INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 8 axa 90-102
  • Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AMEKAE AFIA NU MIA VIWO?
  • MAWU ƑE SUSU LE GBƆDƆDƆ ŊU
  • AƑEMEDƆDASI SIWO LE DZILAWO DZI
  • MIA VIWO XƆLƆ̃WO
  • MODZAKA KA ƑOMEVIE WOAÐE?
  • MIAƑE ƑOMEA ATE ŊU AÐU XEXEAME DZI
  • Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Dzilawo Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 8 axa 90-102

TA ENYI

Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me

Nɔnɔmetata si le axa 91

1-3. (a) Afikawoe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo dina be yewoahe ƒomea de afɔku me la tsona? (b) Dadasɔ kae dzilawo hiã le woƒe ƒomea takpɔkpɔ me?

ÈDI be yeakplɔ ye vi sue la ayi sukui, evɔ tsi gã aɖe le dzadzam. Aleke nàwɔ? Ðe nàna wòadze eme kple du tsimewu madomadoea? Alo ɖe nàlɔ awuwo ado nɛ ale gbegbe be zɔzɔ gɔ̃ hã nazu dɔ nɛa? Míenya be màwɔ nusiawo dometɔ aɖeke o. Awu si ana eŋuti nanɔ ƒuƒui koe nàdo nɛ.

2 Le mɔ ma tɔgbe ke nu la, ele be dzilawo nada asɔ le woƒe ƒomea takpɔkpɔ tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi siwo tsoa teƒe geɖe vaa wo dzi la me—tso modzakaɖelawo, nyatakakanalawo, kple wo hatiwo gbɔ, kpakple ɣeaɖewoɣi tso sukuwo gɔ̃ hã gbɔ. Dzila aɖewo medzea agbagba boo aɖeke be yewoakpɔ yewoƒe ƒomea ta o alo womedzea ɖeke kura gɔ̃ hã o. Esi bubuwo hã susui be ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe kloe si tso gbɔme gblẽa nu le ame ŋu ta la, woxea mɔ ɖe nu nu ale gbegbe be wòwɔna na ɖeviawo abe ɖe wona gbɔgbɔtsixe tsi wo ƒo ene. Ðe wòanya wɔ be woada asɔ le nusiawo mea?

3 Ẽ, anya wɔ. Nusi tso eme wɔwɔ maɖe vi o eye ate ŋu ahe afɔku vɛ hã. (Nyagblɔla 7:16, 17) Gake aleke Kristotɔ dzilawo awɔ anya be yewoda sɔ le yewoƒe ƒomewo takpɔkpɔ me? De ŋugble le eƒe akpa etɔ̃ ŋu kpɔ: sukudede, hadede, kple modzakaɖeɖe.

AMEKAE AFIA NU MIA VIWO?

4. Aleke wòle be Kristotɔ dzilawo nabu sukudedee?

4 Kristotɔ dzilawo dea asixɔxɔ gã aɖe hehexɔxɔ ŋu. Wonya be sukudede kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woanya nuxexlẽ, nuŋɔŋlɔ, kple nuƒoƒo na ame, eye be woakpɔ kuxiwo gbɔ. Ele be wòakpe ɖe wo ŋu woanya alesi wosrɔ̃a nui hã. Ŋutete siwo sua ɖeviwo si le suku ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzedze togbɔ be kuxi sesẽwo bɔ ɖe xexeame egbea hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hehexɔxɔ nyui ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woƒe dɔwɔwɔ nanyo ɖe edzi wu.—Lododowo 22:29.

5, 6. Aleke ɖeviwo ate ŋu ase gbɔdɔdɔ ŋu nya totrowo le sukui?

5 Gake sukudede naa ɖeviwo dea ha kple ɖevi bubuwo hã—amesiwo dometɔ geɖe ƒe nukpɔsusu tro. Le kpɔɖeŋu me, bu woƒe nukpɔsusuwo le gbɔdɔdɔ kple agbenyuinɔnɔ ŋu kpɔ. Le sɛkɛndri suku aɖe me le Nigeria la, nyɔnuvi gbegblẽ aɖe si nɔa ŋutsuviwo dzi tsam la nɔa gbɔdɔdɔ ŋuti ɖaŋu ɖom na etɔ sukuviwo. Wokea to senɛ nɛ ŋutɔ, togbɔ be bometsinya siwo wòxlẽ le agbegbegblẽnɔnɔgbalẽwo me sɔŋ ye bɔna ɖe nya siwo wòdona ɖa me gake. Nyɔnuviawo dometɔ aɖewo te eƒe aɖaŋuɖoɖoa kpɔ. Nyɔnuvi ɖeka to eme fɔ gbɔmeyafu eye wòku esi eya ŋutɔ nɔ fua ɖem.

6 Nublanuitɔe la, menye ɖeviwo gbɔe gbɔdɔdɔ ŋuti nufiafia dadaawo dometɔ aɖewo tsona o, nufialawo boŋ gbɔe. Ne sukuwo fia gbɔdɔdɔ ŋu nyawo ɖeviwo gake womegblɔ agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple agbanɔamedzi si le eme ya na wo o la, dzila geɖe meganyana alesi woawɔ o. Nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe dada gblɔ be: “Míele nuto si me tɔwo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ŋutɔ eye wonɔa agbe abe tsãtɔwo ene la me, gake wole kɔndɔm mãm na ɖeviawo le suku kɔkɔ si le mía gbɔ la ŋutɔ me!” Wo kple srɔ̃a wotsi dzi ŋutɔ esi wose be ŋutsuvi siwo nye wo vinyɔnuvia hatiwo la le ahiã dimee. Aleke dzilawo awɔ akpɔ woƒe ƒomea ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siawo me?

7. Mɔ kae anye nyuitɔ si dzi woato atsi gbɔdɔdɔ ŋu nya totrowo nu?

7 Ðe wòanye takpɔkpɔ nyuitɔ na ɖeviawo be womagagblɔ nya aɖeke si ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu kura woase oa? Ao. Enyo wu boŋ be wò ŋutɔ nàfia nu viwòwo tso gbɔdɔdɔ ŋu. (Lododowo 5:1) Nyateƒee, le Europa kple Dziehe Amerika ƒe teƒe aɖewo la, dzila geɖe medina be yewoaƒo nu le nya sia ŋu o. Nenema ke le Afrika-dukɔ aɖewo me hã, ƒã hafi dzilawo ƒoa nu le nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu kple wo viwo. Vifofo aɖe si le Sierra Leone gblɔ be: “Menye Afrikatɔwo ƒe dekɔnu be woafiae o.” Ewɔna na dzila aɖewo be ne yewofia nu le nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu ɖeviwo la, anye togbegblẽ na wo si awɔe be woanɔ agbe gbegblẽ! Gake nukae nye Mawu ƒe susu le eŋu?

MAWU ƑE SUSU LE GBƆDƆDƆ ŊU

8, 9. Gbɔdɔdɔ ŋu nya nyui kawoe le Biblia me?

8 Biblia na wòdze kɔte be ŋukpe aɖeke mele nuƒoƒo le nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la ŋuti le nɔnɔme si sɔ me o. Wogblɔ na Mawu ƒe amewo le Israel be woaƒo ƒu ne woaxlẽ Mose ƒe Sea na wo woase, wo ‘viwo’ hã nakpe ɖe wo ŋu. (Mose V, 31:10-12; Yosua 8:35) Wogblɔ nu geɖe siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu wo maɣlamaɣlae, siwo dometɔ aɖewoe nye dzinukpɔkpɔ, tsinyenye, matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ, ƒometɔ kekeake gbɔ dɔdɔ, kpakple lãwo gbɔ dɔdɔ le Sea me. (Mose III, 15:16, 19; 18:6, 22, 23; Mose V, 22:22) Ðikekemanɔmee la, ne woxlẽ nusiawo vɔ la, ele be dzilawo naɖe nu geɖe me na wo vi nyatabiaselawo.

