INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 13 axa 153-162
  • Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be Yeagblẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be Yeagblẽ
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MIBU NUWO ŊU ABE ALESI TUTUTU WOLE ENE
  • MIƑO NU TSO MASƆMASƆWO ŊU
  • SRƆ̃ÐENU LA NANA
  • NUSI DZI BIBLIA GBLƆ BE WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AGBE SRƆ̃
  • NUSIWO DZI WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AKLÃ
  • ALESI WOKPƆ SRƆ̃ÐEÐE AÐE SI ME GBLẼ LA TAE
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nukatae Wòle Be Míabu Srɔ̃ɖeɖe Nu Kɔkɔe?
    Nyɔ!—2004
  • De Bubu “Nu Si Mawu Bla Ðekae La” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Le Srɔ̃kpekpea Vɔ Megbe
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 13 axa 153-162

TA WUIETƆ̃

Ne Srɔ̃ɖeɖe Me Di be Yeagblẽ

1, 2. Ne srɔ̃ɖeɖe va ɖo xaxa me la, nya kae wòle be woabia?

LE ƑE 1988 me la, Italia-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lucia lé blanui ŋutɔ.a Eƒe srɔ̃ɖeɖe me nɔ gbegblẽm esi woɖe wo nɔewo ƒe ewo megbe. Edze agbagba zi geɖe be ye kple ye srɔ̃ yewoadzra yewo nɔewo dome ɖo, gake ɖeko wòglo. Eyata eʋu le atsuƒea le esi wo kple srɔ̃a womesɔ na wo nɔewo o ta eye fifia vianyɔnu eve nyinyi ƒe agba va dze eya ɖeɖe dzi. Esi Lucia ɖo ŋku ɣemaɣi dzi la, egblɔ be: “Meka ɖe edzi be naneke mate ŋu akpɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea ta o.”

2 Ne srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le fu ɖem na wò la, ke Lucia ƒe kuxia gɔme anya se na wò. Ðewohĩ kuxiwo le wò srɔ̃ɖeɖea me eye ànɔ eŋu bum nenye be woagate ŋu akpɔ eta. Ne nenemae la, àkpɔ be anyo be yeabu nyabiase sia ŋu: Ðe mewɔ ɖe aɖaŋu nyui siwo katã Mawu ɖo le Biblia me siwo ana srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la dzia?​—⁠Psalmo 119:105.

3. Togbɔ be srɔ̃gbegbe va bɔ hã la, nya kae wogblɔ le srɔ̃gbelawo kple woƒe ƒomewo ŋu?

3 Ne masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome tikãa la, awɔ na wo be nu bɔbɔetɔ si yewoawɔ koe nye be yewoagbe yewo nɔewo. Gake togbɔ be ƒomewo ƒe gbagbã dzi ɖe edzi nublanuitɔe le dukɔ geɖe me hã la, numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be eva vea ŋutsu kple nyɔnu gbogbo aɖewo be yewogbe yewo nɔewo. Lãmegbegblẽ le ŋutilã kple susu me siaa ɖea fu na wo dometɔ geɖe, wu amesiwo lé woƒe srɔ̃ɖeɖe me ɖe asi. Tɔtɔ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ si srɔ̃gbegbe nyena na ɖeviwo la nɔa anyi xɔa ƒe geɖe. Dzila siwo le ƒome siwo gbã me kple wo xɔlɔ̃wo hã kpea fu. Ke alesi Mawu, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, bua nya lae hã ɖe?

4. Aleke wòle be woakpɔ srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔe?

4 Abe alesi míekpɔe le ta siwo do ŋgɔ me ene la, ɖe Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nanye nubabla si anɔ anyi le ame ƒe agbemeŋkekewo katã me. (Mose I, 2:24) Ke nukatae srɔ̃ɖeɖe gbogbo aɖewo me gblẽna? Manye ŋkeke ɖeka kple eƒe zãdodo me koe wòadzɔ o. Zi geɖe la, dzesi siwo fiana be eme le gbegblẽm la dzena. Srɔ̃ɖeɖea me kuxi suesuewo ate ŋu anɔ sesẽm ɖe edzi vaseɖe esime wòawɔ abe ɖe womagate ŋu awɔ naneke le eŋuti o ene. Gake ne wozã Biblia tsɔ kpɔ kuxi siawo gbɔe enumake la, ate ŋu axe mɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe me ƒe gbegblẽ nu.

MIBU NUWO ŊU ABE ALESI TUTUTU WOLE ENE

5. Agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ kae wòle be woadze ŋgɔe le srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me?

5 Nane si hea kuxiwo vɛ ɣeaɖewoɣie nye srɔ̃tɔ ɖeka alo wo ame evea ƒe mɔkpɔkpɔ na nusiwo mele abe alesi wosusui ene o. Lɔlɔ̃gbalẽwo, magazine si ame geɖe xlẽna, television dzi wɔnawo, kple sinimawo ate ŋu anyɔ mɔkpɔkpɔ kple didi siwo mesɔ kple nusiwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ kura o ɖe ame me. Ne didi siawo meva eme o la, ate ŋu awɔ na ame be ɖe woba ye, amea ƒe lãme nafa, eye wòate ɖe edzi vevie gɔ̃ hã. Gake aleke woawɔ be dzidzɔ nanɔ ame madeblibo eve ƒe srɔ̃ɖeɖe me? Ebia agbagbadzedze hafi srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze.

6. (a) Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae Biblia gblɔ? (b) Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae Biblia gblɔ? (b) Nukawoe nye nusiwo hea masɔmasɔ vaa srɔ̃ɖeɖe me dometɔ aɖewo?

6 Biblia ƒe nyawo wɔa dɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me, gake egana míenya hã be amesiwo ɖe srɔ̃ la “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (Korintotɔwo I, 7:28) Abe alesi míekpɔe va yi ene la, ame evea siaa nye blibomadelawo eye nuvɔ̃ le wo ŋu. Wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe tamesusu kple seselelãme ƒe nɔnɔme kpakple hehe si woxɔ le vovo. Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔwo melɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi le ga, ɖeviwo, to kple lɔ̃xo ƒomeawo ŋu o. Vovomakpɔmakpɔ ɖe nuwo wɔwɔ ɖekae ŋu kple gbɔdɔdɔkuxiwo hã ate ŋu ahe dzre vɛ.b Be woakpɔ nya siawo gbɔ xɔa ɣeyiɣi, gake lé dzi ɖe ƒo! Srɔ̃tɔ akpa gãtɔ te ŋu nɔ te ɖe kuxi siawo nu eye wotrɔ asi le wo ŋu le mɔ si asɔ na wo ame evea nu.

MIƑO NU TSO MASƆMASƆWO ŊU

Nɔnɔmetata si le axa 154

Mikpɔ miaƒe kuxiwo gbɔ kaba. Migana ɣe naɖoto ɖe miaƒe dziku o

7, 8. Ne dziku alo masɔmasɔ ɖo atsu kple asi dome la, aleke woakpɔ egbɔ wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nui?

7 Esesẽna na ame geɖe be woatsɔ tufafa aƒo nu tso nusiwo ve dɔme na wo, masɔmasɔwo, alo woawo ŋutɔ woƒe vodadawo ŋu. Le esi srɔ̃tɔ la nadze ŋgɔ nyaa agblɔ be: “Ewɔ nam be mèse eme nam o” teƒe la, ado dziku eye nusi wòagblɔ le kuxia ŋu ayi ŋgɔ wu alesi tututu wòle. Ame geɖe agblɔ be: “Tɔwò ko ƒe nyonyoe nèdina,” alo “Melɔ̃m o.” Esi ame evelia medi be yeahe nya o ta la, aɖe nu le eme kpoo.

8 Nu nyuitɔ si woawɔe nye be woawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi, be: “Mibi dzi, [ke hã, NW] migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Wobia atsu kple asi aɖe siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ le le woƒe srɔ̃ɖeƒe 60 lia dzi be nukae na woƒe srɔ̃ɖeɖea te ŋu dze edzi hã. Ŋutsua gblɔ be: “Míesrɔ̃ alesi míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ godoo hafi amlɔ anyi, aleke ke woɖale sue o.”

9. (a) Nukae wogblɔ le Ŋɔŋlɔawo me be enye dzeɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe? (b) Nukae wòle be srɔ̃tɔwo nanɔ wɔwɔm edziedzi, ne ebia dzideƒo kple ɖokuibɔbɔ hã?

9 Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu melɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi o la, ehiã be wo dometɔ ɖesiaɖe “naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ne woɖo to nyuie vɔ la, wo ame evea siaa akpɔe be ele be yewoaɖe kuku na yewo nɔewo. (Yakobo 5:16) Ebia ɖokuibɔbɔ kple dzideƒo be woagblɔ tso dzime be, “Ete ɖe dzinye be mewɔ nusi ve wò.” Gake ne wokpɔ kuxiwo gbɔ alea la, akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu ŋutɔ menye le alesi woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔe ko me o ke boŋ ana vividodoɖeameŋu kple ƒomedodo kplikplikpli si ana dzi nadzɔ wo wu ne wole wo nɔewo gbɔ la natsi ɖe wo me.

SRƆ̃ÐENU LA NANA

10. Ametakpɔkpɔ kae Paulo kafu na Korinto Kristotɔwo si ate ŋu asɔ na Kristotɔwo egbea?

10 Esi apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo la, ekafui be woaɖe srɔ̃ ‘le ahasiwɔwɔ ƒe bɔbɔ ta.’ (Korintotɔwo I, 7:⁠2) Egbea xexeame gblẽ abe alesi blema Korinto nɔ ene, alo egblẽ wu gɔ̃ hã. Gbegblẽnya siwo xexeametɔwo gblɔna faa, awu madzegadzi siwo wodona, kple fieŋufieŋuinyɔɖeamemenya siwo dzena le magazinewo kple agbalẽwo me, le television dzi, kpakple le sinimawo me, wo katã woƒo ƒu nyɔa gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe dzodzro ɖe ame me. Apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔ siwo hã nɔ nɔnɔme ma tɔgbe me be: “Srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.”​—⁠Korintotɔwo I, 7:⁠9.

11, 12. (a) Nuka ƒe fee srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nyi le wo nɔewo si, eye nɔnɔme ka mee wòle be woaxee le? (b) Aleke wòle be woakpɔ egbɔe ne wòhiã be woatɔ te srɔ̃nua nana sẽ gbɔ?

11 Eyata Biblia de se na Kristotɔ srɔ̃tɔwo be: “Srɔ̃ŋutsu netsɔ nusi nye srɔ̃anyɔnu tɔ si dze la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã newɔ nenema ke na srɔ̃aŋutsu.” (Korintotɔwo I, 7:​3, NW) De dzesii be nana dzie wote gbe ɖo​—⁠menye biabia dzie o. Ne ame evea siaa tsɔ ɖe le wo nɔewo ƒe nyonyo me ko hafi vivisese vavãtɔ tsoa srɔ̃tɔwo ƒe anyinɔnɔ kple wo nɔewo me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de se na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu “le nunya me.” (Petro I, 3:⁠7) Srɔ̃nu la nana kple exɔxɔ me koŋ ye wòhiã le alea. Ne womewɔ nu ɖe srɔ̃nyɔnu ŋu le tufafa me o la, asesẽ nɛ ŋutɔ be wòase vivi na srɔ̃ɖeɖe ƒe akpa sia.

12 Ɣeyiɣi aɖewo anɔ anyi siwo me wòahiã le be srɔ̃tɔwo nate srɔ̃nua wo nɔewo. Le nyɔnua gome la, ate ŋu anye ne ɣeyiɣi aɖewo ɖo le dzinua me alo ne ɖeɖi te eŋu ale gbegbe. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 18:​19.) Le ŋutsua gome la, ate ŋu anye ne ele nya vevi aɖe gbɔ kpɔm le dɔ me eye ɖeɖi te eŋu le seselelãme gome. Mɔ nyuitɔ si nu woakpɔ tetɔtɔ srɔ̃nua sẽ gbɔ le enye be wo ame evea naƒo nu tso eŋu eye woalɔ̃ ɖe edzi le esi ‘wòsɔ na wo’ ta. (Korintotɔwo I, 7:⁠5) Esia ana wo dometɔ aɖeke matso asusu nusi mesɔ o agblɔ o. Gake ne srɔ̃nyɔnu la ɖonɛ tenɛ srɔ̃a alo srɔ̃ŋutsu gbea srɔ̃nua nana le lɔlɔ̃mɔ nu la, ate ŋu ahe akpa evelia ade tetekpɔ me. Ne edzɔ nenema la, kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖea me.

