INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 2 axa 4-5
  • Amekae Nye Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Nye Mawu?
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?
    Nyɔ!—2008
  • Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Kple Kristo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Amekae Nye Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 2 axa 4-5

Nusɔsrɔ̃ 2

Amekae Nye Mawu?

Amekae nye Mawu vavã la, eye eŋkɔ ɖe? (1, 2)

Ŋutilã ka ƒomevie le esi? (3)

Nukawoe nye eƒe nɔnɔme ɖedzesiwo? (4)

Ðe wòle be míazã nɔnɔmetatawo kple dzesiwo le míaƒe tadedeagu nɛ mea? (5)

Mɔ eve kawo dzie míate ŋu ato asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu? (6)

1. Amewo dea ta agu na nu geɖe. Gake Biblia gblɔ na mí be Mawu VAVÃ ɖeka koe li. Eyae wɔ nusianu si le dziƒo kple anyigba dzi. Esi wònye eyae na agbe mí ta la, eya Ðeka koe wòle be míade ta agu na.—Korintotɔwo I, 8:5, 6; Nyaɖeɖefia 4:11.

2. Dzesideŋkɔ geɖe le Mawu si gake ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le esi. Ŋkɔ mae nye YEHOWA. Woɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le Biblia akpa gãtɔ me eye wotsɔ dzesideŋkɔ siwo nye AƑETƆ alo MAWU ɖo eteƒe. Gake esime woŋlɔ Biblia la, ŋkɔ Yehowa dze le eme wòde zi 7,000 sɔŋ!—Mose II, 3:15; Psalmo 83:19.

3. Ŋutilã le Yehowa si, gake mele abe mía tɔ ene o. Biblia gblɔ be: “[Mawu, NW] nye Gbɔgbɔ.” (Yohanes 4:24) Gbɔgbɔ nye agbe ƒomevi aɖe si kɔ boo wu mía tɔ. Amegbetɔ aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o. Yehowa le dziƒo, gake ete ŋu kpɔa nuwo katã. (Psalmo 11:4, 5; Yohanes 1:18) Ke nukae nye gbɔgbɔ kɔkɔe? Menye amee wònye abe Mawu ene o. Ke boŋ Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe wònye.—Psalmo 104:30.

4. Biblia ɖea Yehowa ƒe amenyenye fiaa mí. Eɖee fia be eƒe nɔnɔme ɖedzesiwoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ. (Mose V, 32:4; Hiob 12:13; Yesaya 40:26; Yohanes I, 4:8) Biblia gblɔ na mí be nublanuikpɔla, dɔmenyotɔ, amesi tsɔa vodada kena, nunala, kple dzigbɔɖitɔe wònye. Ele be míadze agbagba asrɔ̃e abe vi ɖotowo ene.—Efesotɔwo 5:1, 2.

5. Ðe wòle be míabɔbɔ ade ta agu na legbawo, nɔnɔmetatawo, alo dzesiwo alo ado gbe ɖa na wo le míaƒe tadedeagu mea? Ao! (Mose II, 20:4, 5) Yehowa gblɔ be ye ɖeɖekoe wòle be míade ta agu na. Matsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ana ame alo nu bubu aɖeke o. Ŋusẽ mele legbawo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu o.—Psalmo 115:4-8; Yesaya 42:8.

6. Aleke míawɔ adze si Mawu nyuie wu? Mɔ ɖekae nye to ŋkuléle ɖe nusiwo wòwɔ ŋu kple ŋugbledede vevie le nusi wofiaa mí ŋu me. Mawu ƒe nuwɔwɔwo ɖee fia mí be ŋusẽ gã kple nunya le esi. Míekpɔa eƒe lɔlɔ̃ le nusiwo katã wòwɔ me. (Psalmo 19:2-7; Romatɔwo 1:20) Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato anya nu tso Mawu ŋue nye to Biblia sɔsrɔ̃ me. Egblɔ nya geɖe le Mawu si ƒomevi wònye ŋu na mí le eme. Egblɔ eƒe tameɖoɖo kple nusi wòdi be míawɔ hã na mí.—Amos 3:7; Timoteo II, 3:16, 17.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Míesrɔ̃a nu le Mawu ŋu tso nusiwo wòwɔ kple Biblia me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe