ame likewo. Edzea ƒewuiviwo ŋu ne woɖe mɔ na wo le nusiwo me woka ɖe wo dzi le la ŋu na wo.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 35:3, 4; Luka 16:10; 19:17
18. Nukawoe nye ƒewuivi ƒe nuhiahiã aɖewo siwo gbɔ wòle be dzila nakpɔ?
18 Dzilawo ƒe dzi ate ŋu adze eme be woanyae be ne ŋutifafa, kelili, kple lɔlɔ̃ le ƒomea me la, zi geɖe la, etua ɖeviwo ƒe agbenɔnɔ ɖo. (Efesotɔwo 4:31, 32; Yakobo 3:17, 18) Ẽ, ɖevi geɖe ɖu nɔnɔme gbegblẽ siwo le wo ƒeme gɔ̃ hã dzi, togbɔ be ƒome siwo me ahamumu, tagbɔsesẽnuwɔwɔ, alo ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo le mee wotso hã, eye wotsi va zu ame nyuiwo. Eyata ne miena nɔnɔme siwo ana mia vi ƒewuiviwo nase le wo ɖokui me be yewole dedie le aƒea me eye wonya be woalɔ̃ yewo, woafa tu na yewo, eye woabu yewo ŋu—ne wotsɔ mɔxeɖenu kple tohehe siwo me ameŋububu le wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo nu kpe ɖe eŋu hã—la, anɔ bɔbɔe be woatsi azu amesiwo dzi miada ɖo.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 27:11
NE ÐEVIWO ÐO XAXA ME
19. Togbɔ be ele be dzilawo namlã vi ɖe mɔ si wòato nu hã la, agba kae le ɖevia ŋutɔ dzi?
19 Dzilawo ƒe vihehe nyui hea tɔtrɔ vɛ godoo. Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” Ke ɖevi siwo ŋu kuxi sesẽwo le togbɔ be wo dzilawo trɔ asi le wo ŋu kpem hã ɖe? Ðe wòate ŋu adzɔ alea? Ẽ. Ele be míatsɔ mawunyakpukpui bubu siwo te gbe ɖe ɖevi ƒe agbanɔamedzi be ‘wòaɖo to’ eye wòabu edzilawo dzi la ƒe gɔmesese ase lododo la me nyawo mee. (Lododowo 1:8) Ele be dzilaa kple ɖevia siaa nawɔ dɔ aduadu le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe me hafi ɖekawɔwɔ nanɔ ƒomea me. Ne dzilawo kple ɖeviwo mewɔ dɔ ɖekae o la, kuxiwo anɔ anyi.
20. Ne nuwɔwɔ nuŋumabumabui na ɖeviwo da vo la, nunyanu kae wòle be dzilawo nawɔ?
20 Aleke wòle be dzilawo nawɔ nui ne wo vi ƒewuivi aɖe da vo eye wòge ɖe xaxa me? Ke ɖevia hiã kpekpeɖeŋu etɔxɛe. Ne dzilawo ɖo ŋku edzi be ɖevi makpɔnuteƒee wònye la, anɔ bɔbɔe na wo be woalé wo ɖokui be womawɔ nusi gbɔ eme o. Paulo xlɔ̃ nu ame tsitsi siwo le hamea me be: “Ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” (Galatiatɔwo 6:1) Dzilawo ate ŋu azã mɔnu sia ke ne wole nu wɔm ɖe ɖevi aɖe si nuŋumabumabu nyui na wòwɔ vodada ŋu. Togbɔ be dzilawo aɖe nusitae nusi ɖevia wɔ menyo o me nɛ kple alesi wòaxe mɔ ɖe vodada ma wɔwɔ ake nu me nɛ hã la, ele be dzilawo nana eme nakɔ nɛ be nɔnɔme gbegblẽ lae menyo o, ke menye eya ɖeviae o.—Tsɔe sɔ kple Yuda 22, 23
21. Le Kristo-hamea ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, aleke wòle be dzilawo nawɔ nui ne wo viwo wɔ nuvɔ̃ gã aɖe?
21 Ke ne nu gbegblẽ si ɖevia wɔ nye ŋkubiãnya gã ɖe? Le ema gome la, ke ɖevia hiã kpekpeɖeŋu tɔxɛ kple mɔfiafia si me aɖaŋudzedze le. Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ si nye ŋkubiãnya le hamea me la, wodea dzi ƒo nɛ be netrɔ dzime eye wòate ɖe hamemegãwo ŋu bene woakpe ɖe eŋu. (Yakobo 5:14-16) Ne enya trɔ dzime ko la, hamemegãwo kpena ɖe eŋu be wòagaɖo eƒe nɔnɔ le gbɔgbɔ me. Le ƒomea me la, dzilawo dzie kpekpe ɖe ƒewuivi si da vo ŋu ƒe agba la le, togbɔ be ahiã be woaƒo nu tso nya la ŋu na hamemegãwo hã. Mele kura be woaɣla nuvɔ̃ si nye ŋkubiãnya si wo vi aɖe wɔ la ɖe hamemegãwo ƒe ha la o.
22. Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, nɔnɔme kae dzilawo adze agbagba be yewoana wòanɔ anyi ne wo vi wɔ vodada gã aɖe?
22 Ne kuxi sesẽ aɖe ku ame ƒe vi la, enyea nu sesẽ ŋutɔ. Esi dzilawo tɔtɔ le susu me ta la, awɔ na wo be yewoado ŋɔdzi na ɖevi dzeaglã la dzikutɔe; gake dziku koe nusia wɔwɔ ado nɛ. Miɖo ŋku edzi be ɖevi sia ƒe etsɔme ate ŋu anɔ te ɖe alesi miewɔ nu ɖe eŋui le ɣeyiɣi sesẽ sia me dzi. Migaɖo ŋku edzi hã be Yehowa lɔ̃ faa be yeatsɔ ake yeƒe dukɔ la esime wotra mɔ tso nudzɔdzɔewɔwɔ gbɔ—ne woalɔ̃ atrɔ dzime ko. Mise eƒe nya siwo me lɔlɔ̃ le ɖa: “Yehowa be: Miva mídrɔ̃ ʋɔnu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wobiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.” (Yesaya 1:18) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na dzilawo!
23. Ne ɖevi aɖe wɔ nuvɔ̃ gã aɖe la, aleke wòle be dzilawo nawɔ nui, eye nukae mele be woawɔ o?
23 Eyata midze agbagba miade dzi ƒo na ɖevi dzeaglã la be wòatrɔ eƒe agbenɔnɔ. Midi aɖaŋuɖoɖo nyuiwo tso dzila kple hamemegã siwo kpɔ nuteƒe gbɔ. (Lododowo 11:14) Midze agbagba be miagatso kpata nuŋumabumabui agblɔ nya alo awɔ nusiwo ana be wòasesẽ na mia via be wòatrɔ ɖe mia ŋu o. Mitsri dɔmedzoe kple dziku helĩhelĩ si womate ŋu alé avui o dodo. (Kolosetɔwo 3:8) Migana ta enumake o. (Korintotɔwo I, 13:4, 7) Togbɔ be mielé fu nugbegblẽwɔwɔ hã la, migasẽ tame le mia via ŋu alo akpɔ dziku ɖe eŋu helĩhelĩ o. Vevietɔ wu la, ele be dzilawo nadze agbagba vevie aɖo kpɔɖeŋu nyui eye woana woƒe Mawu dzixɔse me nasẽ.
NUWƆWƆ ÐE AMESI BUA DZE AGLÃ ŊU
24. Nublanuinya kae dzɔna ɣeaɖewoɣi le Kristotɔwo ƒe ƒome me, eye aleke wòle be dzila nawɔ nu ɖe eŋui?
24 Ɣeaɖewoɣi la, edzena kɔte be ɖevi aɖe ɖoe kplikpaa dze aglã eye wògbe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo kura. Ke ele be fifia woatrɔ susu ɖe ƒomea me tɔ susɔeawo ƒe agbenɔnɔ tutuɖo alo nana be woayi edzi alé alesi wole me ɖe asi ŋu. Kpɔ nyuie be màgatrɔ wò susu katã ɖe vi dzeaglã la ŋu ale be nàgblẽ ɖevi mamleawo ɖi o. Le esi nàdi be yeaɣla kuxia ɖe ƒomea me tɔ susɔeawo teƒe la, ƒo nu tso nya la ŋu kple wo va ɖo afisi dze eye nàwɔe le kakaɖedzinamemɔ nu.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:18
25. (a) Le Kristo-hamea ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, aleke wòate ŋu ava hiãe be dzilawo nawɔ nui ne ɖevi aɖe ɖoe kplikpaa be aglã ko dze ge yele? (b) Nukae wòle be nenɔ susu me na dzilawo ne wo vi aɖe dze aglã?
25 Apostolo Yohanes gblɔ le hamea me tɔ dzeaglã aɖe si ŋu mɔkpɔkpɔ megale o ŋu be: “Migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o.” (Yohanes II, 10) Ðewohĩ dzilawo akpɔe be ehiã be yewoaɖe afɔ ma tɔgbe ke ɖe yewo ŋutɔ yewo vi ŋu ne etsi ɖo afisi wòate ŋu anɔ eɖokui si le le se nu eye wòdze aglã kura. Togbɔ be asesẽ ŋutɔ eye wòanye dzigbãnya hã la, ehiãna ɣeaɖewoɣi be woaɖe afɔ ma atsɔ akpɔ ƒomea me tɔ susɔeawo tae. Miaƒe aƒemetɔwo hiã miaƒe takpɔkpɔ kple dzikpɔkpɔ si ayi edzi ɖaa. Eyata miyi edzi miana agbenɔnɔ ŋuti seɖoƒe ƒe se siwo me kɔ ƒã, gake ameŋububu le wo me la nanɔ anyi. Miɖo dze kple ɖevi susɔeawo. Mitsɔ ɖe le woƒe agbagbadzedze le suku kple hamea me la me. Mina woanya hã be togbɔ be yewomelɔ̃ ɖe ɖevi dzeaglã la ƒe nuwɔnawo dzi o hã la, menye eya ɖevia ŋutɔe yewolé fui o. Mitsi tre ɖe zɔzɔme gbegblẽa ŋu, menye ɖe ɖevia ŋu o. Esi Yakob viŋutsu eve he fuléle va ƒomea dzi le woƒe ŋutasesẽnuwɔwɔ ta la, woƒe dziku sesẽae Yakob ƒo fi de, menye ɖeviawo ŋutɔ o.—Mose I, 34:1-31; 49:5-7
26. Nukae ate ŋu anye akɔfafa na dzila siwo dze agbagba wɔ wo tɔ sinu ne wo viwo dometɔ ɖeka dze aglã?
26 Ðewohĩ awɔ na wò be ye gbɔe nusi dzɔ ɖe ƒomea dzi tso. Gake ne ètsɔ gbedodoɖa wɔ nusianu si nàte ŋui eye nèwɔ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi alesi nàte ŋui la, ke mehiã be nàbu fɔ ɖokuiwò madzemadzee o. Na nyateƒenya si wònye be ame aɖeke mate ŋu anye dzila deblibo o, gake èdze agbagba be yeanye dzila nyui la nafa akɔ na wò. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 20:26) Enyea dzigbãnya gã aɖe be ƒomea me tɔ aɖe nadze aglã kura, gake ne edzɔ ɖe dziwò la, ka ɖe edzi be Mawu ase eme eye magblẽ esubɔla siwo tsɔ wo ɖokui ke la ɖi gbeɖe o. (Psalmo 27:10) Eyata ɖoe kplikpaa be nàna wò aƒeme nanɔ dedie eye wòanye gbɔgbɔmebebeƒe na ɖevi susɔeawo.
27. Nukae vi dzeaglã ƒe dzilawo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na ɣesiaɣi ne woɖo ŋku vi nudomegblẽla la ƒe lododoa dzi?
27 Hekpe ɖe eŋu la, mele be nàbu mɔkpɔkpɔ gbeɖe o. Agbagba siwo nèdze do ŋgɔ le hehe si sɔ nana me ate ŋu ava wɔ dɔ ɖe ɖevi tramɔ la ƒe dzi dzi eye wòana wòanyɔ le eɖokui me mlɔeba. (Nyagblɔla 11:6) Nusi dzɔ ɖe Kristotɔwo ƒe ƒome geɖe dzi la sɔ kple tɔwò, eye wo dometɔ aɖewo kpɔe wo vi dzegowo trɔ gbɔ, esi sɔ kple fofo si le Yesu ƒe vi nudomegblẽla ŋuti lododoa me tɔ. (Luka 15:11-32) Nu ma ke ate ŋu ava eme na wò.