9 Mawunyakpukpui aɖewo le Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta atɔ̃, ade, kple adrelia me siwo na dzilawo ƒe nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le tso afɔku siwo le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me ŋu. Kpukpui siawo fia be agbegbegblẽnɔnɔ ate ŋu adzro ame ɣeaɖewoɣi. (Lododowo 5:3; 6:24, 25; 7:14-21) Gake wofia be nu gbegblẽe wònye eye emetsonuwo gblẽa nu, eye woɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woatsri nuwɔna siwo kplɔa ame yia agbegbegblẽnɔnɔ mee. (Lododowo 5:1-14, 21-23; 6:27-35; 7:22-27) Gakpe ɖe eŋu la, wona vovototo si le agbegbegblẽnɔnɔ kple dzidzeme si le gbɔdɔdɔ ƒe vivisese le nɔnɔme nyuitɔ si woɖo nɛ, si nye le srɔ̃ɖeɖe me, dome la dze. (Lododowo 5:15-20) Nufiafia ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si dzilawo nasrɔ̃!

10. Nukatae mele be mawuvɔvɔ̃ ƒe sidzedze le gbɔdɔdɔnyawo ŋu fiafia ɖeviwo nahe wo de agbegbegblẽnɔnɔ me o?

10 Ðe nufiafia sia kplɔa ɖeviwo dea agbegbegblẽnɔnɔ mea? Kura o, ɖe Biblia fia nu boŋ be: “Nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.” (Lododowo 11:9) Ðe mèdi be yeaɖe ye viwo tso xexe sia me ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me oa? Vifofo aɖe gblɔ be: “Tso esime ɖeviawo nɔ sue ke la, míedze agbagba be míagblɔ nya siwo ku ɖe ŋutsu kple nyɔnuwo ŋu na wo abe alesi tututu nuwo le ene ŋumakpemakpee. Ena be ne wose ɖevi bubuwo le ŋutsu kple nyɔnuwo ŋu nya gblɔm la, womegadina be yewoabia eme se o. Nya vevi aɖeke mele eme si wotsɔ ɣla ɖe wo o.”

11. Aleke woate ŋu anɔ agbe me nya siwo dzi womekɔa nu le kplakplakpla o fiam ɖeviwo ɖe woƒe tsitsime nui?

11 Abe alesi míegblɔe le ta siwo do ŋgɔ me ene la, ele be woadze ŋutsu kple nyɔnuwo ŋuti nufiafia wo gɔme kaba. Ne èle alesi woyɔna ŋutilã ƒe akpa vovovoawo ŋkɔ fiam ɖevi suewo la, mègadzo kpo to woƒe vidzinuwo dzi abe ŋukpenuwoe wonye ene o. Yɔ woƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ na wo. Ne wole tsitsim la, ele vevie be woafia nu wo le vidzinuwo ƒe nu ɣaɣla nyenye kple nusiwo ŋu se le le ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome ŋu. Asɔ wu be dzila eveawo nafia ɖeviawo be ŋutinu tɔxɛwoe ŋutilã ƒe akpa siawo nye, eye le se nu la, mele be ame bubuwo naka asi wo ŋu alo woagblẽ wo ɖi woakpɔ o, eye mele be woaƒo nu le wo ŋu le mɔ madzemadze nu gbeɖegbeɖe o. Ne ɖeviawo le tsitsim la, ele be woana woanya alesi ŋutsu kple nyɔnu nɔa anyi kple wo nɔewo dzia vii. Kaka tɔtrɔ siwo vaa ŋutinuwo me le ƒewuiwo me nadze dzedze gɔme le woawo ŋutɔ ƒe ŋutinuwo ŋu la, ele be woanya nu tso tɔtrɔ siwo woanɔ mɔ kpɔm na ŋu nyuie xoxo. Abe alesi míegblɔe le Ta 5 lia me ene la, nufiafia sia ate ŋu akpɔ ɖeviwo ta tso wo gbɔ dɔdɔ sesẽe hã si me.—Lododowo 2:10-14.

AƑEMEDƆDASI SIWO LE DZILAWO DZI

12. Nukpɔsusu totro kawoe wofiana le sukuwo zi geɖe?

12 Ele be dzilawo nanɔ ŋudzɔ ɖe aʋatsonu bubu siwo woafia le suku hã ŋu—xexemenunyawo, abe amedzɔtsolãme, dukɔmevinyenye, alo dzixɔse si nye be naneke meli si woagblɔ be enye nyateƒe akuakua o ene. (Korintotɔwo I, 3:19; tsɔe sɔ kple Mose I, 1:27; Mose I, 26:1; Yohanes 4:24; 17:17.) Sukumegã geɖewo tsɔa susu nyui dea asixɔxɔ si gbɔ eme sukudede yi ŋgɔe ŋu. Togbɔ be ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe sukudede yi ŋgɔ kpee nye hã la, nufiala aɖewo gblɔna be eya ko dzie woato akpɔ dzidzedze le nusianu si woawɔ me.a—Psalmo 146:3-6.

13. Aleke woawɔ akpɔ ɖevi siwo le suku dem ta tso susu gbegblẽwo me?

13 Bene dzilawo nate ŋu axe mɔ na nufiafia masɔmasɔwo alo nufiafia totrowo la, ele be woanya nusi tututu wole wo viwo fiam. Eyata dzilawo, nenɔ susu me na mi be aƒemedɔdasi le miawo hã mia dzi! Mitsɔ ɖe le mia viwo ƒe sukudede me anukwaretɔe. Miɖo dze kple wo ne wogbɔ tso suku. Mibia nusi wole sɔsrɔ̃m, nusi doa dzidzɔ na wo wu, nusi wokpɔ be esesẽna na yewo wu. Milé ŋku ɖe dɔ siwo wode asi na wo be woava wɔ le aƒeme, woƒe nuŋlɔɖiwo, kple alesi wowɔ dɔ le dodokpɔ mee ŋu. Midze agbagba mianya woƒe nufialawo. Mina nufialaawo nanya be yewokpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm wole ŋu eye yewoadi be yewoakpe ɖe wo ŋu le mɔ ɖesiaɖe si yewoate ŋui nu.

MIA VIWO XƆLƆ̃WO

14. Nukatae wòle vevie be ɖevi siwo vɔ̃a Mawu nadze xɔ̃ nyuiwo?

14 “Afika koŋ ye nèsrɔ̃ nu ma tsoe?” Dzila nenie bia nya sia kpɔ esi nane si wo vi gblɔ alo wɔ tso dzika ƒo na wo, si womebu ɖe eŋu kura o? Eye aleke wòdzɔna zi geɖe be xɔ̃ yeye aɖe si wòdze le suku alo le nutoa me gbɔe wòtso? Ẽ, zɔhɛwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe mía dzi, míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33; Lododowo 13:20) Ðeviwo koŋ dzie hatiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔa dɔ ɖo wu. Womete ŋu kana ɖe wo ɖokui dzi tututu o eye ɣeaɖewoɣi la, didi be yewoadze yewo tɔwo ŋu alo be yewoƒe nu nawɔ dɔ ɖe wo dzi kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi ŋutɔ. Eyata aleke gbegbe wòle vevie nye si be woadze xɔ̃ nyuiwo!

15. Aleke dzilawo ate ŋu afia mɔ wo viwo le wo xɔlɔ̃wo tiatia mee?

15 Abe alesi dzila ɖesiaɖe nyae ene la, menye ɣesiaɣie ɖeviwo adze xɔ̃ nyuiwo o; wohiã mɔfiafia. Menye be woatia wo xɔlɔ̃wo na wo o. Ke boŋ esime wole tsitsim la, mifia alesi woawɔ ade vovototo nuwo me wo eye miakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ nɔnɔme siwo wòle be woabu nu xɔasiwoe le xɔlɔ̃wo ŋu adze sii. Nɔnɔme vevitɔe nye Yehowa lɔlɔ̃ kple nusi le dzɔdzɔe le eŋkume wɔwɔ. (Marko 12:28-30) Mifia wo be woalɔ̃ amesiwo ɖia anukware, nyoa dɔme, ʋua asi me, doa vevie nu, eye woade bubu amesiawo ŋu. Le ƒomenusɔsrɔ̃a me la, mikpe ɖe wo ŋu be woade dzesi nɔnɔme siawo le amesiwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu eye emegbe woade dzesi nɔnɔme mawo ke le ame bubuwo ŋu le hamea me. Miɖo kpɔɖeŋu na wo to dzidzenu mawo ke ŋudɔwɔwɔ le mia ŋutɔ mia xɔlɔ̃wo tiatia me.

16. Aleke dzilawo ate ŋu anɔ ŋku lém ɖe xɔ̃ siwo wo viwo dzena ŋui?

16 Mienya mia viwo xɔlɔ̃woa? Nukatae miana mia viwo nakplɔ wo ava aƒemee ne mianya wo o? Miate ŋu abia nusi ɖevi bubuwo susuna le wo xɔlɔ̃ siawo ŋu hã wo. Ðe wonya wo be wowɔa nuteƒea alo be wonɔa agbe eve? Ne wonɔa agbe eve la, ke mikpe ɖe mia viawo ŋu ne woade ŋugble le nusita hadede kple wo agblẽ nu le wo ŋu la ŋuti. (Psalmo 26:4, 5, 9-12) Ne miede dzesi tɔtrɔ manyomanyowo le mia via ƒe zɔzɔme, awudodo, nɔnɔme, alo nuƒoƒo ŋu la, ahiã be miaƒo nu nɛ tso exɔlɔ̃wo ŋu. Ate ŋu anye be mia via le ha dem kple exɔlɔ̃ aɖe si le egblẽm.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 34:1, 2.

17, 18. Tsɔ kpe ɖe nuxɔxlɔ̃ le ha vɔ̃wo dede ŋu ŋuti la, kpekpeɖeŋu nyui ka hãe dzilawo ate ŋu ana?

17 Gake hadede kple xɔlɔ̃ vɔ̃wo tsitsri fiafia mia viwo ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Mikpe ɖe wo ŋu be woadze nyuiawo. Vifofo aɖe gblɔ be: “Míedzea agbagba ɣesiaɣi be míakpɔ nu nyui si míatsɔ aɖo gbegblẽa teƒe. Eyata esi wodi tso mía vi si le suku be wòaƒo bɔl le sukua ƒe bɔlƒoha me la, mía kple srɔ̃nye míenɔ anyi kplii eye míedzro nusita manyo nenema o—le zɔhɛ yeye siwo wòava de ha kplii ta—la me kplii. Gake míedo susu ɖa be míadi ɖevi bubu aɖewo le hamea me eye míakplɔ wo katã yi bɔlƒoƒe ne woava ƒoe. Eye ema kpɔ nya la gbɔ nyuie.”

18 Dzila nyanuwo kpena ɖe wo viwo ŋu be woadze xɔ̃ nyuiwo eye emegbe be woase vivi le modzakaɖeɖe tuameɖowo me kple wo. Gake modzakaɖeɖenya sia ɖea fu na dzila geɖe.

MODZAKA KA ƑOMEVIE WOAÐE?

19. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe fia be menye nuvɔ̃ be ƒomewo nakpɔ dzidzɔ o?

19 Ðe Biblia tsi tre ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋua? Kura o! Biblia gblɔ be “nukoɣi li . . . eye ɣeɖuɣi li.”b (Nyagblɔla 3:4) Mawu ƒe amewo le blema Israel dzia ha ɖua ɣe, wowɔa fefewo, eye wotoa adzo. Yesu Kristo de srɔ̃ɖeŋkekenyui gã aɖe ɖuƒe, ede ‘kplɔ̃ gã aɖe’ si Mateo Lewi ɖo nɛ hã. (Luka 5:29; Yohanes 2:1, 2) Edze ƒã be menye dzidzɔmegblẽnamelae Yesu nye o. Megadzɔ gbeɖe be woabu nukoko kple fefe nuvɔ̃e le mia ƒeme o!

Nɔnɔmetata si le axa 99

Modzakaɖeɖe siwo wotia nyuie, abe ƒome sia ƒe mɔkekeɖuɖu le gbedzi ene, ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woasrɔ̃ nu atsi le gbɔgbɔ me

20. Nukae wòle be nenɔ susu me na dzilawo le ɖoɖowɔwɔ ɖe modzakaɖeɖe ŋu na ƒomea me?

20 Yehowa ye nye “dzidzɔ Mawu” la. (Timoteo I, 1:11, NW) Eyata ele be Yehowa subɔsubɔ nanye nusi ana woanɔ dzidzɔ kpɔm ale gbegbe, menye nusi agblẽ ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ le agbe me me o. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 16:15.) Le dzɔdzɔme nu la, dzidzɔ gbago kple ŋusẽ si woate ŋu azã le fefe kple modzakaɖeɖe me xɔa aƒe ɖe ɖeviwo me. Menye vivi koe wosena na modzakaɖeɖe si wotia nyuie o. Enye nusi me ɖeviwo srɔ̃a nu le hetsina le hã. Ƒomea ƒe ta ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana ƒomea ƒe nuhiahiã ɖesiaɖe, si me modzakaɖeɖe hã le, wo. Gake ehiã be wòada asɔ.

21. Afɔku kawoe le modzakaɖeɖe me egbea?

21 Le ‘ŋkeke mamle’ siawo siwo me xaxawo bɔ ɖo me la, ‘amesiwo lɔ̃a agbeɖuɖu wu esi woalɔ̃ Mawu’ bɔ fũ ɖe amegbetɔƒomea me, abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene. (Timoteo II, 3:1-5) Modzakaɖeɖe zu ame geɖe ƒe agbe me nu vevitɔ. Modzakaɖeɖe hamehame bɔ ale gbegbe be woate ŋu axɔ ɖe nusiwo le vevie wu teƒe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖea gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, ŋutasesẽnuwɔwɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple nuwɔna bubu siwo gblẽa nu le ame ŋu vevie fiana le egbe modzakaɖeɖewo dometɔ geɖe me. (Lododowo 3:31) Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖeviwo ta tso modzakaɖeɖe gbegblẽwo me?

22. Aleke dzilawo ate ŋu ahe wo viwoe be woawɔ nyametsotso siwo me nunya le le modzakaɖeɖe ŋu?

22 Ehiã be dzilawo naɖo seɖoƒewo kple mɔxenuwo ɖi. Gake tsɔ kpe ɖe eŋu la, ehiã be woafia alesi wo viwo awɔ akpɔ modzakaɖeɖe gbegblẽ adze sii kple alesi woanya modzakaɖeɖe alesinu gbɔ eme la wo. Nufiafia sia bia ɣeyiɣi kple kutrikuku. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe si si ŋutsuvi eve le de dzesii be ye viŋutsu tsitsitɔ va nɔ radiodɔwɔƒe yeye aɖe lém edziedzi. Eyata gbeɖeka esi vifofo sia ku ʋu yina dɔ me la, elé radiodɔwɔƒe ma. Ne ewɔ sẽ la, etɔna ŋlɔa ha aɖewo me nyawo dana ɖi. Emegbe eva nɔ anyi kple viaŋutsuviawo eye wòdzro nusi wòse la me kple wo. Ebia nukpɔsusubiabiawo wo, eye edze egɔme be “Nukae nye miaƒe susu?” eye wògbɔ dzi ɖi se woƒe ŋuɖoɖowo. Esi wozã Biblia tsɔ de ŋugble le nya la ŋu vɔ la, ɖeviawo lɔ̃ be yewomagalé radiodɔwɔƒe ma o.

23. Aleke dzilawo awɔ akpɔ wo viwo ta tso modzakaɖeɖe matuameɖowo me?

23 Kristotɔ dzila nyanuwo léa ŋku ɖe hadzidzi, television dzi wɔna, videokasɛt, nukokoedonamegbalẽ, video dzi fefe, kple sinima siwo doa dzidzɔ na wo viwo ŋu. Woléa ŋku ɖe nutata si le woƒe goa dzi, ha la me nyawo, kple nusi le kotoku si me wode woe dzi la ŋu, eye woxlẽa nusi nyadzɔdzɔgbalẽwo me numetotowo gblɔ le wo ŋu eye wokpɔa woƒe akpa aɖewo siwo woɖena kpuie le television dzi. “Modzakaɖeɖe” siwo wowɔ na ɖeviwo egbea la ƒe ɖewo tsoa dzika ƒo na ame geɖe. Amesiwo di be yewoakpɔ yewo viwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi makɔmakɔwo me la nɔa anyi kple woƒe ƒomea eye woƒoa nu tso afɔku siwo le wo me ŋu to Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, abe agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me nyatiwo ene, zazã me.c Ne dzilawo ɖo seɖoƒe matrɔmatrɔwo eye woƒe nyawo toa mɔ ɖeka eye susu le wo me la, viɖe nyuiwo dona tsoa eme zi geɖe.—Mateo 5:37; Filipitɔwo 4:5.

24, 25. Modzaka tuameɖo siwo ƒomewo ate ŋu aɖe ɖekae ƒomevi ƒe ɖewoe nye kawo?

24 Gake aʋa la ƒe akpa aɖe koe mɔxexe ɖe modzakaɖeɖe siwo gblẽa nu le ame ŋu nye. Ele be woakpɔ nu nyui atsɔ aɖo vɔ̃a teƒe, ne menye nenema o, vivivi la, ɖeviwo ate ŋu agbugbɔ ayi ɖe nugbegblẽwɔwɔ me. Kristotɔwo ƒe ƒome geɖe ɖoa ŋku modzaka gbogbo dodzidzɔname siwo woɖe ɖekae eye wose vivi na wo la dzi—modzakaɖetsaɖiɖi si me woyina ɖaɖua nu le gbedzi, tsaɖiɖi le gbedzi, mɔkekeɖuɖu le gbedzi, modzakaɖefefewo kple kamedefefewo wɔwɔ, mɔzɔzɔ aɖasrã ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo kpɔ. Ðewo kpɔe be nuxexlẽ sesĩe ɖekae be woatsɔ aɖe modzakae nye dzidzɔdonamenu kple akɔfaname gã aɖe. Ŋutinya ɖikokoewo alo ŋutinya viviwo gbɔgblɔ dzɔa dzi na ame bubuwo. Ame bubuwo hã to modzakaɖedɔwo vɛ wowɔna ɖekae, abe nukpakpa alo aɖaŋudɔ bubuwo wɔwɔ ene, kpakple haƒomɔ̃wo ƒoƒo, nutata, alo nusɔsrɔ̃ le Mawu ƒe asinudɔwo ŋu. Enyea takpɔkpɔ tso modzakaɖeɖe makɔmakɔwo me na ɖevi siwo srɔ̃ alesi woakpɔ dzidzɔ le modzakaɖeɖe siawo mee, eye wosrɔ̃nɛ be menye anyinɔnɔ naneke mawɔmawɔe be woaɖe modzaka na ame koe nye modzakaɖeɖe o. Zi geɖe la, ne wokpɔ gome le eme la, wosea vivi nɛ wu anyinɔnɔ anɔ ekpɔm ko.

25 Hadomekpekpewo hã ate ŋu anye modzakaɖeɖe ƒomevi aɖe si me viɖe le. Ne wokpɔ wo dzi nyuie eye womelolo akpa alo xɔ ɣeyiɣi akpa o la, woate ŋu ana mia viwo nase vivi na wo wu. Woate ŋu ana lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le hamea me la me nasẽ ɖe edzi.—Tsɔe sɔ kple Luka 14:13, 14; Yuda 12.

MIAƑE ƑOMEA ATE ŊU AÐU XEXEAME DZI

26. Nɔnɔme kae nye vevitɔ si ana woate ŋu akpɔ ame ƒe ƒome ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyowo me?

26 Ðikekemanɔmee la, miaƒe ƒomea takpɔkpɔ tso xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me bia kutrikuku geɖe. Gake nu ɖeka aɖe li si ana miakpɔ dzidzedze wu nu bubu ɖesiaɖe. Eyae nye lɔlɔ̃! Ƒomekadodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le ana miaƒe aƒeme nanye bebeƒe si le dedie eye wòana dzeɖoɖo si nye ametakpɔnu gã aɖe tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me la nanɔ anyi. Hekpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ ƒomevi bubu aɖe tutuɖo kura gale vevie wu—eyae nye lɔlɔ̃ na Yehowa. Ne lɔlɔ̃ sia xɔ aƒe ɖe ƒomea me la, anɔ bɔbɔe wu be ɖeviwo natsɔ fuléle nusi madze Mawu ŋu o wɔwɔ atsii eye womaɖe mɔ ɖe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu o. Eye dzila siwo lɔ̃a Yehowa tso dzime la adi be yewoasrɔ̃ eƒe amenyenye si nye lɔlɔ̃, ameŋububu, kple dadasɔ. (Efesotɔwo 5:1; Yakobo 3:17) Ne dzilawo wɔ nenema la, wo viwo mabui be nu gbogbo aɖewo siwo wogbe na yewo alo agbenɔnɔ si me dzidzɔkpɔkpɔ alo nukoko mele o, si nu woadi be yewoasi le kaba alesi yewoate ŋui, koe Yehowa subɔsubɔ nye o. Ke boŋ woakpɔe be agbenɔnɔ si me dzidzɔ kple vivisese le wu ɖesiaɖee tadedeagu na Mawu nye.

27. Aleke ƒomewo awɔ aɖu xexeame dzi?

27 Ƒome siwo nɔa anyi ɖekae le Mawu subɔsubɔ si da sɔ me, eye wodzea agbagba be yewoanɔ anyi “ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui” tso xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me la doa dzidzɔ na Yehowa. (Petro II, 3:14; Lododowo 27:11) Ƒome siawo dzea Yesu Kristo, amesi tsi tre ɖe Satana ƒe xexeame ƒe agbagbadzedze ɖesiaɖe be yeaƒo ɖii ŋu la ƒe afɔɖoƒewo yome. Esi Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi yina ɖe eƒe nuwuwu la, ete ŋu gblɔ be: “Nye la meɖu xexeame dzi.” (Yohanes 16:33) Neva eme be miaƒe ƒomea hã naɖu xexeame dzi bene miase vivi le agbe mavɔ nɔnɔ me tegbee!

a Hena numedzodzro le sukudede yi ŋgɔ kpee ŋuti la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 4-7.

b Woate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia na ‘nukoko’ la zazã le mɔ bubuwo nu gɔme be “fe,” “do nukokoe na ame,” “ɖu azã,” alo kura gɔ̃ hã be “se vivi na nu.”

c Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye taa wo.

ALEKE BIBLIA ME GƆMEÐOSE SIAWO ATE ŊU AKPE ÐE . . . MIA ŊU MIAKPƆ MIAƑE ƑOMEA TAE?

Sidzedze naa wodzea nunya, si ate ŋu alé ame ƒe agbe ɖe te.—Nyagblɔla 7:12.

“Xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ.”—Korintotɔwo I, 3:19.

Ele be woatsri hadede vɔ̃wo.—Korintotɔwo I, 15:33.

Togbɔ be modzakaɖeɖe ƒe wɔƒe li hã la, ele be woaɖo seɖoƒe nɛ.—Nyagblɔla 3:4.

MEBUI BE WOTE NU YE O

Kristotɔ dzila siwo nye Paul kple srɔ̃a Lu-Ann ɖoa kplɔ̃ le wo ƒeme ɣeaɖewoɣi. Wokpɔa egbɔ be yewokpɔ nuwo dzi nyuie le kplɔ̃ɖoɖoawo me eye be wole kpokploe. Esɔ be woka ɖe edzi be eɖea vi na yewo viwo.

Lu-Ann gblɔ be: “Vinyeŋutsuvi ƒe ade vi Eric ƒe sukuhati aɖe dada va gbɔnye va gblɔ nam be Eric ƒe nu wɔ nublanui na ye elabena eya ɖeɖe nɔ anyi eye mekpɔ gome le klass la ƒe dzigbezãɖukplɔ̃ɖoɖoawo me o. Megblɔ nɛ be: ‘Meda akpe gã aɖe na wò be ètsɔ ɖe le vinye me alea. Efia nu geɖe le amesi ƒomevi nènye ŋu. Eye ɖewohĩ ne megblɔ nya sia nya hã màxɔ edzi ase be Eric mebui be naneke to ye ŋu o.’ Elɔ̃ ɖe edzi. Eyata megblɔ be: ‘Eyata taflatse ɖee le susu me bene megaɖe fu na wò o eye wò ŋutɔ nàbia gbe Eric se kpɔ.’ Esi nyemenɔ anyi o la, ebia Eric be, ‘Meve wò be dzigbezãɖukplɔ̃ɖoɖo vivi siawo to ŋuwò oa?’ Ewɔ nɛ yaa wòkpɔ nyɔnua ƒe ŋkume dũ, eye wòbe: ‘Èsusu be miniti ewo, kpɔnɔ vivi ʋee mawo, kple hadzidziae nye kplɔ̃ɖoɖoa? Va mía ƒeme nàkpɔ kplɔ̃ɖoɖo ŋutɔŋutɔ ɖa!’” Dzonɔameme si ɖevia tsɔ ɖo nyaa ŋui tẽ la na eme kɔ ƒã​—⁠mebui be wote nu ye alo nane to ye ŋu o!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe