TA ASIEKE
Dzilaɖekaƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze!
1-3. Nukae na dzilaɖekaƒomewo va bɔ, eye dɔ kae wòwɔna ɖe amesiwo le eme dzi?
WOGBLƆ be dzilaɖekaƒomewoe nye “ƒome si tɔgbe le dzidzim ɖe edzi wu” le United States. Alea tɔgbe ke wòle le dukɔ bubu geɖe hã me. Srɔ̃gbegbe, ame srɔ̃ gbegblẽ ɖi, kaklã, kple gbɔmeyafu fɔfɔ siwo dzi ɖe edzi wu tsã la gblẽa nu le dzila kple ɖevi miliɔn geɖe ŋu vevie.
2 Vidada aɖe si nye dzila ɖekɛ ŋlɔ be: “Ahosi si xɔ ƒe 28 ye menye eye vi eve le asinye. Melé blanui ŋutɔ elabena nyemedi be manyi vinyewo wo fofo manɔmee o. Ewɔ abe ɖe ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam gɔ̃ hã o ene. Vinyewo kpɔam enuenu menɔa avi dzi eye esia gblẽa nu le wo ŋu.” Hekpe ɖe akɔkpekpe kple seselelãmewo abe dzikudodo, fɔbubuameɖokui, kple akogotsitsi ene ŋu la, dzila ɖekɛ akpa gãtɔ dzea ŋgɔ kuxi si nye dɔmedede kple aƒemedɔwo wɔwɔ. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Dzilaɖekɛnyenye le abe aɖaŋuwɔla si daa nu geɖe ɖe yame nɔa xexem ene. Ne èsrɔ̃e ɣleti ade la, nu geɖe dada ɖe yame anɔ xexem ava mã wò mlɔeba eye nàte ŋu axe bɔl ene zi ɖeka. Gake le ɣeyiɣi si me tututu nàte ŋu axe wo la, ame aɖe gada bɔl bubu na wò!”
3 Zi geɖe la, kuxi aɖewo nɔa anyi siwo kuna ɖe dzilaɖekaƒome me viwo koŋ ŋu. Ne dzila ɖeka dzo kpata alo ku la, ate ŋu adzɔ be woanɔ te ɖe seselelãme sesẽwo nu. Ewɔ abe dzila ɖeka ƒe anyimanɔmanɔ gblẽa nu le ɖevi geɖe ŋu vevie ɣeyiɣi didi aɖe ene.
4. Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔ ɖe le eme na dzilaɖekaƒomewo?
4 Dzilaɖekaƒomewo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Ŋɔŋlɔawo ƒo nu le “tsyɔ̃eviwo” kple “ahosiwo” ŋu zi geɖe. (Mose II, 22:21; Mose V, 24:19-21; Hiob 31:16-22) Yehowa Mawu meŋe aɖaba ƒu woƒe fukpekpewo dzi o. Hakpala la yɔ Mawu be enye “tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo.” (Psalmo 68:6) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa tsɔ ɖe le eme na dzilaɖekaƒomewo nenema ke egbea! Le nyateƒe me la, eƒe Nya la gblɔ gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be nu nadze edzi na wo.
AƑEMEDƆWO ƑE AME MAMÃ
5. Kuxi kae dzea ŋgɔ dzila ɖekɛwo gbã?
5 De ŋugble tso aƒedzikpɔkpɔdɔ la ŋu kpɔ. Nyɔnu aɖe si wo kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo gblɔ be: “Edzɔna zi geɖe be nàdi be ne ɖe ŋutsu li anye ne enyo, abe nenye be nane le ɖiɖim le wò ʋu te gake mènya nusi gbɔ wòtso o ene.” Ŋutsu siwo ƒe srɔ̃gbegbe alo wo srɔ̃ ƒe ku teƒe medidi o hã ate ŋu atɔtɔ nenema ke le aƒemedɔ gbogbo siwo wòle be woawɔ fifia ta. Le ɖeviwo gome la, tɔtɔ si le aƒea me ana woagasee le wo ɖokui me wu be nuwo meli ke o eye be yewomele dedie o.
Ðeviwo, mikpe asi ɖe mia dzila ɖekɛ la ŋu
6, 7. (a) Kpɔɖeŋu nyui kae “nyɔnu zazɛ̃” si ŋu Lododowo ƒo nu le la ɖo ɖi? (b) Aleke veviedodo nu le aƒemedɔwo wɔwɔ me kpena ɖe ame ŋu le dzila ɖeka ƒewo mee?
6 Nukae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu? De dzesi kpɔɖeŋu si “nyɔnu zazɛ̃” si ƒe nya wogblɔ le Lododowo 31:10-31 la ɖo. Dɔ siwo gbegbe wòwɔna la wɔ nuku ŋutɔ—nuƒeƒle, nudzadzra, nutɔtɔ, nuɖaɖa, anyigba alo aƒe ƒeƒle, agbledede, kple asinudɔwo wɔwɔ. Nukae kpe ɖe eŋu? Edoa vevie nu, ewɔa dɔ va ɖo zãtiƒe ke eye efɔna kaba ɖe eƒe dɔwo ŋu hã. Eye ewɔa nu ɖe ɖoɖo nu hã, edea dɔa ƒe ɖewo asi na ame bubuwo eye eya ŋutɔ tsɔa eƒe asi wɔa bubuwoe. Eyata mewɔ nuku be edze na kafukafu o!
7 Ne dzila ɖekɛe nènye la, ke lé fɔ ɖe wò aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu. Kpɔ dzidzɔ ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu, elabena esia wɔa akpa vevi aɖe le viwòwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzidzi ɖe edzi me. Gake ɖoɖowɔwɔ nyuie do ŋgɔ kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu le vevie. Biblia gblɔ be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lododowo 21:5) Vifofo aɖe si nye dzila ɖekɛ gblɔ be: “Nyemelɔ̃a nuɖuɖu ŋu bubu o vaseɖe esime dɔ va le wuyem hafi.” Gake nunyiame nɔa nuɖuɖu si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo me wu eye wòvivina wu esi wotsɔ dzitsitsi ɖae. Ahiã hã be nàsrɔ̃ aƒemedɔ bubuwo wɔwɔ. Tete ɖe xɔlɔ̃ siwo nya dɔ ŋu, mɔfiamegbalẽwo zazã, kple dɔnyala siwo lɔ̃ be yewoakpe ɖe ame ŋu ƒe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ kpe ɖe vidada dzila ɖekɛ aɖewo ŋu wote ŋu nya aŋɔsisi, pɔmpi kple ʋu ŋutidɔ siwo mesesẽ akpa o wɔwɔ.
8. Aleke ɖevi siwo le dzilaɖekaƒomewo me ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le aƒemee?
8 Ðe wòsɔ be woabia be ɖeviwo nakpe ɖe ame ŋua? Vidada dzila ɖekɛ aɖe ɖe nu me be: “Àdi be yeana dzila ɖeka ƒe anyimanɔmanɔ megate ɖe ɖeviawo dzi akpa o to nana be nuwo nanɔ bɔbɔe na wo me.” Eme akɔ nenema gake ɖewohĩ manye ɣesiaɣie wòaɖe vi na ɖeviawo o. Wode dɔ siwo sɔ asi na ɖevi mawuvɔ̃lawo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. (Mose I, 37:2; Hawo ƒe Ha 1:6) Eyata togbɔ be àkpɔ egbɔ be yemedo agba si wu tsɔtsɔ na ye viwo o hã la, nunya anɔ eme be nàde dɔ aɖewo asi na wo abe agbamekɔklɔ kple woawo ŋutɔ ƒe xɔ me dzadzraɖo ene. Nukatae miasɔ ɖe aƒemedɔ aɖewo ŋu awɔ o? Miase vivi nɛ ŋutɔ.
DƆWƆÐUINYA SESẼ LA
Zã ɣeyiɣi alesinu nàte ŋui ɖe viwòwo ŋu
9. Nukatae zi geɖe la, ganyawo ɖea fu na vinɔ siwo nye dzila ɖekɛwo?
9 Dzila ɖekɛ akpa gãtɔ kpɔnɛ be ganyawo ɖea fu na yewo, eye zi geɖe la, esẽna ŋutɔ na vinɔ siwo si srɔ̃ mele o.a Le dukɔ siwo me dziɖuɖua ƒe kpekpeɖeŋunamɔnuwo le la, anyo be woabia be woakpe ɖe yewo ŋu, ne eglo la, vaseɖe esime woate ŋu akpɔ dɔ aɖe anɔ wɔwɔm. Biblia ɖe mɔ na Kristotɔwo be woate ŋu azã mɔnuɖoɖo siawo ne ehiã. (Romatɔwo 13:1, 6) Kuxi siawo tɔgbe ke dzea ŋgɔ ahosiwo kple nyɔnu siwo wo srɔ̃wo gbe. Zi geɖe la, dɔ si ŋu fetu nyui aɖeke mele o koe ame geɖe siwo dzi nɔnɔmea zi be woagadi dɔ le esi wotsɔ ƒe geɖe kpɔ aƒe dzii vɔ megbe la kpɔna. Ame aɖewo dea dɔsrɔ̃sukuwo alo ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe hehexɔsukuwo tsɔ trɔa asi le woƒe nɔnɔmea ŋui.
10. Aleke vinɔ si nye dzila ɖekɛ ate ŋu aɖe nusita wòle be wòawɔ ŋutilãmedɔ me na viawoe?
10 Megawɔ nuku na wò ne wò dɔdidi medzɔ dzi na viwòwo o, eye mègabu fɔ ɖokuiwò hã o. Ðe nusita wòle be nàwɔ dɔ me na wo boŋ, eye nàkpe ɖe wo ŋu woase eme be Yehowa di tso asiwò be nàkpɔ wo dzi. (Timoteo I, 5:8) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva mãa ɖevi akpa gãtɔ. Gake dze agbagba nàzã ɣeyiɣi alesinu ŋu wò ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o ɖe mɔ ɖo la ɖe wo ŋu. Ðetsɔtsɔ le eme na wo lɔlɔ̃tɔe alea hã ate ŋu aɖe alesi ganyawo ƒe sesẽ ate ɖe ƒomea dzi la dzi akpɔtɔ.—Lododowo 15:16, 17.
AMEKAE LE NƆVIA DZI KPƆM?
Hamea megblẽa “ahosiwo” kple “tsyɔ̃eviwo” ɖi o
11, 12. Seɖoƒe kawo mee wòle be dzila ɖekɛwo nalé ɖe asi, eye aleke woate ŋu awɔe?
11 Esɔ le dzɔdzɔme nu be dzila ɖekɛwo kple wo viwo dome nanɔ kplikplikpli, gake ele be woakpɔ nyuie be seɖoƒe siwo Mawu ɖo be wòanɔ dzilawo kple ɖeviwo dome la me nagagblẽ o. Le kpɔɖeŋu me, kuxi sesẽwo ate ŋu ava ne vinɔ dzila ɖekɛ kpɔa viaŋutsu sinu be wòatsɔ ƒomea ƒe ta ƒe agbanɔamedziwo alo ne vianyɔnu va zu amesi wòtoa eƒe nyawo na, eye wòtsɔa eƒe nya ɣaɣlawo doa agba nɛ. Mesɔ be wòawɔ alea o, ate ɖe ɖevia dzi, eye ɖewohĩ wòana wòatɔtɔ.
12 Ka ɖe edzi na viwòwo be ye si nye wo dzilae akpɔ wo dzi—menye woawoe akpɔ ye dzi o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:14.) Ɣeaɖewoɣi la, àhiã aɖaŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu. Dii le Kristotɔ hamemegãwo alo ɖewohĩ Kristotɔ nyɔnu tsitsiwo gbɔ, menye tso viwò matsimatsiawo gbɔ o.—Tito 2:3.
TOHEHE NA WO
13. Kuxi kae vinɔ si nye dzila ɖekɛ ate ŋu ado goe le vihehe me?
13 Maɖe fu na ŋutsu ne wogblɔ le eŋu be ɖe eƒe asi sẽna ɖe vi ŋu o, gake aɖe fu na nyɔnuwo ya. Vinɔ si nye dzila ɖekɛ aɖe gblɔ be: “Vinyeŋutsuwo ƒe dzedzeme kple woƒe gbe le abe ŋutsu tsitsiwo tɔ ene. Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna be nàna magadze be ɖe mète ŋu tsoa nya me o alo be ɖe nègbɔdzɔ wu o.” Gakpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ ègale srɔ̃wò si ku le gbɔwò ƒe nu xam, alo ɖewohĩ anɔ wɔwɔm na wò alo anɔ dzi kum na wò be yee na yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me gblẽ. Ne se ɖe mɔ be ɖevia ate ŋu anɔ wò alo srɔ̃wò xoxoa gbɔ la, ɖewohĩ ànɔ vɔvɔ̃m be viwòa adi be yeanɔ ye srɔ̃ xoxoa boŋ gbɔ. Nusiawo ate ŋu ana wòasesẽ be nàhe to si da sɔ.
14. Aleke dzila ɖekɛwo awɔ woƒe susu nada asɔ le tohehe ŋu?
14 Biblia gblɔ be “ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15) Yehowa Mawu le megbe na wò le se siwo ku ɖe ƒomea ŋu dede kple egbɔkpɔkpɔ be woawɔ wo dzi me, eyata mègana fɔbubuameɖokui, vevesese, alo vɔvɔ̃ naɖu dziwò o. (Lododowo 1:8) Mègana ta le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me gbeɖe o. (Lododowo 13:24) Dze agbagba nàwɔ nusi me susu le, wò nuwɔnawo nato mɔ ɖeka ɣesiaɣi, eye nàtɔ afɔ to sesĩe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevi akpa gãtɔ azɔ ɖe wo dzi. Ke hã àdi kokoko be yeabu ye viwo ƒe seselelãmewo ŋu. Vifofo aɖe si nye dzila ɖekɛ aɖe gblɔ be: “Ele be matsɔ nugɔmesese akpe ɖe nye tohehe ŋu le nuteɖeamedzi si wo dada ƒe kuku le wo gbɔ nye na wo ta. Meɖoa dze kple wo ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa su asinye ko. Fiẽnuɖaɣiwoe nyea míaƒe dze veviwo ɖoɣi. Ɣemaɣie wogblɔa woƒe dzimenyawo nam.”
15. Nukae mele be dzila siwo gbe wo nɔewo nagblɔ ne wole nu ƒom tso wo srɔ̃ xoxoa ŋu o?
15 Ne ɖe miegbe mia nɔewo la, maɖe vi aɖeke be nànɔ srɔ̃wò xoxoa ŋu gblẽm o. Enyea vevesese na ɖeviwo be yewo dzilawo nanɔ dzre wɔm eye mlɔeba la, ana womagabu mia dometɔ aɖeke o. Eyata mèganɔ nya veveewo abe, “Tɔwò ƒe kɔe nètsɔ!” ene, gblɔm na wo o. Nuka ke srɔ̃wò xoxoa wɔ wò va yi o, eya koe nye viwòwo, amesiwo hiã dzila eveawo ƒe lɔlɔ̃, ŋkuléleɖeŋu, kple amehehe la, fofo alo wo dada.b
16. Gbɔgbɔmenuwo ŋuti ɖoɖo kawoe wòle be wòanye hehenana si ŋudɔ woawɔ edziedzi le dzila ɖekɛwo ƒe aƒewo me ƒe akpa aɖe?
16 Abe alesi míegblɔe le ta siwo va yi me ene la, vimamlã kple nufiafia nye amehehe ƒe akpa aɖewo, menye tohehe na wo ɖeɖeko o. Woate ŋu axe mɔ ɖe kuxi geɖe nu ne wowɔna ɖe gbɔgbɔmememamlã ƒe ɖoɖowɔɖi nyui dzi. (Filipitɔwo 3:16) Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖe ɖoɖo nu hiã vevie. (Hebritɔwo 10:24, 25) Nenema ke nye ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kwasiɖa sia kwasiɖa hã. Nyateƒee, nusɔsrɔ̃ sia wɔwɔ edziedzi mele bɔbɔe o. Vinɔ aɖe si doa vevie nu gblɔ be: “Ne èkpã tso ŋkekea ƒe dɔwo wɔwɔ me vɔ la, nyateƒe, àdi be yeagbɔ ɖe eme. Gake medzrana ɖo le susu me be masrɔ̃ nu kple vinyenyɔnu, elabena menya be dɔ si wòle be mawɔe wònye. Míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a vivia enu ŋutɔ!”
17. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso hehe nyui si Paulo ƒe zɔhɛ Timoteo xɔ me?
17 Edze abe anye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ Timoteo dada kple mamaa ye na Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋuti hehee ene—ke edze abe menye fofoa ye o ene. Ke hã Kristotɔ nyui ka gbegbe nye si Timoteo va zu! (Dɔwɔwɔwo 16:1, 2; Timoteo II, 1:5; 3:14, 15) Wò hã àte ŋu akpɔ mɔ be nu nyuiwo ado tso eme ne èdze agbagba he viwòwo le ‘Yehowa ƒe amehehe kple asitɔtrɔ le tamesusu ŋu’ me.—Efesotɔwo 6:4.
ALESI NÀÐU AKOGOTSITSI ƑE AƲA LA DZII
18, 19. (a) Nukawo mee dzila ɖekɛwo ƒe akogotsitsi adze le? (b) Aɖaŋu kae woɖo be woatsɔ aɖu ame ƒe ŋutilãmenudzodzrowo dzii?
18 Dzila ɖekɛ aɖe fa konyi be: “Ne megbɔ va aƒeme va kpɔe be nye ɖeɖekoe li, vevietɔ ne ɖeviawo mlɔ anyi vɔ la, akogotsitsi ɖea fu nam ale gbegbe.” Nyateƒee, zi geɖe la, akogotsitsi ye nyea dzila ɖekɛwo ƒe kuxi gãtɔ kekeake. Esɔ le dzɔdzɔme nu be srɔ̃ɖeɖe me hadede si me vivisese le kple srɔ̃tɔwo ƒe anyinɔnɔ kple wo nɔewo nadzro ame vevie. Gake ɖe wòle be woadze agbagba be woakpɔ kuxi sia gbɔ godogodoa? Le apostolo Paulo ƒe ŋkekeawo me la, ɖetugbi siwo nye ahosiwo dometɔ aɖewo ɖe mɔ ‘woƒe gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo va tso wo kple Kristo dome.’ (Timoteo I, 5:11, 12) Mɔɖeɖe be ŋutilãmenudzodzrowo naɖu gbɔgbɔmenuwo dzi agblẽ nu le ame ŋu.—Timoteo I, 5:6.
19 Kristotɔ ŋutsu aɖe gblɔ be: “Gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nu sẽ ŋutɔ, gake àte ŋu aɖu wo dzi. Ne susu aɖe va tame na wò la, mele be nàbu eŋu o. Ele be nàɖee ɖa. Ne èbua viwò ŋu hã ekpena ɖe ame ŋu.” Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: ‘Miwu miaƒe ŋutinuwo le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo gome.’ (Kolosetɔwo 3:5) Ne èle agbagba dzem be yeatsi alesi nuɖuɖu aɖe le ye dzromee nu la, ɖe nànɔ agbalẽ siwo me nuɖuɖu viviwo ƒe fotowo le xlẽma, alo ɖe nànɔ ha dem kple amesiwo nɔa nuɖuɖu ŋu nya gbɔgblɔ dzia? Kura o! Nenema ke wòle le ŋutilãmenudzodzrowo hã gome.
20. (a) Afɔku kae de xa ɖi na amesiwo dia dzimaxɔsetɔwo be yewoaɖe? (b) Aleke ƒe alafa gbãtɔ me dzila ɖekɛwo kple egbe tɔwo wɔ ɖu akogotsitsi dzi?
20 Kristotɔ aɖewo va nɔ zɔzɔm kple dzimaxɔsetɔwo kple susu be yewoaɖe wo. (Korintotɔwo I, 7:39) Ðe ema kpɔ woƒe kuxia gbɔa? Ao. Kristotɔ nyɔnu aɖe si wo kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo la xlɔ̃ nu be: “Nu ɖeka aɖe li si vɔ̃ɖi sã wu trenɔnɔ. Eyae nye amesi mele be nàɖe o ɖeɖe!” Ðikekemanɔmee la, akogotsitsi do nuƒo na ƒe alafa gbãtɔ me hosiwo, gake wo dometɔ siwo nye nunyalawo nɔ dɔ dzi to ‘amedzrowɔwɔ, afɔkɔklɔ na ame kɔkɔewo, kple kpekpe ɖe amesiwo le xaxa me ŋu’ me. (Timoteo I, 5:10) Kristotɔ nuteƒewɔla siwo lala ƒe geɖe be yewoakpɔ srɔ̃ si vɔ̃a Mawu aɖe hã nɔa dɔ dzi nenema ke. Kristotɔ ahosi aɖe si xɔ ƒe 68 la yina ɖasrãa ahosi bubuwo kpɔ ɣesiaɣi si wòse le eɖokui me be yetsi akogo. Egblɔ be: “Mekpɔ be sasrãkpɔ siawo, nye aƒemedɔwo wɔwɔ kple beléle na nye gbɔgbɔmemenyenye na be ɣeyiɣi meganɔ anyi si me matsi akogo le o.” Nufiafia amewo le Mawu Fiaɖuƒea ŋu nye dɔ nyui aɖe si ɖea vi etɔxɛe.—Mateo 28:19, 20.
21. Mɔ ka nue gbedodoɖa kple hadede nyui akpe ɖe ame ŋu le be woaɖu akogotsitsi dzi?
21 Nyateƒee, naneke meli si ɖea akogotsitsi ɖa zi ɖeka o. Gake woate ŋu ado eƒe dzi le Yehowa ƒe ŋusẽ me. Ŋusẽ sia sua Kristotɔ si ne ‘enɔa kukuɖeɖewo kple gbedodoɖawo dzi zã kple keli.’ (Timoteo I, 5:5) Kukuɖeɖewo nye nubiabia kple moveviɖoɖo, ẽ, biabia vevie be woakpe ɖe ame ŋu, ɖewohĩ kple ɣlidodo sesĩe kpakple aɖatsiwo. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 5:7.) Vavãe, wò dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa “zã kple keli” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gakpe ɖe eŋu la, ha tuameɖowo dede ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si me nètsia akogo la ƒe akpa gã aɖe. Woate ŋu ase dzideƒo ‘nya nyui’ siwo ŋu Lododowo 12:25 ƒo nu le la le hadede nyuiwo me.
22. Nukawo ŋu bubue akpe ɖe ame ŋu ne ɣeaɖewoɣi wosena le ame ɖokui me be wotsi akogo?
22 Ne akogotsitsi ɖea fu na wò ɣeaɖewoɣi—abe alesi womagbe fuɖeɖe na wòe o ene—la, ke ɖo ŋku edzi be kuxi megbea ame aɖeke ŋu nɔnɔ o. Le nyateƒe me, ‘nɔviwòwo ƒe habɔbɔ blibo la katã’ kpea nu vovovowo ƒe fu. (Petro I, 5:9) Mèganɔ alesi nuwo nɔ tsã ŋu bubu dzi o. (Nyagblɔla 7:10) Bu viɖe siwo nèle kpɔkpɔm la ŋu. Ƒo wo katã ta la, ɖoe kplikpaa be nàlé wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi goŋgoŋ eye be nàdo dzidzɔ na eƒe dzi.—Lododowo 27:11.
KPEKPEÐEŊU SI AME BUBUWO ATE ŊU ANA
23. Dzila ɖekɛ siwo le hamea me ƒe agba kae le hati Kristotɔwo dzi?
23 Hati Kristotɔwo ƒe ameléleɖete kple kpekpeɖeŋu hiã ale gbegbe. Yakobo 1:27 gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.” Ẽ, enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woakpe ɖe dzilaɖekaƒomewo ŋu. Mɔ siwo nu woate ŋu awɔe le ŋutɔŋutɔ dometɔ aɖewo ɖe?
24. Mɔ kawo nue woate ŋu akpe ɖe dzilaɖekaƒome dahewo ŋu le?
24 Woate ŋu ana ŋutilãmekpekpeɖeŋu. Biblia gblɔ be: “Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wòsẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?” (Yohanes I, 3:17) Helagbe me nya si wozã na nya ‘kpɔ’ le afisia la fia alesi woaɖoe koŋ afɔ ŋku ɖe nu dzi, ke menye woakpɔ nua zi ɖeka ko aɖe kɔ ɖa o. Esia le fiafiam be ele be gbã la, Kristotɔ si nyoa dɔme la nanya ƒome aɖe ƒe nɔnɔmewo kple nuhiahiãwo nyuie. Ðewohĩ ga le wo hiãm. Ahiã be woakpe ɖe ɖewo ŋu be woadzra aƒemenuzazãwo ɖo. Alo wo kpekpe be woava ɖu nu kple ame alo woava hadomekpekpe aɖe ɖeɖe dzaa adzɔ dzi na wo dometɔ aɖewo.
25. Aleke hati Kristotɔwo ate ŋu aɖe nublanuikpɔkpɔ afia dzila ɖekɛwoe?
25 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Petro I, 3:8 gblɔ be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu.” Vinɔ aɖe si nye dzila ɖekɛ si si vi ade le gblɔ be: “Esesẽ nam eye meléa blanui ɣeaɖewoɣi. Gake ne ewɔ la, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnuwo dometɔ ɖeka va gblɔna nam be: ‘Joan, èle agbagba dzem. Egbɔna nyonyo ge.’ Enyanya be ame bubuwo le ŋuwò bum eye be wotsɔ ɖe le eme na wò la kpena ɖe ame ŋu ale gbegbe.” Kristotɔ nyɔnu tsitsiwo koŋ ate ŋu akpe ɖe ɖetugbi siwo nye dzila ɖekɛwo ŋu, ne nane le fu ɖem na wo si manya wɔ na wo be woagblɔe na ŋutsu o la, woase woƒe nyawo na wo.
26. Aleke Kristotɔ ŋutsu tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe tsyɔ̃eviwo ŋui?
26 Kristotɔ siwo nye ŋutsuwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le mɔ bubuwo nu. Ŋutsu dzɔdzɔe Hiob gblɔ be: “Mexɔna na . . . tsyɔ̃evi, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la.” (Hiob 29:12) Kristotɔ ŋutsu aɖewo hã tsɔa ɖe le eme na tsyɔ̃eviwo eye wotsɔa “lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ me,” lɔlɔ̃ akuakua lɔ̃a woe, esi menye le susu bubu aɖeke ta o. (Timoteo I, 1:5) Woate ŋu awɔ dɔ kple ɖevi siawo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me eye woate ŋu akpe wo be woakpɔ gome le ƒomenusɔsrɔ̃ alo modzakaɖeɖe me kple yewo, evɔ womagblẽ woawo ŋutɔ woƒe ƒomea ɖi o. Dɔmenyowɔwɔ sia ate ŋu ahe tsyɔ̃evi tso mɔ gbegblẽ dzi bɔbɔe.
27. Kpekpeɖeŋu ka dzie dzila ɖekɛwo ate ŋu aka ɖo?
27 Gake mlɔeba la, ele be dzila ɖekɛwo natsɔ ‘woawo ŋutɔ ƒe agba.’ (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã woate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo kpakple Yehowa Mawu ŋutɔ gbɔ. Biblia gblɔ le eŋu be: “Eléa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe asi.” (Psalmo 146:9) Dzilaɖekaƒomewo ate ŋu akpɔ dzidzedze le Eƒe kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le me!
a Ne Kristotɔ ɖetugbi aɖe nɔ agbe gbegblẽ fɔ fu la, Kristo-hamea medaa asi ɖe nusi wòwɔ dzi kura o. Gake ne etrɔ dzime la, anye hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo ƒe didi be yewoakpe ɖe eŋu.
b Menye nɔnɔme siwo me wòahiã le be woakpɔ ɖevi ta tso edzila si dɔa egbɔ alo sẽa ŋuta le eŋu vevie si me ŋu nya gblɔm míele o. Eye ne dzila evelia di be yeagbɔdzɔ wò ŋusẽ me, ɖewohĩ kple susu be yeagblẽ to na ɖeviawo ne woadzo le gbɔwò la, anyo be nàbia alesi nàkpɔ nya sia gbɔe ŋuti ɖaŋuɖoɖo tso xɔlɔ̃ siwo kpɔ nuteƒe, abe hamemegã siwo le Kristo-hamea me ene, gbɔ.