13. Aleke Kristotɔwo ate ŋu adze agbagba woƒe tamebubu nanɔ dzadzɛ?

13 Abe Kristotɔwo katã ene la, ele be srɔ̃tɔ Mawu subɔlawo natsri agbegbegblẽnɔnɔgbalẽwo, esi ate ŋu anyɔ dzodzro makɔmakɔ siwo mesɔ le dzɔdzɔme nu o ɖe wo me. (Kolosetɔwo 3:⁠5) Ele hã be woadzɔ woƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo ŋu le woƒe nuwɔwɔ ɖe ŋutsu alo nyɔnu bubuwo katã ŋu me. Yesu xlɔ̃ nu be: “Amesiame si yia edzi nɔa ŋku ɖem ɖe nyɔnu be wòadzroe la wɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzime.” (Mateo 5:​28, NW) Ne srɔ̃tɔwo wɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame le gbɔdɔdɔ ŋu dzi la, woate ŋu aƒo asa na gege ɖe tetekpɔ me kple ahasiwɔwɔ. Woate ŋu ayi edzi anɔ vivi sem le anyinɔnɔ kple wo nɔewo si me dzidzɔ le le srɔ̃ɖeɖe si me wodea asixɔxɔ gbɔdɔdɔ ŋu be enye Yehowa, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, ƒe nunana nyui aɖe la me.​—⁠Lododowo 5:​15-19.

NUSI DZI BIBLIA GBLƆ BE WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AGBE SRƆ̃

14. Nublanuinya kae dzɔna ɣeaɖewoɣi? Nukatae?

14 Enye dzidzɔ be le Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe akpa gãtɔ me la, woate ŋu akpɔ kuxi ɖesiaɖe si ado mo ɖa gbɔ. Gake medzɔna alea ɣeaɖewoɣi o. Esi amegbetɔwo mede blibo o eye wole nuvɔ̃xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te me ta la, srɔ̃ɖeɖe aɖewo me dea gbegblẽ ge. (Yohanes I, 5:19) Aleke wòle be Kristotɔwo nakpɔ nɔnɔme sesẽ sia gbɔe?

15. (a) Nuka dzi koe woate ŋu anɔ te ɖo le Ŋɔŋlɔawo nu agbe srɔ̃ eye woagate ŋu aɖe ame bubu? (b) Nukatae ame aɖewo tso nya me be yewomagbe yewo srɔ̃ si mewɔ nuteƒe o la?

15 Abe alesi míegblɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 2 lia me ene la, ahasiwɔwɔ koe nye nusi dzi Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ agate ŋu aɖe ame bubu.c (Mateo 19:⁠9) Ne èkpɔ kpeɖodzi si ŋu kakaɖedzi le be ye srɔ̃ wɔ ahasi la, ke nyametsotso sesẽ aɖe dze ŋgɔ wò. Àganye srɔ̃a alo àgbee? Eŋu se aɖeke meli o. Kristotɔ aɖewo tsɔe ke wo srɔ̃ si trɔ dzime le nyateƒe me la keŋkeŋ, eye nuwo yi edzi nyuie le woƒe srɔ̃ɖeɖe si ta wokpɔ me. Ame bubuwo hã tso nya me be yewomagbe yewo srɔ̃ o le ɖeviawo ta.

16. (a) Nukawoe nye nusiwo ʋã ame aɖewo be wogbe wo srɔ̃ si dze agɔ la ƒe ɖewo? (b) Ne srɔ̃tɔ si meɖi fɔ o tso nya me be yeagbe ye srɔ̃ alo yemagbee o la, nukatae mele be ame aɖeke nahe nya ɖe eƒe nyametsotsoa ŋu o?

16 Le go bubu me la, fu ate ŋu atso nuvɔ̃ ma si wowɔ me alo woaxɔ nulɔdɔ tso eme. Alo ɖewohĩ ehiã be woakpɔ ɖeviwo ta tso wo dzila si dɔa wo gbɔ la si me. Edze ƒã be nu geɖe li si ŋu wòle be woabu hafi atso nya me. Gake ne ènya nu tso srɔ̃wò ƒe ahasiwɔwɔ ŋu hafi mia kplii miegadɔ la, ke ètsɔ wò nuwɔna sia le eɖem fia be yetsɔ ke ye srɔ̃a eye yedi be yewoaganye srɔ̃tɔwo. Ke mɔnukpɔkpɔ aɖeke megali le Ŋɔŋlɔawo nu be nàgbee agaɖe ame bubu o. Mele be ame aɖeke nadzo dze nya sia si metsɔ egbɔ o la me eye wòadi be yeakpɔ ŋusẽ ɖe wò nyametsotso dzi o, eye mele be ame aɖeke hã nahe nya ɖe wò nyametsotsoa ŋu ne èwɔe o. Wòe gbɔna ŋgɔ dze ge nusiwo atso nyametsotso si nèwɔ la me. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.”​—⁠Galatiatɔwo 6:⁠5.

NUSIWO DZI WOATE ŊU ANƆ TE ÐO AKLÃ

17. Ne menye ahasiwɔwɔ tae o la, se kawoe Ŋɔŋlɔawo de ɖe kaklã kple srɔ̃gbegbe nu?

17 Ðe nanewo li siwo me wòasɔ le be ame kple srɔ̃a dome naklã alo woate ŋu agbe amea gɔ̃ hã togbɔ be mewɔ ahasi o hã? Ẽ, gake le esia gome la, Kristotɔ mekpɔ mɔ ati ame bubu yome be yeaɖe o. (Mateo 5:32) Togbɔ be Biblia ɖe mɔ ɖe kaklã sia ŋu hã la, egblɔ be amesi dzo la “nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kpakple [srɔ̃a].” (Korintotɔwo I, 7:11) Nukawoe nye nusiwo awɔe be wòaglo eye kaklã adze nusi me nunya le ƒe ɖewo?

18, 19. Nɔnɔme siwo ana wòaglo srɔ̃tɔ aɖe wòada kaklã alo srɔ̃gbegbe le setɔwo gbɔ akpɔ, togbɔ be magate ŋu aɖe srɔ̃ o hã dometɔ aɖewo ɖe?

18 Ate ŋu anye be ahedada le fu ɖem na ƒomea ale gbegbe le esi srɔ̃ŋutsua nye ame ɖɔe alo le eƒe numame gbegblẽ aɖewo ta.d Ðewohĩ etsɔa ƒomea ƒe ga daa tsyatsyae alo zãnɛ ɖe atikevɔ̃ɖiwo alo ahanono ŋu. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na . . . ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:⁠8) Ne ŋutsu ma gbe eƒe agbe tɔtrɔ, eye ɖewohĩ kura wòtsɔa ga si srɔ̃a kpɔna wɔa eƒe nu vloawoe la, nyɔnua ate ŋu atia be yeabia be setɔwo naklã yewo dome le ye kple ye viwo ƒe nyonyo ta.

19 Woagate ŋu abu kaklã le setɔwo gbɔ ŋu ne srɔ̃tɔ ɖeka sẽa ŋuta le nɔvia ŋu ale gbegbe, ɖewohĩ wòƒonɛ ale gbegbe be eƒe lãmesẽ alo agbe kura gɔ̃ hã ɖo afɔku me. Gakpe ɖe eŋu la, ne srɔ̃tɔ ɖeka dzea agbagba ɣesiaɣi be yeazi ye nɔvi dzi wòada Mawu ƒe sewo dzi le mɔ aɖe nu la, amesi ŋu wole nu gblẽm le la ate ŋu ade ŋugble le kaklã ŋu kpɔ, vevietɔ ne nyaa va ɖo afisi eƒe gbɔgbɔmenyonyo ɖo afɔku me. Akpa evelia ate ŋu atso nya me be mɔ si ko nu yeato ‘abu Mawu dziɖulae awu amewo’ ye nye be yeana setɔwo naklã yewo dome.​—⁠Dɔwɔwɔwo 5:⁠29.

20. (a) Aɖaŋu kae xɔlɔ̃ siwo tsi le gbɔgbɔ me kple hamemegãwo ate ŋu aɖo, eye aɖaŋu kae mele be woaɖo o? (b) Nukatae mele be srɔ̃tɔwo nazã Biblia me mawunyakpukpuiwo le kaklã alo srɔ̃gbegbe ŋu abe taflatsedonu ene na o?

20 Le nusiwo katã me ame srɔ̃ ƒe ŋutasesẽ va glo le me la, mele be ame aɖeke nazi srɔ̃tɔ si medze agɔ o dzi be wòadzo le srɔ̃a gbɔ alo anɔ egbɔ o. Togbɔ be xɔlɔ̃ siwo tsi le gbɔgbɔ me kple hamemegãwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu eye woaɖo Biblia me ɖaŋuwo hã la, amesiawo mate ŋu anya nusianu si yia edzi le ŋutsua kple nyɔnua dome tsitotsito o. Yehowa koe ate ŋu akpɔe. Le nyateƒe me la, manye bubudede Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu ne Kristotɔ srɔ̃nyɔnu tsɔ nyamaɖinyɛwo wɔ nyae be yeaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te o. Gake ne nɔnɔme siwo me afɔku le ŋutɔ gale edzi yim kokoko la, mele be ame aɖeke nahe nya ɖe eŋu ne etso nya me be yewoaklã o. Míate ŋu agblɔ nya siawo tututu ke le Kristotɔ srɔ̃ŋutsu si le kaklã dim hã gome. “Mi katã míava nɔ tsitre ɖe [Mawu, NW] ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”​—⁠Romatɔwo 14:⁠10.

ALESI WOKPƆ SRƆ̃ÐEÐE AÐE SI ME GBLẼ LA TAE

21. Nuteƒekpɔkpɔ kae fia be srɔ̃ɖeɖaŋu siwo Biblia ɖona la wɔa dɔ?

21 Esi Lucia si ƒe nya míegblɔ va yi dzo le srɔ̃a gbɔ ɣleti etɔ̃ megbe la, edo go Yehowa Ðasefowo eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple wo. Eɖe nu me be: “Ewɔ nuku nam ale gbegbe be Biblia ɖo alesi woakpɔ nye kuxia gbɔe ŋuti ɖaŋu nyuiwo. Le nusɔsrɔ̃ kwasiɖa ɖeka pɛ ko megbe la, medi enumake be magbugbɔ ayi srɔ̃nyeŋutsua gbɔ. Mate ŋu agblɔ egbea be Yehowa nya alesi wòakpɔ srɔ̃ɖeɖe siwo ɖo afɔku me la tae elabena eƒe nufiafiawo kpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woanya alesi woade asixɔxɔ wo nɔewo ŋui. Menye nyateƒe be Yehowa Ðasefowo mãa ƒomewo me abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene o. Le gonyeme la, nusi to vovo na ema tututu boŋ ye dzɔ.” Lucia srɔ̃ alesi wòatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe le eƒe agbe me.

22. Nuka dzie wòle be srɔ̃tɔwo katã naka ɖo?

22 Menye Lucia koe wòva eme na alea o. Yayrae wòle be srɔ̃ɖeɖe nanye, ke menye agbae o. Eyata Yehowa na srɔ̃ɖeɖaŋuɖogbalẽ nyuitɔ kekeake si woŋlɔ kpɔ la mí​—⁠eƒe Nya xɔasi la. Biblia te ŋu naa “bometsilawo dzea nunya.” (Psalmo 19:​8-12) Ekpɔ srɔ̃ɖeɖe geɖe siwo ŋu nu te ta eye wòna nuwo ka ɖe eme le bubu geɖe siwo me kuxi sesẽwo nɔ tsã me. Neva eme be srɔ̃tɔwo katã naka ɖe srɔ̃ɖeɖaŋu siwo Yehowa Mawu ɖona la dzi bliboe. Wowɔa dɔ vavã!

a Míetrɔ eƒe ŋkɔ.

b Woƒo nu tso nusiawo dometɔ aɖewo ŋu le ta siwo do ŋgɔ me.

c Biblia me nya si gɔme woɖe be “ahasiwɔwɔ” fia matrewɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu, alo nyɔnu kple nyɔnu, ƒe dɔdɔ, lãwo gbɔ dɔdɔ, kple nu manɔsenu bubu siwo wobua wɔ siwo me wozã vidzinuwo le hã.

d Nɔnɔme siwo me togbɔ be srɔ̃ŋutsua aɖoe be yeakpɔ yeƒe ƒomea dzi, gake le nusiwo ŋu mate ŋu awɔ naneke le o ta mete ŋu le wo dzi kpɔm o, abe dɔdzedze alo dɔmakpɔmakpɔ ta ene, la mele eme o.

ALEKE BIBLIA ƑE GƆMEÐOSE SIAWO ATE ŊU AXE MƆ ÐE . . . SRƆ̃ÐEÐE ME GBEGBLẼ NUI?

Srɔ̃ɖeɖe hea dzidzɔ kple xaxa siaa vɛ.​—⁠Lododowo 5:​18, 19; Korintotɔwo I, 7:⁠28.

Ele be woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ enumake.​—⁠Efesotɔwo 4:⁠26.

Toɖoɖo le vevie abe nuƒoƒo ke ene le dzeɖoɖo me.​—⁠Yakobo 1:⁠19.

Ele be woatsɔ srɔ̃nu la ana le ɖokuitɔmadimadi kple tufafagbɔgbɔ me.​—⁠Korintotɔwo I, 7:​3-5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe